bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 4
Revelation 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 5 →
1
Esiawo megbe la, kpɔ ɖa, mekpɔ ʋɔtru aɖe, le ʋuʋu le dziƒo! Gbe si ɖi mese gbã abe kpẽkuku ene, eye wòƒo nu nam va yi la, gblɔ be: “Va dziƒo afii, ne maɖe nu siwo le dzɔdzɔ ge emegbe la afia wò.”
2
Enumake gbɔgbɔ la ɖo menye, eye kasia mekpɔ fiazikpui aɖe le dziƒo si dzi ame aɖe bɔbɔ nɔ.
3
Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la le dzo dam abe yaspa kple sardis kpe xɔasiwo ene, eye anyieʋɔ si le abe emeraldkpe ene la ƒo xlã fiazikpui la.
4
Fiazikpui bla eve vɔ ene bubuwo ƒo xlã fiazikpui sia, eye ametsitsi bla eve vɔ ene, siwo do awu ɣi, eye woɖɔ sikafiakukuwo la bɔbɔ nɔ zikpui siawo dzi.
5
Dzikedzo, dziɖegbe kple gbeɖiɖiwo le dodom tso fiazikpui la me. Akakati adrẽ le bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adrẽawo.
6
Azɔ, le fiazikpui la ŋgɔ la, nane li abe atsiaƒu si wotsɔ ahuhɔ̃e kɔkɔetɔ wɔ la ene. Eme kɔ lalalã. Nugbagbe ene, siwo ŋkuwo sɔ gbɔ le megbe kple ŋgɔgbe na fũu la le fiazikpui la ƒe axa ɖe sia ɖe dzi.
7
Nugbagbe gbãtɔ le abe dzata ene, evelia le abe nyitsu ene, etɔ̃lia ƒe mo nye amegbetɔ tɔ, eye enelia le abe hɔ̃ si le dzodzom la ene.
8
Aʋala ade li na nugbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye ŋkuwo yɔ wo me kple wo ŋuti afi sia afi kpe ɖo. Wole hadzidzi dzi zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe be: “Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le kɔkɔe ele kɔkɔe, ele kɔkɔe! Ele anyi tso gbe aɖe gbe ke, eli fifia, eye wòle vava ge.”
9
Ɣe sia ɣi, ne nugbagbeawo tsɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada na ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi, eye wòle agbe tegbee la ko la,
10
ametsitsi bla eve vɔ eneawo dzea klo ɖe eŋgɔ. Wosubɔa eya, ame si li tso mavɔ me yi mavɔ me, eye woɖea woƒe fiakukuawo dana ɖe fiazikpuia ŋgɔ nɔa ha dzim be:
11
“Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, ŋutikɔkɔe bubu kple ŋusẽ dze na wò, elabe wòe wɔ nuwo katã. Èwɔ wo abe ale si nèdi la ene, eye wole te le wò lɔlɔ̃nu nu.”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22