bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 1
1 Kings 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 2 →
1
Azɔ la, fia David va tsi eye wòxɔ ƒè geɖee; eye togbɔ be wotsyɔa avɔwo nɛ fũu hã la, dzo meɖoa lã me nɛ o.
2
Eya ta eƒe subɔlawo gblɔ nɛ be: “Na woadi ɖetugbi dzaa aɖe na nye aƒetɔ fia wòava nɔ gbɔwò anɔ dzrawòm ɖo, anɔ wò akɔme mlɔm ne aƒetɔnye fia la ƒe lã me nate ŋu axɔ dzo.”
3
Ale wotsa le Israel-dukɔ la katã me va se ɖe esime woke ɖe ɖetugbivi aɖe si dzè la ŋu le Sunem, eye wokplɔe vɛ na fia la. Eŋkɔe nye Abisag.
4
Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ. Ezu fiaa dzikpɔla koŋ henɔa esubɔm ɣe sia ɣi. Ke fia la medɔ kplii o.
5
Azɔ, Adoniya, Xagit vi, do eɖokui ɖe dzi be: “Nyee le fia ɖu ge.” Edi tasiaɖamwo kple sɔdolawo kpakple ame bla atɔ̃ aɖewo da ɖi koŋ na eɖokui, ale be ne wòyina afi aɖe la, woanɔ du ƒum le eŋgɔ.
6
Tso esime wodzii kpa tɔ́a meka mo nɛ kpɔ o be: “Nu ka ta nèwɔ esi kple ekemɛ?” Edze ɖeka hã ŋutɔ, eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome tẽe.
7
Eƒo nu kple Yoab, Zeruya vi, kple nunɔla Abyatar. Wodze Adoniya yome eye wokpe ɖe eŋu.
8
Ke nunɔla Zadok, Benaya si nye Yehoyada vi, gbeƒãɖela Natan, Simei, Rei kple eƒe kalẽtɔwo menɔ Adoniya dzi o.
9
Adoniya wu alẽwo, nyitsuwo kple nyivi damiwo le Soxelet-kpe gbɔ le Rogel-vudo xa tsɔ sa vɔe eye wòkpe nɔvia ŋutsuwo, fiaviŋutsuwo katã kple fiaŋume siwo katã le Yuda,
10
gake mekpe gbeƒãɖela Natan loo, Benaya loo, alo kalẽtɔwo loo, alo Salomo, nɔvia ŋutsu la o.
11
Tete Natan gblɔ na Salomo nɔ Batseba be: “Èse be Adoniya, Xagit vi, zu fia eye mía aƒetɔ David menyae oa?
12
Eya ta azɔ la, va ne maɖo aɖaŋu na wò ne nàxɔ wò ŋutɔ ɖokuiwò kple viwò Salomo ɖe agbe.
13
Tso kpla nàyi fia David gbɔ ne nàɖabiae be: ‘Nye Aƒetɔ Fia, menye ɖe nèka atam na wò dɔlanyɔnu be: Viwò Salomoe aɖu fia ɖe yonyeme, eye eya abɔbɔ nɔ nye fiazikpui dzi oa? Ale ke wɔ wònye Adoniyae va zu fia?’
14
Màɖe nu le nyaa me o ko mava do, eye nye hã maƒoe ɖe tɔwò dzi.”
15
Ale Batseba yi fia la gbɔ le xɔgãme elabe fiaa tsi ŋutɔ hetsi xɔ me, eye Abisag Sunamitɔ lae va le esubɔm.
16
Batseba bɔbɔ, de ta agu ɖe fia la ŋkume eye fiaa biae be: “Nu ka dim nèle?”
17
Eɖo eŋu be: “Nye Aƒetɔ, èta Aƒetɔ, wò Mawu nam kpɔ be: ‘Viwò Salomo aɖu fia ɖe yonyeme; eye eyae anɔ nye fiazikpui dzi.’
18
Ke azɔ kpɔ ɖa, Adoniya zu fia eye wò, nye aƒetɔ fia mènyae o!
19
Ewu nyitsuwo, nyi damiwo kple alẽwo kpaŋkpaŋkpaŋ, eye wòkpe fiaviŋutsuwo katã kple nunɔla Abyatar kpakple aʋakplɔla Yoab, gake wò dɔla Salomo ya la, mekpee o.
20
Fifia la, nye aƒetɔ fia, Israel blibo la ƒe ŋku le ŋuwò be nàgblɔ ame si le fiazikpuia dzi va ge ɖe yowòme la na yewo.
21
Ne menye nenema o la, ava eme be ne èyi tɔgbuiawo gbɔ la amewo abu nye kple vinye Salomo vɔ̃wɔlawoe.”
22
Mekpɔ ɖe nu le nyaa me hafi gbeƒãɖela Natan va do o.
23
Wogblɔ na fia la be: “Gbeƒãɖela Natan nye esi.” Esi gbeƒãɖelaa va ɖo fiaa ŋkume la, ede ta agu nɛ.
24
Natan gblɔ be: “Nye aƒetɔ fia, ɖe nègblɔ be: ‘Adoniya nazu fia ɖe yonyeme eye eya abɔbɔ nɔ nye fiazikpui dzi’ a?
25
Elabe egbe la, etso yi ɖawu nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo fũu tsɔ sa vɔ, eye wòkpe fiaviŋutsuwo katã, aʋakɔ la ƒe tatɔwo kple nunɔla Abyatar eye kpɔ ɖa, wole nu ɖum le no num, le eŋkume le gbɔgblɔm be: ‘Fia Adoniya nenɔ agbe tegbee!’
26
Ke nye wò dɔla kple nunɔla Zadok, Benaya, Yehoyada vi kple wò dɔla Salomo ya, mekpe mí o.
27
Nye aƒetɔ fia, wò ŋutɔe ɖe gbe be woawɔ nu siawo le esime mèyɔ ame si anɔ zikpuia dzi ɖe yowòme la na wò dɔlawo oa?”
28
Fia David xɔ edzi be: “Miyɔ Batseba nam.” Batseba ge ɖe eme, eye wòtsi tsitre ɖe fia la ŋkume.
29
Tete fia la ka atam be: “Metà Aƒetɔ ame si ɖem tso nye nukpekeamewo katã me la ƒe agbe be
30
egbe la, mawɔ ŋugbe si medo na wò le Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu ŋkɔ me, be viwò Salomo ye aɖu fia ɖe yonyeme, eye wòanɔ nye fiazikpui dzi ɖe tenyeƒe la dzi na wò.”
31
Batseba dze klo ɖe fia la ŋkume, de ta agu eye wògblɔ be: “Nye aƒetɔ fia David nenɔ agbe tegbee!”
32
Tete fia David gblɔ be: “Miɖayɔ nunɔla Zadok, gbeƒãɖela Natan kple Benaya, Yehoyada vi vɛ nam.” Ale wova fia la ŋkume.
33
Fia la gblɔ na wo be: “Miyɔ subɔla siwo le nye fiasã me la kpe ɖe mia ɖokui ŋu, miana Salomo nado nye tedzisɔ, eye miakplɔe yi Gixon,
34
ne nunɔla Zadok kple gbeƒãɖela Natan nasi ami nɛ le afi ma atsɔe ɖo fiae ɖe Israel nu; eyome miaku kpẽ, agblɔ be: ‘Fia Salomo nenɔ agbe tegbee!’
35
Mikplɔe da ɖe ŋgɔ anɔ eyome ʋuu wòava nɔ nye fiazikpui dzi elabe eyae aɖu fia ɖe tenyeƒe; eya dzie metɔ asii be wòazu Israel kple Yuda siaa dziɖula.”
36
Tete Benaya, Yehoyada vi xɔ edzi be: “Neva eme! Aƒetɔ, nye aƒetɔ fia ƒe Mawu negblɔ nenema.
37
Ale si Aƒetɔ nɔ kple nye aƒetɔ fia la, nenɔ kple Salomo hã nenema, eye wòana eƒe fiazikpui nakpɔ ŋusẽ, wu nye aƒetɔ fia David tɔ.”
38
Ale nunɔla Zadok, gbeƒãɖela Natan, Yehoyada vi, Benaya kple Kretitɔwo kpakple Pletitɔwo yi eye Salomo de fia David ƒe tedzisɔ dzi, eye wokplɔe yi Gixon.
39
Nunɔla Zadok tsɔ lãdzo si me ami le tso Mawu ƒe agbadɔ la me va si na Salomo. Tete woku kpẽ la, eye ameha la katã gblɔ be: “Fia Salomo nenɔ agbe tegbee!”
40
Tete ameha la katã kplɔe ɖo le dze kum hele dzidzɔseye tsom kple ɣli ale gbegbe be woƒe ɣli na anyigba ʋuʋu.
41
Adoniya kple eƒe ame kpekpeawo ɖu nua vɔ teti ko, se ɣli la. Esi Yoab se kpẽ la ƒe ɖiɖi la, ebia be: “Ɣli kae nye gbogbo ma le ɖiɖim le dua me ɖa?”
42
Mekpɔ ɖe nu le nyaa me hafi Yonatan, nunɔla Abyatar vi, va do o. Adoniya gblɔ be: “Ge ɖe eme elabe ame akuakua nènye; he nya nyui aɖe vɛ.”
43
Yonatan ɖo eŋu na Adoniya be: “Kura o lo! Míaƒe aƒetɔ fia David tsɔ Salomo ɖo fiae!
44
Ena Salomo do eya fia ŋutɔ ƒe tedzisɔ eye wòna Zadok, Natan, Benaya kple Kretitɔwo kpakple Pletitɔwo kplɔe ɖo,
45
eye nunɔla Zadok kple gbeƒãɖela Natan si ami nɛ heɖoe fia le Gixon. Eya ƒe dzidzɔ kpɔm wole tso afi ma gbɔ va. Nu mae na dua me tɔ zi; eyae nye ɣli gã ma si miese.
46
Ale Salomo bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi sea!
47
Gawu la, fia ƒe dɔlawo kura gɔ̃ hã de mía aƒetɔ fia David gbɔ ɖado vivi ɖe eŋu be: ‘Wò Mawu na Salomo ŋkɔ de du wu tɔwò, eye eƒe fiazikpui lolo wu wò fiazikpui.’ ” Tete fia la lɔ̃ ta le eƒe aba dzi.
48
Fia la gblɔ hã be: “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu be wòɖe mɔ vinyewo dometɔ ɖeka bɔbɔ nɔ nye fiazikpui dzi egbe sia, eye nye ŋutɔ nye ŋkuwo le ekpɔm.”
49
Tete ame siwo katã Adoniya kpe va eƒe kplɔ̃a ŋu la dzo nyanyanya. Ɖe sia ɖe tso eye wòdi eƒe mɔ to.
50
Adoniya vɔ̃ Salomo. Etso eye wòyi ɖalé vɔsamlekpuia ƒe dzowo.
51
Wogblɔ na Salomo be: “Kpɔ ɖa, Adoniya le Salomo vɔ̃m, elabe kpɔ ɖa, eyi ɖalé vɔsamlekpuia ƒe dzowo hele gbɔgblɔm be: ‘Mina fia Salomo nàta nu nam gbã be yemana woawu eƒe dɔla kple yi o.’ ”
52
Salomo xɔ edzi be: “Ne efia eɖokui nyateƒetɔ kple ame ɖoŋuɖeŋua la, eƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o. Gake ne vɔɖivɔ̃ɖinyenye gadze le eƒe azɔli me la, ku ke wòaku.”
53
Ale fia Salomo dɔ ame ɖa woyi ɖakplɔe tso vɔsamlekpuia gbɔ vɛ. Eva eye wòde ta agu le Salomo ŋkume. Salomo gblɔ nɛ be: “Heyi aƒewò me.”
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22