bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 19
1 Kings 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 20 →
1
Axab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ kple ale si wòwu gbeƒãɖelawo katã kple yi la na Izebel.
2
Tete Izebel dɔ ame ɖo ɖe Eliya be: “Mawuawo nefiam, woagafiam, ne nyemewɔ wò agbe etsɔ ɣe alewo ɣi abe ale si nèwɔ ame siawo dometɔ ɖeka ƒe agbe ene o fĩi!”
3
Tete Eliya vɔ̃, eye wòtso dze mɔ, le eƒe agbe ta, eye wòva Beer-Seba si nye Yuda tɔ eye wògblẽ eƒe subɔvia ɖe afi ma.
4
Ke eya ŋutɔ ya gazɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli yi gbedadaƒo eye wò ɖabɔbɔ nɔ dzoŋgbalẽti aɖe te. Edi ku be yeaku hegblɔ be: “Esɔ gbɔ; azɔ la, Aƒetɔ, ɖe nye agbe ɖa, elabe nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”
5
Emlɔ anyi, eye wòdɔ alɔ̃ ɖe dzoŋgbalẽtia te. Kpɔ ɖa, mawudɔla aɖe ka asi eŋu, gblɔ nɛ be: “Tso nàɖu nu!”
6
Yeakpɔ kasia, abolo si wome le kpe xɔdzo dzi kple tsigoe nye esi le eƒe tagbe. Eɖu nu, no tsi, eye wògamlɔ anyi.
7
Aƒetɔ ƒe dɔla la gava zi evelia, gaka asi eŋu, gagblɔ nɛ be: “Tso nàɖu nu, ne menye nenem o la, mɔzɔzɔa ate ŋuwò akpa.”
8
Etso, ɖu nu, no tsi. Nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòte ŋu nɔ anyi numaɖumaɖui ŋkeke bla ene, zã bla ene va se ɖe esime wòɖaɖo, Xoreb, Mawu ƒe to la gbɔ.
9
Eva agado aɖe gbɔ le afi ma, eye wòtsi anyi dɔ. Tete Aƒetɔ ƒe gbe va nɛ be: “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
10
Eɖo eŋu be: “Ɖe meʋã ŋu ɖe Aƒetɔ, aʋakɔwo ƒe Mawu la nu, elabe Israelviwo gblẽ wò nubabla la ɖi, gbã wò vɔsamlekpuiwo, eye wowu wò gbeƒãɖelawo kple yi. Nye, nye ɖeka kolia gɔ̃ koe susɔ, eye wole nye agbe dim be yewoaɖe ɖa.”
11
Egblɔ nɛ be: “Do go nàɖatsi tsitre ɖe to la dzi le Aƒetɔ ŋkume.” Kpɔ ɖa, Aƒetɔ tso eme va yi, eye ya sesẽ gã aɖe ƒo, fe towo, gbã agakpewo gudugudu le Aƒetɔ ŋkume, gake Aƒetɔ menɔ yaƒoƒo la me o. Le yaƒoƒoa yome la, anyigba ʋuʋu, gake Aƒetɔ menɔ anyigbaʋuʋu la me o.
12
Le anyigbaʋuʋua yome la, dzobibi va, gake Aƒetɔ menɔ dzoa me o. Le dzoa yome gbe sue aɖe ɖi dzaa.
13
Esi Eliya see la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo, eye wòva le tsitre ɖe agado la nu. Tete gbe aɖe ɖi va egbɔ bia be: “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
14
Eɖo eŋu be: “Ɖe meʋã ŋu ɖe Aƒetɔ, aʋakɔwo ƒe Mawu nu, elabe Israelviwo gblẽ wò nubabla, gbã wò vɔsamlekpuiwo eye wowu wò gbeƒãɖelawo kple yi. Nye, nye ɖeka kolia gɔ̃ koe susɔ, eye wole nye agbe dim be yewoaɖe ɖa.”
15
Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Heyi; gbugbɔ dze wò mɔ dzi nàɖo ta Damasko-gbedadaƒo. Ne èɖo la, si ami na Xazael ne wòazu Siria-fia.
16
Si ami na Yehu, Nimsi vi, hã ne wòazu Israel- fia, eye nàsi ami na Elisa, Safat vi, si tso Abel-Mexola ne wòanye gbeƒãɖela ɖe tewòƒe.
17
Ne ame aɖe así le Xazael ƒe yi nu la, Yehu nawui, eye ame si ke así le Yehu ƒe yi nu la, Elisa nawui.
18
Ke hã masusɔ ame akpe adrẽ ɖe Israel, ame siwo katã medze klo na Baal o kple ame siwo megbugbɔ nu nɛ kpɔ o.”
19
Ale wòdzo le afi ma yina, eye wòkpɔ Elisa, Safat vi, wòtsɔ nyitsuwo le agble me ŋlɔm. Elisa bla kɔkuti ɖe nyiawo ŋu eveveve teƒe wui eve eye eya ŋutɔ le zɔzɔm kple wui evelia. Eliya to eŋu yina eye wòda eƒe awu ʋlaya ɖa wòɖadze Elisa dzi.
20
Tete Elisa dzo le nyitsuawo gbɔ, ƒu du kplɔ Eliya ɖo, gblɔ nɛ be: “Na maɖagbugbɔ nu na tɔ́nye kple nɔnye, emegbe mava nɔ yowòme.” Eliya gblɔ nɛ be: “Gbugbɔ yi elabe nu ka mawɔ na wò?”
21
Elisa gbugbɔ le eyome. Elisa ɖe kɔkutiawo le eƒe nyiawo ŋu eye wòwu wo. Etsɔ kɔkutiawo do dzo tsɔ ɖa nyilã lae hema na amewo woɖu. Tete wòtso kplɔ Eliya ɖo eye wòsubɔe.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22