bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 17
Revelation 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 18 →
1
Azɔ la, mawudɔla adrẽ, siwo si kplu adrẽawo le la dometɔ ɖeka va gbɔnye eye wògblɔ nam be: “Va, ne mafia ale si wohe to na gbolo xɔŋkɔ si bɔbɔ nɔ tsi geɖewo dzi la wò.
2
Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kple gbolo xɔŋkɔ sia, eye eƒe ahasiwɔwɔ mu xexemetɔwo abe wain ene.”
3
Ekplɔm yi gbedadaƒo le gbɔgbɔ me. Mekpɔ nyɔnu aɖe, si bɔbɔ nɔ lã dzĩ aɖe dzi. Busuŋkɔ geɖewo le lã la si, eye ta adrẽ kple dzo ewo li nɛ.
4
Nyɔnu la do awu hẽ kple awu dzĩ aɖe, eye wòɖo atsyɔ̃ kple sikanuwo, kpe xɔasiwo kple adzagba. Elé sikakplu si yɔ taŋ kple ŋunyɔnu kpakple nu makɔmakɔ siwo wòkpɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me la ɖe asi.
5
Woŋlɔ ŋkɔ si gɔme le ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be: “Babilonia xɔŋkɔ, gbolowo nɔ, xexeme ŋunyɔnuwo nɔ.”
6
Mekpɔ dze sii, be nyɔnua no ame siwo ŋu wokɔ kple ame siwo wowu le Yesu dzixɔse ta la ƒe ʋu kaka hemu. Esi mekpɔe la, ewɔ nuku nam ŋutɔ.
7
Ke mawudɔla la biam be: “Ale ke wɔ wòwɔ nuku na wò?” Eyi edzi gblɔ nam be: “Magblɔ nya ɣaɣla, si le nyɔnua kple lã, ta adrẽ kple dzo ewo, si dzi wòle ŋu la na wò.
8
Lã si nèkpɔ la nɔ agbe kpɔ, ke fifia la, eku. Ado go tso aʋlime ava eye woatsrɔ̃e. Ame siwo le agbe le anyigba dzi, siwo ƒe ŋkɔ mele agbenɔlawo ƒe agbalẽ me hafi woɖo xexea me gɔme anyi o la, ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabe enye ame si nɔ anyi kpɔ, eye megali o, ke egale vava ge.
9
Esia hiã nugɔmesese kple nunya. Ta adrẽawo nye togbɛ adrẽ, siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo.
10
Woganye fia adrẽ hã. Fia siawo dometɔ atɔ̃ ƒe fiaɖuƒe gbã xoxo, ɖeka le dzi ɖum fifia, eye mamlɛtɔ medo haɖe o. Ne eva do la, anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
11
Ke lã si nɔ agbe kpɔ, eye megali fifia o lae nye fia enyilia, ke enye fia adrẽawo dometɔ ɖeka si yina tsɔtsrɔ̃ ge.
12
Dzo ewo, siwo nèkpɔ la nye fia ewo, siwo ƒe dziɖuɣi meɖo haɖe o, ke wona ŋusẽ wo gaƒoƒo ɖeka be woaɖu fia kple lã la.
13
Taɖodzinu ɖeka koe le wo ame ewo la katã si, eye wotsɔ woƒe bubu kple ŋusẽ na lã la.
14
Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi, elabe eyae nye aƒetɔwo katã ƒe Aƒetɔ kple fiawo katã ƒe Fia. Eyomedzela nuteƒewɔla siwo wòyɔ hetia la, aɖu dzi kplii.”
15
Mawudɔla la gagblɔ nam hã be: “Tsi siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ nèkpɔ la nye dukɔwo, amehawo, amegbetɔƒome kple gbegbɔgblɔ vovovowo.
16
Dzo ewo siwo nèkpɔ kple lã la alé fu gbolo la. Woaxɔ nu sia nu le esi, wòatsi amama. Woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã.
17
Elabe Mawu de esia dzime na wo bene woawɔ nu si yeɖo ɖi la dzi, eye wòna be woawɔ ɖeka atsɔ woƒe dziɖuŋusẽ la ana lã la, va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo lava eme.
18
“Nyɔnu si nèkpɔ la, nye du xɔŋkɔ si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22