bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 10
Revelation 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 11 →
1
Emegbe la, mekpɔ mawudɔla sesẽ bubu aɖe ɖi tso dziƒo. Ele alilikpowo dome, eye anyieʋɔ ƒo xlã eƒe ta. Eƒe mo le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene.
2
Elé agbalẽvi aɖe, si le ʋuʋu la ɖe asi. Etsɔ eƒe nuɖusifɔ ɖo atsiaƒu dzi, eye wòtsɔ miafɔ ɖo anyigba dzi.
3
Tete wòdo ɣli kple gbe sesẽ abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣli la, dziɖegbe adrẽawo ƒe gbe ɖi.
4
Esi dziɖegbe adrẽawo ɖe gbe la, medi be maŋlɔ nu ɖi; ke mese gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Tre nu si dziɖegbe adrẽawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe ɖi o.”
5
Tete mawudɔla si mekpɔ wòle tsitre ɖe anyigba kple atsiaƒu dzi la do eƒe nuɖusibɔ ɖe dziƒo, eye
6
wòka atam le Mawu ame si li tegbee, si wɔ dziƒo kple emenuwo, anyigba kple edzinuwo, atsiaƒu kple emenuwo ƒe ŋkɔ me gblɔ be: “Hehe ɖe megbe aɖeke maganɔ anyi o.
7
Ke ne mawudɔla adrẽlia ku eƒe kpẽ la, ekema Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòɖe gbeƒãe na eƒe dɔla siwo nye eƒe gbeƒãɖelawo la lava va eme.”
8
Azɔ gbe si mese tso dziƒo la gaƒo nu nam ake gblɔ be: “Yi nàxɔ agbalẽvi si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si.”
9
Ale meyi ɖe mawudɔla la gbɔ, eye megblɔ nɛ be wòatsɔ agbalẽvi la nam. Egblɔ nam be: “Xɔe, nàɖui. Ele veve ge le dɔme na wò, ke avivi le wò nu me abe anyitsi ene.”
10
Mexɔ agbalẽvi la le esi heɖu. Evivi le nye nu me abe anyitsi ene, ke esi memii la, eve le dɔme nam.
11
Tete wògblɔ nam be: “Ele na wò be nàgaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi le dukɔ geɖewo, amegbetɔƒomea, gbegbɔgblɔwo kple fia geɖewo ŋu.”
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22