bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 16
Revelation 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 17 →
1
Azɔ mese gbe aɖe ɖi sesĩe tso mawuxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adrẽawo be: “Miyi ne miatrɔ nu si le Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo me la kɔ ɖe anyigba dzi!”
2
Ale mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ nu si le eƒe kplu la me la kɔ ɖi. Tete ame siwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple ame siwo subɔ eƒe nɔnɔmekpakpaa la, ka abi vɔ̃, si ʋẽna la.
3
Mawudɔla evelia trɔ nu si le eƒe kplu la me la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye tsia trɔ zu abe ame kuku ƒe ʋu ene. Ale nugbagbe siwo katã le atsiaƒu me la ku.
4
Mawudɔla etɔ̃lia trɔ etɔ kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsidzidziwo dzi, eye wotrɔ zu ʋu.
5
Tete mese mawudɔla si le tsiwo nu la gblɔ be: “O Kɔkɔetɔ, wò ame si li tso blema ke, ètso afia dzɔdzɔe le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo me loo!
6
Ame siawo kɔ wò ame siwo ŋu wokɔ kple wò gbeƒãɖelawo ƒe ʋu ɖi, eya ta nèna ʋu wo bene woano. Tohehe siae dze wo vavã!”
7
Tete mese vɔsamlekpui la gblɔ be: “Ẽ, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, ètsoa afia dzɔdzɔe eye nètoa nyateƒe le ʋɔnudɔdrɔ̃ me!”
8
Mawudɔla enelia trɔ nu si le eƒe kplu la me la kɔ ɖe ɣe ŋkume, eye wona mɔ ɣe be wòafiã ame kple eƒe dzo.
9
Dzoxɔxɔ sesẽ la me amewo vevie eye wogblɔ busunya ɖe Mawu, ame si si ŋusẽ le ɖe fuwɔame siawo dzi la ŋu. Ke wogbe be yewomatrɔ dzime atsɔ bubu na Mawu o.
10
Mawudɔla atɔ̃lia trɔ etɔ kɔ ɖe lã la ƒe fiazikpui la dzi. Tete viviti do ɖe lã la ƒe fiaɖuƒe me. Amewo ɖu aɖe le veve si sem wole la ta,
11
eye wogblɔ busunya ɖe Mawu si le dziƒo la ŋu. Togbɔ be abi vɔ̃ɖiawo le wo vem vevie hã la, wogbe be yewomatrɔ dzime tso yewoƒe nuwɔnawo gbɔ o.
12
Mawudɔla adelia trɔ nu si le eƒe kplu la me la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la me, eye tɔsisi la mie zu ƒuƒuiƒe hezu toƒe na fia siwo tso ɣedzeƒe la.
13
Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃, siwo le abe akpɔkplɔwo ene la, wodo go tso ʋɔdriba la, lã la kple aʋatsogbeƒãɖela aɖe ƒe nu me.
14
Wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ siwo wɔa nukunuwo. Gbɔgbɔ siawo doa go yina ɖe fia siwo le anyigba blibo la dzi la gbɔ, bene woaƒo wo nu ƒu na aʋawɔwɔ le Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.
15
(“Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene. Woyra ame si le ŋudzɔ eye wòdzra eƒe awuwo ɖo be magazɔ amama ado ŋukpe eɖokui le ame dome o.”)
16
Azɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃awo kplɔ fiaawo va ƒo ƒu ɖe teƒe aɖe, si woyɔna le Hebri-gbe me be Armagedon.
17
Mawudɔla adrẽlia trɔ nu si le eƒe kplu la me kɔ ɖe ya me. Tete gbe gã aɖe ɖi tso fiazikpui la dzi le mawuxɔ la me le gbɔgblɔm be: “Evɔ loo!”
18
Kasia dzi de asi dzokeke me, gbeɖiɖi sesẽwo ɖi, dzi ɖe gbe kple ŋusẽ, eye anyigba de asi ʋuʋu me ŋɔdzitɔe. Tso esime amegbetɔ dzɔ va se ɖe ɣe ma ɣi la, anyigba meʋuʋu nenema kpɔ o. Emae nye anyigbaʋuʋu dziŋɔtɔ wu.
19
Du xɔŋkɔ la dze ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe dugãwo gbã. Mawu ƒe ŋku dze Babilonia-du xɔŋkɔ la dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔmedzoekplu la nɛ wòno eƒe dzikuha si le eme la wòvɔ keŋkeŋ.
20
Ƒukpowo katã bu vĩ, eye to aɖeke megali woakpɔ o.
21
Tsikpe gã aɖe va dza; kpeawo ƒe kpekpeme anɔ abe kilo bla atɔ̃ sɔŋ ene. Tsikpe sia ƒo amewo vevie eye wogblɔ busunya ɖe Mawu ŋu le fuwɔame la ta. Fuwɔame sia dziŋɔ ŋutɔ.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22