bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 21
1 Kings 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 22 →
1
Azɔ la, waingble aɖe nɔ Yezreeltɔ aɖe, si ŋkɔe nye Nabot la si le Yezreel. Agble sia xe ɖe Samaria-fia Axab ƒe fiasã ŋu tututu.
2
Gbe ɖeka la, Axab gblɔ na Nabot be: “Tsɔ wò waingble la nam ne manɔ amagbewo kple detsiƒonu bubuwo dom ɖe eme, elabe ete ɖe nye aƒe ŋu nyuie ŋutɔ. Matsɔ waingble bubu si nyo wu esia la na wò ɖe eteƒe. Alo ne enyo na wò la, do asi ɖe eŋu nam ne maxe fea na wò.”
3
Ke Nabot ɖo eŋu na Axab be: “Matsɔ tɔgbuinyewo ƒe domenyinu na wò! Aƒetɔ nete esia ɖa xaa tso gbɔnye.”
4
Tete Axab yi aƒeme. Eɖo adã eye dzi kui le nya si Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ be: “Nyemate ŋu atsɔ tɔgbuinyewo ƒe domenyinu na wò o” ta. Eyi ɖamlɔ anyi, trɔ mo ɖe aga, eye wògbe be yemaɖu nu o.
5
Srɔ̃a Izebel va egbɔ biae be: “Nu ka ta nèlé blanui ale gbegbe be nègbe nuɖuɖu?”
6
Eɖo eŋu nɛ be: “Elabe meƒo nu kple Nabot, Yezreeltɔ la gblɔ nɛ be: ‘Tsɔ wò waingble nam maƒle, alo ne èlɔ̃ la, nàtsɔe nam ne mana bubu wò ɖe eteƒe.’ Ke eɖo eŋu be: “Nyematsɔ nye waingble na wò o.”
7
Ke srɔ̃a Izebel gblɔ nɛ be: “Èle fia ɖum ɖe Israel dzi fifiaa? Fɔ nàɖu nu, nana wò dzi nadze me. Matsɔ Yezreeltɔ Nabot ƒe waingble la na wò.”
8
Tete wòŋlɔ agbalẽwo le Axab ƒe ŋkɔ me, tsɔ Axab ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ wo dzi, eye wòɖo wo ɖe dumegãwo kple bubume siwo le du si me Nabot le la me.
9
Eŋlɔ ɖe agbalẽawo me be: “Miɖe gbeƒã be woatsi nu adɔ, eye woakplɔ Nabot aɖo dukɔa ŋgɔ.
10
Mina yakame eve nadze ŋgɔe, eye miana woatso enu agblɔ be: ‘Èdo ɖiŋu na Mawu kple fia la.’ Eyome mikplɔe do goe eye miƒu kpee wòaku.”
11
Ale dua me ŋutsuwo, dumemetsitsiwo kple bubume siwo le dua me la wɔ nu si Izebel ŋlɔ be woawɔ la. Abe ale si wòŋlɔ ɖe agbalẽawo me ɖo ɖe wo ene la,
12
woɖe gbeƒã be woatsi nu adɔ, eye wokplɔ Nabot da ɖe dukɔa ŋgɔ.
13
Tete yakame eve va nɔ anyi dze ŋgɔe. Woɖi ɖase tso enu le dukɔa ŋkume gblɔ be: “Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la.” Ale wokplɔe yi dua godo, eye woƒu kpee wòku.
14
Tete wodɔ ame ɖe Izebel be: “Woƒu kpe Nabot; eku.”
15
Enumake esi Izebel se be woƒu kpe Nabot wòku la, Izebel gblɔ na Axab be: “Tso nàyi ɖaxɔ Nabot, Yezreeltɔ la ƒe waingble si wògbe be yematsɔ na wò nàƒle o la. Nabot megale agbe o; eku.”
16
Enumake esi Axab se be Nabot ku la, edze mɔ be yeayi Nabot, Yezreeltɔ la ƒe waingble la me aɖaxɔe wòazu ye tɔ.
17
Tete Aƒetɔ gblɔ na Eliya, Tisbitɔ la be:
18
“Tso nàɖakpe Israel-fia Axab ame si le Samaria. Kpɔ ɖa, ele Nabot ƒe waingble me be yeaɖaxɔ agblea atsɔ wɔ ye tɔe.
19
Gblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ be: Afi si avuwo ɖuɖɔ Nabot ƒe ʋu le la, afi ma ke woaɖuɖɔ wò hã tɔwò le.’ ”
20
Axab gblɔ na Eliya be: “O! Nye futɔ, èva ke ɖe ŋunyea?” Eliya ɖo eŋu nɛ be: “Megava ke ɖe ŋuwò, elabe ètsɔ ɖokuiwò dzra be yeawɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume.
21
Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò. Mana navɔ ɖa keŋkeŋ; matsrɔ̃ wò ƒomea me ŋutsuwo katã, kluviwo kple aƒeviwo siaa le Israel.
22
Mawɔ wò ƒome abe Yerobeam, Nebat vi ƒe ƒome kple Baesa, Axiya vi ƒe ƒome ene, elabe èdo dziku nam eye nèna Israel wɔ nuvɔ̃.
23
Le Izebel hã gome la, Aƒetɔ be: ‘Avuwo aɖu Izebel ƒe kukua le Yezreel-du me.’
24
Ne Axab ƒe ame aɖe ku le Yezreel-du me la, avuwo aɖu eƒe kukua, eye ne Axab ƒe ame aɖe ku le gbedzi la, dziƒoxeviwo aɖu eƒe kukua.”
25
Ame aɖeke menɔ anyi kpɔ, si tsɔ eɖokui dzra be yeawɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume abe Axab, ame si srɔ̃a Izebel ble de eme la ene o.
26
Axab wɔ ŋunyɔnu kplɔ legbawo ɖo abe ale si Amoritɔwo, ame siwo Aƒetɔ nyà ɖa le Israelviwo ŋgɔ la, wɔ ene.
27
Esi Axab se Eliya ƒe nyaawo la, edze eƒe awuwo eye wòtsi nu dɔ, ta akpanya mlɔ anyii; enɔ yiyim nublanuitɔe.
28
Tete Aƒetɔ gblɔ na Eliya Tisbitɔ la be:
29
“Èkpɔ ale si Axab bɔbɔ eɖokui le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui le ŋkunye me ta la, nyemana dzɔgbevɔ̃e la nadzɔ le eƒe agbenɔɣi o; ke boŋ mana wòadzɔ ɖe eƒe aƒe dzi le via ƒe agbenɔɣi.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22