bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 13
1 Kings 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 14 →
1
Kpɔ ɖa, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda, le Aƒetɔ ƒe nya nu, va Betel. Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui gbɔ be yeatɔ dzo lifi.
2
Ŋutsua do ɣli ɖe vɔsamlekpuia ta le Aƒetɔ ƒe nya nu be: “O vɔsamlekpui, vɔsamlekpui! Aƒetɔ be: ‘Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvi aɖe dzi ge le David ƒe ƒome la me; eŋkɔ anye Yosiya. Eya atsɔ nuxeƒe sia ƒe nunɔla siwo tɔa dzo lifi le dziwò la asa vɔe le dziwò. Woatɔ dzo ameƒuwo gɔ̃ hã le dziwò.’ ”
3
Egblɔ dzesi ɖi gbe ma gbe ke be: “Dzesi si Aƒetɔ gblɔ nye esi: ‘Kpɔ ɖa, woagbã vɔsamlekpui la eye dzofi si le edzi la woakɔe ɖe anyi.”
4
Esi fia la se Mawu ƒe ame la ƒe nya si wògblɔ ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu la, Yerobeam fia asii ɖo ɖa tso vɔsamlekpuia dzi heɖe gbe be: “Milée!” Kasia eƒe asi si wòdo ɖe egbɔ la dze ti zi ɖeka, eye megate ŋu bii ɖe akɔme o.
5
Vɔsamlekpui la fe, eye dzofi si le edzi la kɔ ɖe anyi abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔ le Aƒetɔ ƒe nya nu ene.
6
Tete fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be: “Meɖe kuku, do gbe ɖa na Aƒetɔ, wò Mawu la ɖe tanye ne nye asi la nagaɖo eƒe nɔnɔme.” Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Aƒetɔ, eye fia la ƒe asia gazu abe ale si wònɔ tsã ene.
7
Fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be: “Va míyi aƒeme ne nàɖu nu, ne madi nane na wò.”
8
Mawu ƒe ame la gblɔ be: “Ne ètsɔ wò aƒe la ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò o. Nyemaɖu nu alo ano tsi le afi sia o.
9
Elabe wode se nam be: ‘Mègaɖu abolo o; mègano tsi o, eye mègato mɔ si nèto va la dzo o.’ ”
10
Ale wòto mɔ bubu dzo, eye megbugbɔ to mɔ si wòto va Betel la o.
11
Gbeƒãɖela tsitsi aɖe nɔ Betel. Via ŋutsuwo va gblɔ nu si Mawu ƒe ame si tso Yuda la va wɔ le Betel gbe ma gbe la nɛ, eye woto nya siwo wògblɔ na fia Yerobeam la na wo tɔ́a.
12
Ebia wo be: “Mɔ ka wòto dzo?” Via ŋutsuawo fia mɔ si Mawu ƒe ame si tso Yuda va to dzo la, wo tɔ́a.
13
Egblɔ na viawo be: “Mibla akpa na tedzia nam.” Wobla akpa na tedzia eye wòde edzi.
14
Edze Mawu ƒe ame la yome va tui wòbɔbɔ nɔ logoti gã aɖe te. Ebiae be: “Woe nye Mawu ƒe ame si tso Yuda va laa?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ẽ, nyee.”
15
Egblɔ nɛ be: “Va míyi aƒeme ne nade asi nu me.”
16
Yuda gbeƒãɖela la xɔ edzi be: “Ao, nyemate ŋu atrɔ yi megbe o; nyemayi wò aƒeme o, eye nyemaɖu nu alo ano tsi le gbɔwò o,
17
elabe Aƒetɔ de se nam be: ‘Mègaɖu nu alo no tsi le afi ma o, eye mègatrɔ to mɔ si nèto yi o.’ ”
18
Gake gbeƒãɖela tsitsi la xɔ edzi nɛ be: “Nye hã gbeƒãɖela menye abe wò ke ene. Aƒetɔ na mawudɔla aɖe gblɔ nam be: ‘Yi ɖagbugbɔe va wò aƒeme ne wòaɖu nu eye wòano tsi. Evɔ wònye alakpae gbeƒãɖela tsitsi la da nɛ.
19
Yuda gbeƒãɖela la lɔ̃ mlɔeba trɔ kple gbeƒãɖela tsitsi la yi eƒeme, eye wòɖu nu, no tsi le afi ma.
20
Esi wonɔ kplɔ̃ ŋu la, Aƒetɔ ƒe gbe va na gbeƒãɖela si yi ɖatrɔe vɛ la.
21
Tete wòdo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame si tso Yuda va la be: “Aƒetɔ be: ‘Esi nègbe toɖoɖo Aƒetɔ ƒe gbe, eye mèlé se si Aƒetɔ, wò Mawu de na wò la me ɖe asi o,
22
ke boŋ ètrɔ gbɔ eye nèɖu nu, no tsi le afi si ŋu wòde se na wò le be: Mègaɖu nu o, eye mègano tsi le o la, womaɖi wò kukua ɖe tɔgbuiwòwo ƒe ɖiƒe o.’ ”
23
Esime wòɖu nu no nu vɔ la, gbeƒãɖela tsitsi la bla akpa na gbeƒãɖela si wòtrɔ gbɔe la ƒe tedzi,
24
eye Yuda gbeƒãɖelaa dze mɔ ɖo ta aƒe. Esi wòyina la, eva do go dzata aɖe, eye dzataa wui. Eƒe kukua nɔ mɔƒoa me; tedzia kple dzataa nɔ tsitre ɖe egbɔ.
25
Ŋutsu aɖewo va yina kasia, ame kukue nye esi le mɔƒo me, dzata le tsitre ɖe egbɔ. Woyi ɖaka nya sia ta le du si me gbeƒãɖela tsitsia le la.
26
Esi gbeƒãɖela, si ɖagbugbɔe tso mɔta vɛ la se nyaa la, egblɔ be: “Eya nye Mawu ƒe ame si gbe Aƒetɔ ƒe nya dzi wɔwɔ, eye Aƒetɔ tsɔe de asi na dzata wòvuvu hewu le Aƒetɔ ƒe nya si wogblɔ nɛ la nu.”
27
Tete gbeƒãɖela tsitsi la ɖe gbe na via ŋutsuawo be: “Mibla akpa na tedzia nam.” Woblae
28
eye wòde edzi heyi teƒea. Eyi ɖake ɖe ame kukua ŋu le mɔƒoa me; tedzia kple dzataa le tsitre ɖe egbɔ. Dzataa meɖu ame kukua o, eye mevuvu tedzia hã o.
29
Gbeƒãɖela tsitsi la kɔ ame kukua ɖo tedzia dzi tsɔ va dua me be wòafa nɛ, eye wòaɖii.
30
Eɖii ɖe yɔdo si wòɖe ɖi na eɖokui hafi la me, eye wofae gblɔ be: “Ao, nɔvinye!”
31
Esi woɖii vɔ la, gbeƒãɖela tsitsi la gblɔ na via ŋutsuawo be: “Ne meku la, miɖim ɖe yɔdo sia si me woɖi Mawu ƒe ame la ɖo la ke me. Mitsɔ nye ƒuwo da ɖe eƒe ƒuwo gbɔ.
32
Nya siwo Aƒetɔ de enu wògblɔ ɖe Betel-vɔsamlekpui la kple nuxeƒexɔ siwo le Samaria-duwo me ŋu la, ava eme kokoko.”
33
Le nya siawo katã megbe hã, Yerobeam metrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o, ke boŋ egaɖo dukɔ la ƒe ame sia ame ƒomevi nuxeƒe nunɔlae. Ame sia ame ƒomevi si be yeazu nunɔla ko, eɖonɛ nuxeƒe nunɔlae.
34
Nu sia zu nuvɔ̃ na Yerobeam ƒe aƒe, esi na be woɖee ɖa eye wotsrɔ̃e ɖa le anyigba dzi.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22