bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 11
Revelation 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 12 →
1
Azɔ la, wotsɔ nudzidzeti aɖe si le abe atizɔti ene la nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be: “Heyi nàdzidze mawuxɔ la kple vɔsamlekpui la kpakple ame siwo le Mawu subɔm le mawuxɔ la me.
2
Ke mègadzidze xɔxɔnu si le mawuxɔa ŋu la o, elabe wotsɔe na trɔ̃subɔlawo. Woawoe le afɔ tu ge du kɔkɔe la dzi nyamanyama ɣleti bla ene vɔ eve.
3
Mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve woanɔ akpanya me, aɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la le ŋkeke akpe ɖeka alafa eve bla ade me.”
4
Ɖaseɖila eveawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve, siwo le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.
5
Ne futɔ aɖe be yeawɔ nu vevi wo la, dzo dona tso woƒe nu me tsrɔ̃a wo. Ne ame aɖe adi be yeawɔ nu vevi wo la, aleae wole ewu gee.
6
Ŋusẽ le wo si be esime wole gbeƒã ɖem Mawu ƒe gbedeasi la, woaxe dziƒo nu be tsi magadza o. Wokpɔ ŋusẽ ɖe tsiwo hã dzi be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woahe fuwɔame ɖe sia ɖe ƒomevi ava anyigba dzi, edziedzi abe ale si wodi la ene.
7
Ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi la nu vɔ la, ekema lã si do tso aʋlime la awɔ aʋa kpli wo. Aɖu wo dzi, eye wòawu wo.
8
Woƒe ŋutilã kukuawo atsi dugã si ƒe ŋkɔ ɣaɣlae nye “Sodom kple Egipte” la ƒe ablɔwo dzi. Afi siae woklã woƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu le.
9
Le ŋkeke etɔ̃ kple afã me la, amewo atso dukɔ sia dukɔ, to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple amegbetɔƒomea me ava nɔ woƒe kukua kpɔm, eye womaɖe mɔ be woaɖi wo o.
10
Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le ame eve siawo ƒe ku ŋuti. Woatso aseye eye woaɖo nunana ɖe wo nɔewo, elabe Mawu ƒe gbeƒãɖela eve siawo he fukpekpe geɖe va anyigbadzinɔlawo dzi.
11
Le ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la, ya si naa agbe la tso Mawu gbɔ va ge ɖe wo me, eye wofɔ ɖe tsitre! Vɔvɔ̃ ɖo ame siwo katã kpɔ wo la ŋutɔŋutɔ.
12
Emegbe la, ɖaseɖila eveawo se gbe sesẽ aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ na wo be: “Miva afii!” Ale le woƒe futɔwo ŋkume wonɔ alilikpo aɖe me yi dziƒo.
13
Ɣe ma ɣi tututu la, anyigba ʋuʋu sesĩe, du la ƒe akpa ewolia gbã gudugudu. Ame akpe adrẽ ku le anyigbaʋuʋu la me. Vɔvɔ̃ ɖo ame mamlɛawo, eye wokafu Mawu si le dziƒo la.
14
Fuwɔame dziŋɔ evelia va yi; kpɔ ɖa, etɔ̃lia gbɔna fifi laa.
15
Azɔ, mawudɔla adrẽlia ku eƒe kpẽ, eye gbe sesẽwo ɖi le dziƒo be: “Xexe sia me ƒe fiaɖuƒe la zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye aɖu dzi tso mavɔ me yi mavɔ me!”
16
Tete ametsitsi bla eve vɔ ene, siwo nɔ anyi ɖe woƒe fiazikpuiwo dzi dze ŋgɔ Mawu la tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu
17
gblɔ be: “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, ame si li, eye wòle anyi tso gbe aɖe gbe! Míeda akpe na wò, be nèwɔ wò ŋusẽ triakɔ la ŋudɔ, eye nèɖo wò fiaɖuƒe la gɔme anyi.
18
Dzi ku trɔ̃subɔlawo, ke ɣeyiɣi la de, be nàɖe wò dɔmedzoe afia, eye wòɖo edzi, be woadrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo. Eɖo edzi hã be nàxe fe na wò dɔlawo, gbeƒãɖelawo, ame siwo ŋu wokɔ kple ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, amegãwo kple ame bubuwo katã. Ɣeyiɣi la de, be woatsrɔ̃ ame siwo gblẽ anyigbaa la!”
19
Mawu ƒe xɔ si le dziƒo la nu ʋu, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka la le gbedoxɔ la me. Kasia dzi ke dzo, gbeɖiɖiwo ɖi, dzi ɖe gbe, anyigba ʋuʋu, eye tsikpe gãwo dza vevie.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22