bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 22
1 Kings 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
1
Ƒe etɔ̃ va yi, eye aʋa aɖeke menɔ Siria kple Israel dome o.
2
Ke le ƒè etɔ̃lia me la, Yuda-fia Yosafat va Israel-fia gbɔ.
3
Israel-fia gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Mienya be Ramot, si le Gilead la, mía tɔe gake míexɔe le Siria-fia si oa?”
4
Tete wòbia Yosafat be: “Àyi aʋa kplim le Ramot-Gilead mahã?” Yosafat ɖo eŋu na Israel-fia be: “Nye kple wòe; nye amewo nye wò amewo, eye nye sɔwo nye wò sɔwo.”
5
Ke Yosafat gagblɔ na Israel-fia be: “Bia gbe Aƒetɔ se gbã.”
6
Tete Israel-fia yɔ gbeƒãɖelawo ƒo ƒu; woade ame alafa ene lɔƒo, eye wòbia wo be: “Mayi ɖawɔ aʋa kple Ramot si le Gilead loo, alo magayi oa?” Woɖo eŋu nɛ be: “Yi; elabe Aƒetɔ la atsɔe ade asi na fia la.”
7
Gake Yosafat gabia be: “Aƒetɔ ƒe gbeƒãɖela bubu aɖeke megale afi sia, ne míayi ɖabia nu le eya hã gbɔ kpɔ oa?”
8
Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat be: “Ɖeka aɖe gali, ame si gbɔ wobiaa nu Aƒetɔ le, eyae nye Mixa, Yimla vi. Gake melé fui elabe megblɔa nya nyui aɖeke ɖi le ŋunye gbeɖe o; vɔ̃ ko.” Yosafat xɔ edzi nɛ be: “Fia megagblɔ nenema o.”
9
Tete Israel-fia dɔ aƒedzikpɔla aɖe be: “Yi ɖakplɔ Mixa, Yimla vi, vɛ fifi laa.”
10
Fia eveawo, Israel-fia kple Yosafat, Yuda-fia, dometɔ ɖe sia ɖe do fiawu, bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi. Wole teƒe aɖe le lugbɔƒe le Samaria-du ƒe agbo nu eye gbeƒãɖelaawo katã le wo ŋkume le gbeƒã ɖem.
11
Zedekiya, Kenaana vi, tsɔ ga wɔ lã ƒe dzowo ɖe asi, eye wògblɔ be: “Aƒetɔ be: ‘Esiawoe nàtsɔ tu Siriatɔwo va se ɖe esime woatsrɔ̃ avɔ ɖa.’ ”
12
Gbeƒãɖelaawo katã ɖe gbeƒã nenema be: “Ho yi Ramot-Gilead. Àɖu dzi; Aƒetɔ atsɔe ade asi na fia la.”
13
Amedɔdɔ si yi Mixa yɔ ge la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, gbeƒãɖelaawo ƒe gbe sɔ: wo katã wogblɔ nya nyui na fia la; nà wò nya nanɔ abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene eye nàgblɔ nya nyui.”
14
Gake Mixa gblɔ be: “Metà Aƒetɔ ƒe agbe, be nya si Aƒetɔ gblɔ nam la, eyae magblɔ.”
15
Esi wòva ɖo fiaa gbɔ la, fiaa biae be: “Mixa, mího aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo mímegayi oa?” Eɖo eŋu na fiaa be: “Miho yi; miaɖu dzi; Aƒetɔ atsɔe ade asi na fia la.”
16
Gake fia la gblɔ nɛ be: “Zi nenie matà wò, be nàgblɔ nyateƒe nam le Aƒetɔ ŋkɔ me?”
17
Mixa gblɔ be: “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe towo dzi abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene, eye Aƒetɔ gblɔ be: ‘Aƒetɔ aɖeke mele ame siawo nu o; wo dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi eƒeme le ŋutifafa me.’ ”
18
Tete Israel-fia gblɔ na Yosafat be: “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nya nyui aɖeke ɖi nam gbeɖe o; vɔ̃ ko.”
19
Mixa gblɔ be: “Eya ta se Aƒetɔ ƒe nya. Mekpɔ Aƒetɔ wòbɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ la katã le tsitre ɖe eƒe ɖusime kple miame,
20
eye Aƒetɔ gblɔ be: ‘Ame kae able Axab ade me wòayi aɖatsi aʋa le Ramot-Gilead?’ Ame si be ale, ame kemɛ be ale.
21
Tete gbɔgbɔ aɖe do va tsi tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume hegblɔ be: ‘Nyee ablee.’
22
Aƒetɔ biae be: ‘Ale ke nèle esia wɔ gee?’ Eɖo eŋu be: ‘Mayi, eye manye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe gbeƒãɖelawo katã ƒe nu me.’ Tete Aƒetɔ be: ‘Wòe ablee; wòe aɖu dzi; yi naɖawɔ nenema.’
23
Eya ta azɔ la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ e tsɔ aʋatsogbɔgbɔ de nu me na wò gbeƒãɖela siawo katã; Aƒetɔ gblɔ dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”
24
Tete Zedekiya, Kenaana vi la, zɔ va Mixa gbɔ va ƒo tome nɛ, biae be: “Ale kee Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ do go tso menye hafi va ƒo nu na wò?”
25
Mixa ɖo eŋu nɛ be: “Kpɔ ɖa, àdze sii gbe si gbe nàsí ayi ɖabè ɖe xɔ etometɔ ke me.”
26
Tete Israel-fia ɖe gbe be: “Milé Mixa eye mikplɔe yi dumegã Amon kple fiavi Yoas gbɔ.
27
Migblɔ na wo be, fia be: ‘Mide ame sia gaxɔ me, eye minɔ abolo vi aɖe kple tsi vi aɖe ɖeɖe ko nam eyama va se ɖe esime metrɔ gbɔ le ŋutifafa me.’ ”
28
Mixa be: “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Aƒetɔ meƒo nu to dzinye o.” Mixa gblɔ be: “Mi dukɔwo katã misee!”
29
Ale Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat yi Ramot-Gilead.
30
Israel-fia gblɔ na Yosafat be: “Matrɔ ɖokuinye ado awu bubu ayi aʋa la nu; ke wò ya nɔ wò fiawuawo me.” Ale Israel-fia ɖɔli eƒe awuawo eye wòyi aʋa la nu.
31
Siria-fia ɖe gbe na eƒe tasiaɖam-megã bla etɔ̃ vɔ eveawo da ɖi tsã be: “Migakpe kple ame tsɛ alo amegã bubu aɖeke o, ke boŋ mikpe kple Israel-fia dzaa ko.”
32
Esime tasiaɖam-megãwo kpɔ Yosafat la, wogblɔ be: “Israel-fia kokokoe nye ame sia”, eye wotrɔ ɖe eŋu be yewoayi ɖakpe kplii; ke Yosafat do ɣli.
33
Tete tasiaɖam-megãawo kpɔ be menye Israel-fiae o, eye wotrɔ le eyome.
34
Ke ŋutsu aɖe vu eƒe da me hedae kpɔ ko ɖeko aŋutrɔa yi ɖaté Israel-fia le gawu si fiaa do la ƒe kpeƒe ɖeka. Fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be: “Trɔ ne nàkɔm dzoe le aʋa la nu; mexɔ abi.”
35
Aʋa la nu sẽ ŋutɔ gbe ma gbe, ale ɖe wolé Israel-fia la ɖe tsitrenu le eƒe tasiaɖam la me wòdze ŋgɔ Siriatɔwo. Eƒe ʋu ɖuɖu ɖe tasiaɖam la me fũu. Le fiẽ me la, eku.
36
Le ɣe ƒe toɖoɣi lɔƒo la, ɣli ɖi to asaɖa la me be: “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me; ame sia ame neyi wo denyigba dzi!”
37
Ale fia la ku, eye wotsɔe va Samaria va ɖi ɖe afi ma.
38
Wova klɔ tasiaɖam la le Samaria-ta to. Avuwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu, eye gbolowo va le tsi le ta la me, abe ale si Aƒetɔ la gblɔe do ŋgɔ be ava va eme ene.
39
Azɔ nu bubu siwo katã hã Axab wɔ, ale si wòtsɔ nyiɖu tu xɔ blibo, du siwo katã wòtso la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
40
Ale Axab mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, eye via Axazya zu fia ɖe eteƒe.
41
Yosafat, Asa vi, zu fia le Yuda le Israel-fia Axab ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè enelia me.
42
Yosafat xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe bla eve vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Azuba, Silxi vinyɔnu.
43
Eto tɔ́a Asa ƒe ʋe me pɛpɛpɛ; medze to ɖusime alo miame o, ke boŋ ewɔ nu si dzè le Aƒetɔ ŋkume. Gake meɖe nuxeƒewo ɖa o, eye amewo gayia afi mawo ɖasaa vɔ loo, alo tɔa dzo lifi.
44
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Yosafat wɔ ŋutifafa kple Israel-fia.
45
Azɔ nu bubu siwo katã hã Yosafat wɔ, ale si gbegbe wòwɔ kalẽ kple aʋa siwo wòwɔ ŋunya la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
46
Etsrɔ̃ ŋutsu nuxeƒe gbolowɔla siwo gasusɔ ɖe anyigba la dzi le tɔ́a Asa ŋɔli la katã.
47
Fia aɖeke menɔ Edom-nyigba nu o, ke boŋ dudzikpɔla aɖe ko Yuda-fia tia tsɔ ɖo enu.
48
Yosafat tu tɔdziʋu aɖewo wole abe Tarsis-ʋuwo ene be woayi Ofir aɖaku sika vɛ. Gake womete ŋu ɖo o; wonyrɔ le Ezeon-Geber.
49
Le ɣe ma ɣi la, Axab viŋutsu Axazya gblɔ na Yosafat be: “Na nye dɔlawo kple wò dɔlawo nanɔ ʋuawo me.” Gake Yosafat melɔ̃ o.
50
Yosafat ku, eye woɖii ɖe tɔ́awo gbɔ le tɔ́a David ƒe du la me. Via Yoram zu fia ɖe eteƒe.
51
Axazya, Axab vi, zu Israel-fia le Yuda-fia Yosafat ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè wui adrẽlia me. Eƒe nɔƒee nye Samaria. Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe eve.
52
Eƒe agbenɔnɔ medze Aƒetɔ ŋu kura o; enɔ agbe abe tɔ́a kple nɔa ene; eƒe azɔli me sɔ kple Yerobeam, Nebat vi, ame si ble Israel de nuvɔ̃ me la tɔ.
53
Esubɔ Baal, de ta agu nɛ, eye wòto esia me do dziku na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, abe ale si tɔ́a wɔ ene tututu.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22