bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 10
1 Kings 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 11 →
1
Azɔ esi Saba-fianyɔnu se ale si Salomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo to Aƒetɔ ƒe dɔmenyonyo nɛ me la, eva Salomo gbɔ be yeatsɔ biabia sesẽ aɖewo ava doe kpɔ.
2
Eva Yerusalem kple fiaŋumewo ƒe ha gã aɖe kple kposɔ siwo wòtsɔ atike ʋeʋẽewo, sika kple kpe xɔasiwo do agba ɖo wo dzi zã la. Esi wòɖo Salomo gbɔ la, egblɔ nya siwo katã le susu me nɛ la nɛ.
3
Salomo ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, ɖeke mewu fia la o; nya aɖeke meli si me mete ŋu ɖe nɛ o.
4
Esi Saba-fianyɔnu la kpɔ Salomo ƒe nunya katã, eye wòkpɔ xɔ si wòtu,
5
nuɖuɖu siwo tɔgbe vaa eƒe kplɔ̃ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eƒe dɔlawo ƒe subɔsubɔ, awu siwo tɔgbe eƒe subɔlawo do, eƒe ahakulawo kple numemevɔsa siwo wòwɔna le Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, gbɔgblɔ bu ɖee.
6
Tete wògblɔ na fia Salomo be: “Nya siwo mese le mía de le wò nunya kple nu siwo keŋ nèwɔ ŋu la nye nyateƒe.
7
Ke nyemexɔ wo dzi se o va se ɖe esime meva afi sia va kpɔ nuawo kple ŋku. Le nyateƒe me la, womegblɔ woƒe afã gɔ̃ nam o. Wò nunya kple kesinɔnuwo gbɔ ale si woƒo nu tso wo ŋu nam la ta sãa.
8
A! Srɔ̃wòwo tɔ me nyo loo! Wò subɔla siwo nɔa tsitre ɖe gbɔwò enuenu eye wosea wò nunya la tɔ me nyo loo!
9
Edze be woakafu Aƒetɔ, wò Mawu be wò nu nyo eŋu eye wòtsɔ wò ɖo Israel-fiazikpui dzi. Lɔlɔ̃ mavɔ wòtsɔ lɔ̃ Israel, eya tae wòtsɔ wò ɖo fia ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ahawɔ nu dzɔdzɔe.”
10
Tete wòtsɔ nunana siwo wòtsɔ ɖe asi vɛ na fia Salomo la nɛ, esiwo nye: sika kilo akpe ene kple kple atike ʋeʋẽewo fũu kpakple kpe xɔasiwo ƒe agbɔsɔsɔ gã aɖe hã. Ame aɖeke megatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ na Salomo wòsɔ gbɔ de Saba-fianyɔnu la tɔ nu kpɔ o.
11
Xiram ƒe tɔdziʋu siwo tsɔa sika tso Ofir vanɛ tsã la, tsɔa papawutiwo kple kpe xɔasiwo hã vɛ fũu.
12
Salomo tsɔ atiawo ƒe ɖe wɔ adzralawo ɖe Aƒetɔ ƒe xɔ la kple eƒe xɔ la ŋu, eye wòtsɔ ɖewo kpa saŋkuwo kple kasaŋkuwo na hadzilawo. Papawuti nyui ŋutɔŋutɔwo wonye. Womegatsɔ wo ƒomevi vɛ kpɔ o. Womegakpɔ wo tɔgbe kpɔ le Israel o va se ɖe egbe.
13
Fia Salomo na nu siwo katã Saba-fianyɔnu la di kple nu siwo katã wòbiae lae, kpe ɖe nu siwo eya Salomo ŋutɔ nae le eɖokui si la ŋuti. Tete fianyɔnua kple eƒe dɔlawo gbugbɔ yi wo denyigba dzi.
14
Ƒè sia ƒè la, sika si katã Salomo kpɔna tso teƒe vovovowo la ƒe kpekpeme dea kilo akpe bla eve vɔ etɔ̃ kple edzivɔwo.
15
Ke womebu nudzralawo, asitsala gãwo, Arabia-fiawo katã kple anyigbadzikpɔlawo tɔ ɖe eme o.
16
Fia Salomo tsɔ sika si woƒo la wɔ akpoxɔnu gã alafa eve. Sika kilo abe ade enee yi ɖe akpoxɔnu siawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ me.
17
Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu sue alafa etɔ̃ hã; sika abe kilo eve ŋudɔe wowɔ na ɖe sia ɖe. Fiaa na wodzra akpoxɔnuawo katã ɖo ɖe Lebanon-vexɔ la me.
18
Salomo na wokpa nyiɖufiazikpui gã aɖe hã nɛ, eye wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu katã kloe.
19
Atrakpui fɔflɔ ade le fiazikpui la ŋu, eye nyivi ƒe ta le medeƒe la; abɔɖoƒewo le anyinɔƒe la ƒe axa kple eve dzi eye dzata eve le tsitre le abɔɖoƒeawo ŋu.
20
Azɔ dzata wui eve le tsitre ɖe afi ma le atrakpui fɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Womewɔ fiazikpui sia tɔgbe le fiaɖuƒe aɖeke me kpɔ o.
21
Nu siwo katã me Salomo noa nu le la nye sika ɖeɖe sɔŋ, eye le Lebanon-vexɔ me ya la, nu siwo katã me woɖua nu alo noa nu le la nye sikanuwo ɖeɖe sɔŋ. Wometsɔ klosalo wɔ ɖeke o, elabe le Salomo ŋɔli la, asixɔxɔ gobi aɖeke menɔ klosalo ŋu o.
22
Tɔdziʋuwo nɔ fia Salomo si. Ʋu siawo kple Xiram tɔwo dea didiƒenyigbawo dzi. Le ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ megbe la, wokua sika, klosalo, nyiɖu, kesewo kple yevutsaxewo gbɔnɛ.
23
Fia Salomo ƒo anyigba dzi fiawo katã ta le nunɔamesi kple nunya gome.
24
Le xexea me ƒe afi sia afi la, amewo dina be yewoayi egbɔ aɖase eƒe nunya si Mawu de susu me nɛ la ɖa.
25
Ƒè sia ƒè la, amewo tsɔa nunanawo abe klosalonuwo, sikanuwo, awuwo, kotoklobo, atike ʋeʋẽewo, sɔwo kple tedzisɔwo ene ɖe asi vanɛ nɛ.
26
Salomo ƒo tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu ƒu. Eƒe tasiaɖamwo de akpe ɖeka alafa ene, eye eƒe sɔdolawo ya de akpe wui eve, eye wòtsɔ wo da ɖe tasiaɖamduwo me kple fia gbɔ le Yerusalem.
27
Fia Salomo na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe kpe ene, eye wòna sedertiwo xɔ afi sia afi abe ale si sikamortiwo bɔ ɖe bali me ene.
28
Salomo kpɔa sɔwo tso Egipte kple Kue. Fia ƒe asitsalawo yina ɖaƒlea wo vanɛ.
29
Ne woƒle tasiaɖam tso Egipte vɛ la, wodzranɛ klosaloga alafa ade. Wodzraa sɔ ya klosaloga alafa ɖeka bla atɔ̃. Fia ƒe asitsalawo kee yina ɖaƒlea wo va dzrana na Xititɔwo ƒe fiawo kple Siria-fiawo hã.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22