bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 5
Revelation 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 6 →
1
Esia yome la, mekpɔ agbalẽ aɖe, si fiazikpuidzinɔla la lé ɖe nuɖusi. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽa me kple egodo siaa eye wotre enu kple nutrenu adrẽ.
2
Mekpɔ mawudɔla sesẽ aɖe wòle gbeƒã ɖem sesĩe be: “Ame kae dze aɖe nutrenuawo ɖa, eye wòaʋu agbalẽ la?”
3
Ke womekpɔ ame aɖeke le dziƒo alo le anyigba dzi alo le anyigba te si te ŋu ʋu agbalẽ la alo te ŋu kpɔ eme o.
4
Mefa avi vevie, elabe womekpɔ ame aɖeke si dze aʋu agbalẽa alo akpɔ eme o.
5
Tete ametsitsiawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: “Mègafa avi o. Kpɔ ɖa, Dzata si tso Yuda-to la me, eye wònye David ƒe dzidzimevi la ɖu dzi be wòaɖe nutrenu adrẽawo ɖa, eye wòaʋu agbalẽ la.
6
Azɔ la, mekpɔ alẽvi aɖe le tsitre ɖe fiazikpui la titina le nugbagbe eneawo dome, eye ametsitsiawo ƒo xlã wo. Edzé abe ɖe wowu alẽvi la ene. Dzo adrẽ kple ŋku adrẽ li nɛ. Dzo siawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adrẽ, siwo wòɖo ɖe xexea me katã.
7
Alẽvi la zɔ yi ɖaxɔ agbalẽ la le ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la si.
8
Esi wòxɔ agbalẽa la, nugbagbe eneawo kple ametsitsi bla eve vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku kple sikagba le wo dome ame sia ame si. Atike ʋeʋẽe, siwo nye ame siwo ŋu wokɔ la ƒe gbedodoɖawo la yɔ sikagbaawo taŋ.
9
Wodzi ha yeye aɖe be: “Wòe dze axɔ agbalẽ la, aɖe nutrenuawo ɖa vavã! Elabe wòe wowu, eye nètsɔ wò ʋu xɔ amegbetɔ ƒle hena Mawu. Wotso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, dukɔ sia dukɔ kple amegbetɔƒomea katã me.
10
Èwɔ wo wozu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe na mía Mawu, eye woaɖu dzi le anyigba dzi.”
11
Kasia mebe magakpɔ la, mese mawudɔla akpeakpe, siwo wu xexlẽ la ƒe gbe le ɖiɖim ƒo xlã fiazikpuia, nugbagbe eneawo kple ametsitsiawo.
12
Wole gbɔgblɔm sesĩe be: “Alẽvi si wowu la, eyae dze axɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya, ŋutete, bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu!”
13
Tete mese Mawu ƒe nuwɔwɔ ɖe sia ɖe, si le dziƒo kple anyigba dzi, le anyigba te, le atsiaƒu me kple nu siwo katã le wo me la le gbɔgblɔm be: “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi kple Alẽvi la tɔe nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋutete tso mavɔ me yi mavɔ me!”
14
Nugbagbe eneawo xɔ ɖe edzi be: “Amen!” Tete ametsitsiawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔe.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22