bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 17
1 Kings 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 18 →
1
Eliya, Tisbitɔ, si tso Tisbe le Gilead la gblɔ na Axab be: “Metà Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu ame si ŋkume mele tsitre ɖo la ƒe agbe: Zãmu alo tsi madza le ƒe siawo me o, negbe ɖe meɖe gbe na wo hafi.”
2
Aƒetɔ ƒe gbe va nɛ be:
3
“Dzo le afi sia yi ɣedzeƒe gome, eye nàyi ɖabè ɖe Krit-tɔʋu si le Yordan ƒe ɣedzeƒe la to.
4
Nànɔ tɔʋua me tsi nom; medɔ akpaviawo be woanyi wò le afi ma.”
5
Ale Eliya wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ nɛ be newɔ. Eyi ɖale Krit-tɔʋua to le Yordan ƒe ɣedzeƒe.
6
Akpaviawo tsɔa abolo kple lã vanɛ nɛ ŋdi kple fiẽ, eye wòyina ɖanoa tsi le tɔʋu la me.
7
Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔʋua mie elabe tsi megale dzadzam le anyigba la dzi o.
8
Tete Aƒetɔ ƒe gbe va nɛ be:
9
“Dzo le afii nàyi Zarefat, si nye Sidontɔwo ƒe du, ne nàɖanɔ afi ma. Kpɔ ɖa, megblɔ na ahosi aɖe si le afi ma la be nenyi wò.”
10
Ale Eliya dze mɔ ɖo ta Zarefat. Esi wòɖo dua ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, ahosi aɖe le afi ma le nake fɔm. Eyɔe gblɔ nɛ be: “Ku tsi vi aɖe ɖe nane me vɛ nam mano.”
11
Esi wòyina tsia ku ge la, eyɔe gagblɔ nɛ be: “Tsɔ abolo kakɛ aɖe hã ɖe asi vɛ.”
12
Eɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ, wò Mawu ƒe agbe be naneke mele mía si o, negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami vi aɖe le goe me. Azɔ hafi mele nake wuwlui aɖewo fɔm ne mayi ɖaɖae, ne nye kple vinye míaɖu ko ne míaku.”
13
Eliya xɔ edzi nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Yi ɖawɔ nu si nèbe yeawɔ, gake tsɔ wɔa tɔ tatali vi aɖe vɛ nam gbã, emegbe hafi nàdi nane awɔ na wò ŋutɔ kple viwò.
14
Elabe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu be: ‘Wɔzea maɖi gbɔlo o, eye ami si le goea me la hã mavɔ o, va se ɖe gbe si gbe Aƒetɔ ana tsi agadza ɖe anyigbaa dzi.’ ”
15
Ahosi la yi ɖawɔ nu si Eliya gblɔ nɛ. Ale eya ŋutɔ kple ŋutsua kpakple ahosia vi wokpɔ nu ɖu ŋkeke geɖe.
16
Wɔ mevɔ le wɔzea me o, eye ami si le goea me la hã mevɔ o, le Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to Eliya dzi la nu.
17
Le esia megbe la, nyɔnu si nye aƒenɔa la vi va dze dɔ. Dɔa nu sesẽ ale gbegbe be gbɔgbɔ megale dɔnɔa me o.
18
Tete nyɔnua bia Eliya be: “Mawu ƒe ame! Nya kae le nye kpli wò dome? Ɖe nèva be yeana woaɖo ŋku nye nuvɔ̃ dzi ne vinye nakua?”
19
Eɖo eŋu nɛ be: “Kɔ ɖevia do ɖem.” Exɔ ɖevia le nyɔnua si, kɔe yi xɔtamexɔ si wonae wòle eme mlɔm la me, eye wòtsɔe mlɔ eya ŋutɔ ƒe aba dzi.
20
Tete wòdo ɣli gblɔ na Aƒetɔ be: “O Aƒetɔ, nye Mawu, ahosi si gbɔ meva dze la hã dzie nèhe dzɔgbevɔ̃e vɛ ale, to via wuwu mea?”
21
Tete wòdra eɖokui ɖe ɖevi la dzi zigbɔzi etɔ̃, eye wòdo ɣli gblɔ na Aƒetɔ be: “Aƒetɔ, nye Mawu, nà ɖevi sia ƒe agbe nagbugbɔ va eyama me.”
22
Aƒetɔ se Eliya ƒe gbe; ɖevi la ƒe agbe gbugbɔ va eme, eye wògbɔ agbe.
23
Eliya ɖi tso xɔtamexɔ la me kple ɖevia, eye wòtsɔe de asi na nɔa hegblɔ be: “Kpɔ ɖa! Viwòa gbɔ agbe!”
24
Ale nyɔnu la gblɔ na Eliya be: “Azɔ la, medze sii be Mawu ƒe ame nènye, eye Aƒetɔ ƒe nya si le nuwò la nye nyateƒe.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22