bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 7
1 Kings 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 8 →
1
Salomo tu fiasã hã na eɖokui. Fiasã sia tutu xɔ ƒe wui ene sɔŋ.
2
Xɔwo sɔ gbɔ le fiasã la me. Wotsɔ ŋkɔ na ɖeka be Lebanon-ve ƒe Xɔgã. Xɔ sia didi meta bla ene vɔ ene, keke meta bla eve vɔ eve, eye wòkɔ meta wui ene kple afã. Sederti titri gbaka etɔ̃e nye sɔtiwo le xɔa me, eye sederti wui atɔ̃ le gbaka ɖe sia ɖe me. Woda sederti titri bubuwo ɖe sɔti siawo dzi, eye wowɔ xɔa ƒe dzisasrã ɖe wo dzi.
3
Sederti ke wotsɔ wɔ xɔa ƒe dzisasrã ŋutɔ hã. Wotsɔ sederti bla ene vɔ atɔ̃ mlɔ sedertisɔti siwo le tsitrenu la tame, eye wowɔ xɔa ƒe dzisasrã ɖe wo dzi.
4
Wode fesre gbaka etɔ̃ xɔa ŋu le eƒe ɖusime, gade gbaka etɔ̃ eƒe miame hã. Wode fesreti ɖe sia ɖe nu hafi de fesre eŋu. Fesreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ ɖe nɔvia si le gli evelia me la nu.
5
Ʋɔtrutiawo kple fesretiawo katã ƒe dzogoewo sɔ. Woɖo fesreawo nyuie ale be esiwo le gli ɖeka ŋu la dze ŋgɔ esiwo le gli evelia ŋu.
6
Wogatu xɔ bubu si wòyɔ be Sɔtiwo ƒe Xɔgã. Xɔ sia didi meta bla eve vɔ eve, eye wòkeke meta wui ene kple afã. Woɖo sɔtiwo ɖe xɔ gã la ŋkume, gba wo tame ale be afi ma zu akpata ƒomevi aɖe, eye wowɔ avɔgbadɔ aɖe hã tsɔ wu enu. Avɔgbadɔa kple akpata la me nàto hafi age ɖe Sɔtiwo ƒe Xɔgã la ŋutɔ me.
7
Wogatu xɔ bubu aɖe si wòyɔ be Fiazikpui Xɔgã, afi si wòadrɔ̃ ʋɔnu le. Afi mae nye kodzoɖiƒe. Woklã sederʋuƒowo ɖe xɔ sia me ƒe gliwo ŋu tso egɔme ke yi ɖatɔ dzisasrãa.
8
Xɔ si nye Salomo ŋutɔ ƒe nɔƒe koŋ la le xɔxɔnu bubu le ʋɔnudrɔ̃xɔa megbe. Wotui wòle abe Lebanon-ve xɔa ene tututu. Salomo tu xɔ ma ƒomevi ke na srɔ̃a si nye Egipte Fiagã vinyɔnu la hã.
9
Kpe xɔasi siwo wofú ɖe dzidzeme nu eye wotsɔ laxalaxa sẽ wo me kple wo kɔgo la wotsɔ tu wo katã, tso egɔme va se ɖe daɖedziwo gbɔ, tso gota va se ɖe xɔxɔnu gãtɔ la gbɔ.
10
Kpe gã aɖewo ƒomevi siwo lolo ŋutɔŋutɔ lae wotsɔ ɖo gliawo gɔme anyii. Ɖewo didi meta etɔ̃ kple afã; ɖewo de meta ene kura gɔ̃.
11
Wotsɔ wo mlɔ afi si wòdze be woanɔ le gɔmeɖoɖoa me, ɖo kpe bubuwo siwo hã wolã ɖe dzidzenu la ɖe wo dzi hafi tsɔ sedertikpowo mlɔ wo dzi.
12
Le gli si woɖo ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ gome la, woɖo kpe fúfu gãawo amli etɔ̃ kpe ɖo, tu sederti gã siwo wokpa ɖe dzogoe ene me la ƒe lalãwo ɖe wo dzi, gaɖo kpe amli etɔ̃, gaɖo sederti lalãwo wo dzi. Nenema sɔŋ woɖo gli lae va se ɖe esime wòflɔ. Gli ma ƒomevi kee woɖo ƒo xlã fiasã la ƒe xɔxɔnu; eƒomevi kee ƒo xlã Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu emetɔ kple fiasã la ƒe akpata hã.
13
Fia Salomo dɔ woɖakplɔ Xiram tso Tiro vɛ.
14
Enye ahosi aɖe si tso Naftali-toa me la viŋutsu. Tɔ́a nye Tirotɔ, ame si nye akɔblinutula. Nunya, nugɔmesese kple aɖaŋu geɖe le tagbɔ nɛ, eye wòbi ɖe akɔbliɖaŋudɔ vovovowo wɔwɔ me. Eva fia Salomo gbɔ eye wòwɔ eƒe dɔwo katã nɛ.
15
Xiram tsɔ akɔbli kɔ sɔti eve. Ɖe sia ɖe kɔ meta enyi, eye ka didime si ate ŋu akpe ɖe sia ɖe ɖo lae nye meta atɔ̃ kple afã. Do to sɔtiawo me tso egɔme yi dzi, eye ga titrime si nàŋɔ hafi ate ŋu aʋu ɖe do sia me nye sentimeta enyi.
16
Xiram tsɔ akɔbli wɔ nane si de nɔnɔ ge mligo abe ta ene la na sɔti ɖe sia ɖe hetsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ. Ta sia kɔ meta eve kple afã.
17
Etsɔ akɔbli lɔ̃ gaɖɔ ƒomevi aɖewo ɖe taawo ŋu, gatsɔ akɔbli wɔ kɔsɔkɔsɔ suesue aɖewo siwo wolɔ̃ to wo nɔewo me la hã ɖe wo ŋu.
18
Egawɔ yevuboɖa gbaka eve ɖe gaɖɔawo ŋu kpe ɖo le sɔtiawo tame.
19
Ewɔ sɔti siwo le akpataa me ya ƒe tawo ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me, eye le afi sia ya la, ta ɖe sia ɖe kɔ meta eve ko.
20
Ta ɖeka le sɔti ɖe sia ɖe nu, le sɔtia ƒe afi aɖe si wowɔ wòdo gɔ̃ɔ kpe ɖo la tame. Wowɔ yevuboɖa ƒe tata alafa eve ɖe gbaka eve me ƒo xlã ta ɖe sia ɖe.
21
Xiram tu sɔti eveawo ɖe wo nɔƒewo le akpata si me nàto hafi age ɖe Aƒetɔ ƒe aƒeme la ŋkume. Ɖeka le ɖusime, eye evelia le miame. Eyɔ ɖusimetɔ be Yarin, eye wòyɔ miametɔ be Boaz.
22
Sɔtiawo ƒe ta le abe dzogbenya ene. Nu siawoe Xiram wɔ tsɔ wu sɔtiawo ŋudɔwo nui.
23
Azɔ Xiram tsɔ akɔbli kɔ zɔ gã tegblẽ aɖe. Zɔa nu keke meta ene kple afã, goglo meta eve kple afã, eye ka didime si ate ŋu akpee lae nye meta wui ene kple afã.
24
Woɖe treklɔnutsetse ƒe dzedzeme ɖe zɔa ƒe kɔme kpe ɖo. Ɖe sia ɖe le meta atɔ̃. Wowɔ wo ɖe gbaka eve me. Treklɔnutsetseawo le gbaka eve me ƒo xlã gazɔa. Wokɔ wo katã kple gazɔa ɖekae.
25
Gazɔ la le nyitsu wui eve ƒe dzime. Etɔ̃ dze ŋgɔ dzigbeme, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ anyigbeme, eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Ale nyitsuawo wɔ to, wo katã trɔ agɔnugbɔ ɖo ɖe toa me.
26
Zɔa tri milimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃. Eto le abe kplu ƒe to ene, eye wòɖi dzogbenya. Tsi lita akpe bla ene anɔ eme.
27
Eyome Xiram tsɔ akɔbli wɔ anyinɔ ewo siwo dome ɖe sia ɖe didi meta ɖeka sentimeta enyi, keke meta ɖeka sentimeta enyi, kɔ meta ɖeka sentimeta etɔ̃.
28
Ale si wowɔ anyinɔawo ƒe ɖe sia ɖe nye esi gbɔna: gbã, wowɔ etowo, eye wotsɔ akɔbliganu gbadzɛwo xe ekɔgo le akpaawo katã.
29
Woɖe dzatawo, nyitsuwo kple kerubiwo ɖe ga gbadzɛawo dzi, eye woɖe seƒoƒokawo ƒe tatawo ɖe dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te hã.
30
Wowɔ akɔblifɔti ene ɖe anyinɔ ɖe sia ɖe te, eye akɔbli ke wotsɔ wɔ afɔtiawo ƒe troƒewo hã. Wokɔ̀ gakpo titri aɖe ɖe anyinɔ la ƒe dzogoe eneawo me. Woawo dzie woada gago si le anyinɔa me nɔ ge la ɖo. Woɖe seƒoƒowo ƒe tatawo ɖe gakpoawo ŋu.
31
Woɖe do goto aɖe ɖe anyinɔa dzi. Wowɔ do sia to wòkɔ dzi. Teƒe kɔdzi siae nye anyinɔa me gago gã nɔƒe. Doa keke sentimeta bla ade vɔ ade. Teƒe kɔdzi la ya mele gotoo o, ke boŋ ele dzogoe ene me. Woɖe nutatawo ɖe ekɔgo kpe ɖo.
32
Afɔti eneawo le anyinɔa gɔme le eto ke, eye gati titri si naa afɔtiawo trona la tso afɔti ɖeka gbɔ to anyinɔ la me hafi yi ɖado ɖe nɔvia afɔti evelia gbɔ le anyinɔa ƒe akpa evelia. Afɔtiawo ƒe kɔkɔmee nye sentimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃.
33
Wowɔ afɔtiawo abe ale si ko tasiaɖam ŋutɔ ƒe afɔti nɔna ene. Hekpe ɖe esia ŋuti la, ɖe wokɔ̀ woƒe afɔtitrogakpowo, afɔtimetsogawo kple afɔtimetsogakpeƒewo katã.
34
Wowɔ gakpo titri ene ɖe tsitrenu ɖe anyinɔa ƒe dzogoe eneawo me. Ɖe wokɔ̀ wo kple anyinɔa la siaa ɖekae.
35
Wowɔ dzesidede gbadza lebee aɖe si keke sentimeta bla eve vɔ eve la ɖe anyinɔa ƒe dzime lɔƒo godoo va kpe. Ɖe wokɔ̀ nu siawo katã kple anyinɔ la ɖekae.
36
Wogaɖe kerubiwo, dzatawo kple detiwo ɖe afi siwo keŋ nu siawo ate ŋu akpɔ teƒe le ko la, eye wowɔ seƒoƒokawo ƒo xlã wo.
37
Aleae wowɔ anyinɔ ewoawoe. Wo katã la: nɔnɔme ɖeka, dzidzeme ɖeka kple dzedzeme ɖekae li na wo.
38
Xiram wɔ akɔbligago gã ewo na anyinɔ ewoawo eye wòtsɔ ɖeka de ɖe sia ɖe me. Gagoa nu keke meta ɖeka sentimeta enyi, tsi lita alafa enyi ayɔe.
39
Wotsɔ atɔ̃ ɖo anyinɔ atɔ̃ siwo le xɔa ƒe anyigbeme la me, tsɔ atɔ̃ mamlɛawo ɖo anyinɔ atɔ̃ siwo le dzigbeme la hã me, eye wotsɔ zɔ gã tegblẽ la ya ɖo dzogoe me le anyigbeme ɣedzeƒe gome.
40
Xiram wɔ gazewo, sofiwo kple ametagbɛwo hã tsɔ wu dɔ siwo fia Salomo dɔe be wòawɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu la nu siwo nye:
41
sɔti eve, ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame, gaɖɔ kple kɔsɔkɔsɔ sue siwo le ta mligo eveawo ŋu le sɔtiawo tame.
42
Yevuboɖa alafa ene siwo woɖo ɖe gbaka eve me le gaɖɔa ŋu le ta mligoawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ale be yevuboɖa alafa ɖeka le gbaka ɖeka me.
43
Anyinɔ ewoawo, akɔbligago gã ewo siwo le anyinɔawo me;
44
gazɔ ɖeka, nyitsu wui eve siwo le gazɔa te,
45
gazewo, sofiwo kple ametagbɛwo. Akɔbli si ŋu wozrɔ̃ lae Xiram tsɔ wɔ nu siawo katã na fia Salomo hena Aƒetɔ ƒe aƒe la.
46
Fia la na wokɔ̀ wo ɖe nɔnɔme si wotsɔ tsu wɔe la me le Yordan-gbegbe le Sukot kple Zaretan dome.
47
Salomo mena woda nuawo kpɔ o, eye womebu akɔbliawo ƒe kpekpeme o.
48
Ale Salomo wɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me nuwo katã siwo nye: sikavɔsamlekpui la, sikakplɔ̃ si dzi vɔsabolo nɔna;
49
akaɖiti ewo siwo wotsɔ sika nyuitɔ wɔ woe; atɔ̃ le anyigbeme eye atɔ̃ le dzigbeme, seƒoƒowo, akaɖiawo, akaɖimevɔlãnuwo,
50
kpluwo, dzotsinuwo, ametagbɛwo, agbawo, lifigbaviwo, dzoɖenuwo, ʋɔtruŋuga siwo le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋu gawo kple Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋutɔ ƒe ʋɔtruwo ŋu gawo.
51
Alea ye dɔ siwo katã fia Salomo wɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu wu nu nye esi. Etsɔ nu siwo katã ŋu tɔ́a David kɔ̀ siwo nye klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnuawo la va dzra ɖo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒe la.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22