bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 9
Revelation 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 10 →
1
Azɔ la, mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ. Tete mekpɔ ɣletivi aɖe, wòge tso dziƒo va dze anyigba dzi. Wotsɔ aʋlimesafuiwo de esi.
2
Eʋu aʋlimegbo la, eye dzudzɔ tu tso eme kɔtɔɔ abe kpodzo gã aɖe mee wòdo tso ene. Ale ɣe ŋkume kple ya me tsyɔ kplo, le dzudzɔ si tu tso aʋlime la ta.
3
Ʋetsuviwo dudu tso dzudzɔ la me ɖe anyigba, eye wona aɖi sinu sẽ abe dziɖegbe tɔ ene la ʋetsuviawo.
4
Wogblɔ na wo be womegagblẽ gbe, ati alo numiemiewo o, ke boŋ be woawɔ nu vevi ame siwo ƒe ŋgonu Mawu ƒe dzesi la mele o la.
5
Woɖe mɔ na ʋetsuviawo be woafia fu ame siawo ɣleti atɔ̃, ke womegawu wo ya o. Ne woté ame la, evena abe ale si dziɖegbe téa ame wòvenae ene.
6
Le ɣleti atɔ̃ siawo me la, ame adi ku, gake makpɔe o; adzroe vevie be yeaku, ke ku así le egbɔ.
7
Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo wobla akpa na hena aʋawɔwɔ la ene. Nane le ta na wo abe sikafiakuku ene, eye woƒe mo le abe ame tɔ ene.
8
Woƒe ɖa ɖi nyɔnu tɔ, eye woƒe aɖu le abe dzata tɔ ene.
9
Wo ŋu tsro le abe gakɔtakpoxɔnu ene. Woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe ale si tasiaɖam kple sɔ geɖewo nɔa du dzi yina aʋakpeƒe ene.
10
Woƒe asikɛ kple té le abe dziɖegbe tɔ ene, eye woƒe asikɛawo me ŋusẽ si woatsɔ awɔ nu vevi ame ɣleti atɔ̃ la le.
11
Fia le wo nu. Eyae nye mawudɔla si le aʋlime nu. Eŋkɔe nye Abadon le Hebri-gbe me, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion.
12
Fuwɔame dziŋɔ gbãtɔ nu va yi. Kpɔ ɖa, esusɔ eve bubu siwo gale megbe gbɔna.
13
Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe ɖi tso sikavɔsamlekpui si le Mawu ŋkume la ƒe lãdzo eneawo me.
14
Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia, si si kpẽ la le la be: “Tu ka mawudɔla ene, siwo wobla da ɖe Frat-tɔsisi gã la to la.”
15
Ale wotu ka mawudɔla eneawo. Wodzra wo ɖo eye wole klalo na gaƒoƒo la, ŋkeke la, ɣleti la kple ƒè la, ne woawu amegbetɔwo ƒe akpa etɔ̃lia.
16
Mese be sɔdolawo ƒe aʋakɔ ƒe xexlẽme le akpe ewo teƒe ewo teƒe eve.
17
Ale si mekpɔ sɔawo kple wo dolawo le ŋutega la mee nye esi: Wodo akɔtakpoxɔnu. Ɖewo biã abe dzoxɔxɔ ene, ɖewo le kpii abe safirkpe ene, eye bubuwo hã le hẽe abe sulfa ene. Sɔawo ƒe ta le abe dzata tɔ ene, eye dzo, dzudzɔ kple dzokpe le dodom tso woƒe nu me.
18
Wotsɔ fuwɔame etɔ̃, siwo nye dzo, dzudzɔ kple dzokpe si do tso sɔawo ƒe nu me la wu amegbetɔwo ƒe akpa etɔ̃lia.
19
Ŋusẽ si le sɔawo si la le woƒe nu me kple asikɛ me. Woƒe asikɛ le abe da ene, eye ta li na wo. Woawoe wotsɔna wɔa nu vevi amee.
20
Ame siwo katã susɔ ɖi, siwo fuwɔame siawo mewu o la metrɔ le nu si woawo ŋutɔ wotsɔ asi wɔe la subɔsubɔ yome o. Womedzudzɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo, sika kple klosalo, ga dzẽ kple ati kpakpɛ, siwo mekpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli o la subɔsubɔ o.
21
Wometrɔ dzime tso woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ kple fififi gbɔ o.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22