bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 12
Revelation 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 13 →
1
Azɔ nu wɔnuku aɖe va do ɖe dziŋgɔli me: nyɔnu aɖe, si tsɔ ɣe do abe awu ene lae do. Ɣleti le eƒe afɔ te, eye fiakuku si wotsɔ ɣletivi wui eve wɔe la le eta.
2
Fu le nyɔnua ƒo. Fu la le eɖum, eye le veve si sem wòle ta la, ele ɣli dom sesĩe.
3
Nu wɔnuku bubu aɖe hã gado ɖe dziŋgɔli me. Kpɔ ɖa, enye ʋɔdriba lolo dzẽ aɖe. Ta adrẽ li nɛ, eto dzo ewo, eye wòɖɔ fiakuku adrẽ.
4
Etsɔ eƒe asikɛ kplɔ ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia tso dziƒo ƒu gbe ɖe anyigba dzi. Azɔ ʋɔdriba la tsi tsitre dze ŋgɔ nyɔnu si ɖum fu le la, be ne edzi via ko la, yeatsɔ ɖevia ami.
5
Nyɔnu la dzi ŋutsuvi. Eyae nye ame si atsɔ gatikplɔ aɖu dukɔwo katã dzii. Tete wokɔ ɖevi la enumake yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ.
6
Ke nyɔnu la sí yi gbedadaƒo, afi si Mawu dzra teƒe ɖo ɖi nɛ le, be woakpɔ edzi ŋkeke akpe ɖeka alafa eve bla ade.
7
Azɔ aʋa dzɔ le dziƒo. Mixael kple eƒe dɔlawo ho aʋa ɖe ʋɔdriba la ŋu, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo kpe aʋa kpli wo.
8
Woɖu ʋɔdriba la kple eƒe dɔlawo dzi, eye teƒe aɖeke megale dziƒo na eya kple eƒe dɔlawo woaganɔ o.
9
Ale woda ʋɔdriba gã la ƒu gbe ɖe anyigba dzi. Eyae nye da xoxo si xɔ ŋkɔ be: Abosam kple Satana, si ble xexeme blibo la. Eya kple eƒe dɔlawoe woda ƒu gbe ɖe anyigba dzi.
10
Azɔ mese gbe aɖe ɖi sesĩe le dziƒo le gbɔgblɔm be: “Mawu xɔ ame ɖe agbe azɔ! Mawu ƒe ŋusẽ kple fiaɖuɖu do! Eƒe Kristo la ƒe ŋusẽ do! Elabe wotsɔ ame si nɔa mía nɔviwo nu tsom zã kple keli na Mawu la, ƒu gbe tso dziƒo.
11
Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple nyateƒenya si woɖe gbeƒãe la me, elabe wolɔ̃ faa be yewoaku, eye womebu woƒe agbe nu vevi o.
12
Eya ta dzi nedzɔ mi, dziƒowo kple mi afi ma nɔlawo. Ke baba na mi, anyigba kple atsiaƒu! Elabe Abosam ɖi va mia dome kple dziku. Ẽ, enyae be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe susɔ na ye!”
13
Esi ʋɔdriba la kpɔ be woda ye ƒu gbe ɖe anyigba dzi la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome.
14
Ke wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la be wòadzo, así le ʋɔdriba la gbɔ ayi gbedadaƒo, afi si woanyii le ƒe etɔ̃ kple afã, ale be wòavo tso esi me.
15
Tete ʋɔdriba la tu tsi si sí abe tɔsisi ene ɖo ɖe nyɔnua yome bene tsia nalée.
16
Ke anyigba xɔ na nyɔnu la. Anyigba ke nu heno tsi si ʋɔdriba la tu ɖo ɖa la katã.
17
Tete ʋɔdriba la do dziku vevie ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòdzo yi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi siwo susɔ ɖi la. Woawoe nye ame siwo katã wɔa Mawu ƒe sededewo dzi, eye wolé nyateƒenya si woɖe fia wo le Yesu ŋuti la me ɖe asi anukwaretɔe la.
18
Tete ʋɔdriba la tsi tsitre ɖe ƒua ta.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22