bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 11
1 Kings 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 12 →
1
Azɔ la, fia Salomo lɔ̃ dzronyigba dzi nyɔnu geɖe siwo nye: Egipte Fiagã la vinyɔnu, eɖe Moab, Amori, Edom, Sidon kple Xiti nyɔnuwo hã.
2
Eɖe wo tso dukɔ siwo ŋu Aƒetɔ de se le na Israelviwo le be: “Migaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye woawo hã megava ɖe srɔ̃ tso mia dome o, elabe woatrɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu kokoko.” Gake Salomo ku ɖe wo ŋu eye wòlɔ̃ wo.
3
Eɖe srɔ̃ alafa adrẽ siwo nye fia srɔ̃wo, eye wòɖo ahiãvi alafa etɔ̃ kpe wo. Srɔ̃awo trɔ eƒe dzi
4
elabe esi Salomo va tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi megalé ɖe Aƒetɔ, eƒe Mawu ŋu le nyateƒe me bliboe abe tɔ́a David tɔ ene o.
5
Elabe Salomo de asi Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu Astarte kple Amontɔwo ƒe ŋunyɔnu Milkom subɔsubɔ me.
6
Ale Salomo wɔ nu si nye vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume; melé Aƒetɔ ƒe se la me ɖe asi kplikpaa abe ale si tɔ́a David wɔ ene o.
7
Tete Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex si nye Amon viwo ƒe ŋunyɔnu ɖe to dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe.
8
Ewɔ esia na srɔ̃a siwo katã nye dzronyɔnuwo, ame siwo tɔa dzo lifi eye wosaa vɔ na wo demawuwo la.
9
Aƒetɔ do dziku ɖe Salomo ŋu, elabe eƒe dzi trɔ le Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, ame si ɖe eɖokui fiae zigbɔzi eve la yome.
10
Togbɔ be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de se nɛ be negasubɔ mawu bubuwo o hã la, mewɔ Aƒetɔ ƒe sedede la dzi o.
11
Eya ta Aƒetɔ gblɔ na Salomo be: “Esi nu sia tɔgbe le tame na wò, eye mèlé nye nubabla kple nye ɖoɖo siwo megblɔ na wò la me ɖe asi o la, eya ta madu fiaɖuƒe la ɖa le asiwò atsɔ na wò dɔla.
12
Ɖe mebe mawɔe le wò ŋutɔ ŋkuwò me hafi, gake le tɔ́wò David ta nyemawɔe le wò agbenɔɣi o. Ke boŋ madui le viwò ŋutsu ƒe asi me.
13
Nyemadu fiaɖuƒe la katã le esi o. Le nye dɔla David kple Yerusalem, du si metia tsɔ wɔ nye ŋutɔ nye du ta la, magblẽ Israel ƒe to ɖeka ɖe esi me.”
14
Tete Aƒetɔ na Edomtɔ aɖe si ŋkɔe nye Hadad la zu futɔ helihelĩ na Salomo. Etso Edom fiaƒome me.
15
Elabe esi David le Edom eye Yoab, aʋakɔa kplɔla yi ame tsiaʋawo ɖi ge la, David wu ŋutsu ɖe sia ɖe le Edom.
16
Elabe Yoab kple Israel blibo la tsi afi ma ɣleti ade sɔŋ, va se ɖe esime David wu ŋutsuwo katã le Edom,
17
negbe Hadad kple tɔ́a ƒe dɔla aɖewo siwo hã nye Edomtɔwo la koe te ŋu sí yi Egipte. Hadad nye ɖevi dzaa ko le ɣe ma ɣi me.
18
Wodze mɔ tso Midian va Paran yi ɖado ɖe Egipte. Esi woɖo Paran la, wokplɔ ŋutsu aɖewo ɖe asi va Egipte. Egipte Fiagã la na aƒe Hadad be nenɔ eme. Enɔ edzi kpɔm kple nuɖuɖu, eye wòna anyigba hãe.
19
Hadad ƒe nu nyo fiaa ŋu ale gbegbe be wòtsɔ srɔ̃a Taxpenes nɔvinyɔnu nɛ wòɖe.
20
Nyɔnu sia dzi ŋutsuvi na Hadad. Wotsɔ ŋkɔ nɛ be Genubat. Taxpenes na wonyii le Egipte Fiagã la ƒe fiasã me le fia ŋutɔ viwo dome.
21
Ke esi Hadad va se be fia David ku, eye David ƒe aʋakplɔla Yoab hã ku la, eyi ɖagblɔ na Egipte Fiagã la be: “Fia, ɖe mɔ nam ne matrɔ yi aƒe.”
22
Egipte Fiagã la biae be: “O! Ɖe mewɔ nane ɖe ŋuwò ta nèdi be yeadzoa? Alo ɖe nane hiã wò si nyemele wɔwɔm na wò oa?” Hadad ɖo eŋu be: “Naneke mehiãm kura o; gake ɖe mɔ nam mayi ko.” Ale fia la ɖe mɔ nɛ wòdzo. Esi wòɖo aƒe la, wo detɔwo tsɔe ɖo fia ɖe woƒe dukɔa nu. Tete Hadad zu Israel-dukɔ ƒe futɔ gãtɔ kple vloetɔ.
23
Mawu gaɖo futɔ gã bubu aɖe na Salomo. Eyae nye Rezon, Elyada vi, ame si sí tso eƒe aƒetɔ Zoba-fia Hadadezer gbɔ,
24
esime David ɖu wo dzi. Rezon ƒo asrafo aɖewo nu ƒu kpe ɖe eɖokui ŋu eye wòtrɔ zu adzohakplɔla. Mlɔeba la, woʋu yi Damasko, ɖanɔ afi ma eye wòva zu fia le Damasko.
25
Enye Israel ƒe futɔ le Salomo ƒe ŋkekewo katã me henɔ nu vlo wɔm abe Hadad ene. Elé fu Israel, eye wòɖu fia ɖe Siria dzi.
26
Fia Salomo ƒe futɔ helihelĩ ɖeka hãe nye Yerobeam, Nebat vi, ame si nye Salomo ŋumewo dometɔ ɖeka tsã hafi. Etso Efrayim-du aɖe si ŋkɔe nye Zerada la me. Nɔa nye ahosi, eŋkɔe nye Zerua.
27
Nu si he masɔmasɔ va eya kple Salomo dome nye be: Salomo tu Milo la, eye wòxe tɔ́a David ƒe du la ƒe ʋe.
28
Yerobeam hã nye ŋutsu si ŋu ŋutete le, eye esi Salomo kpɔ be ɖekakpui la doa vevie dɔ ta la, etsɔe ɖo dzizizidɔwo katã nu le Yosef ƒe aƒe la me.
29
Gbe ɖeka esi Yerobeam tso le Yerusalem yina afi aɖe la, eya kple gbeƒãɖela Axiya si tso Silo la va do go le mɔ dzi. Axiya do awu ʋlaya yeye eye wo ame eve la do go le mɔa dzi le gbedome.
30
Tete Axiya lé awu ʋlaya yeye si le eŋu la, dzee kakɛkakɛ ɖe akpa wui eve me,
31
eye wògblɔ na Yerobeam be: “Tsɔ dzedzee ewo, elabe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, le gbɔgblɔm na wò be: ‘Kpɔ ɖa, madu fiaɖuƒe la le Salomo si, eye matsɔ eme to ewo na wò.
32
Le nye dɔla David kple le Yerusalem-du si metia le Israel-nyigba blibo la dzi be wòanye nye ŋutɔ nye du ta, to ɖeka asusɔ nɛ.
33
Nu si ta mawɔ esia lae nye be Israelviwo gblẽm ɖi, yi ɖale ta dem agu na Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu Astarte, Moabtɔwo ƒe mawu Kemos kple Amontɔwo ƒe mawu Milkom. Salomo gbe toɖoɖom; ewɔ nuvɔ̃. Mezɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu abe tɔ́a David ene o.
34
Ke nyemaxɔ fiaɖuƒea katã le esi o. Ŋkeke ale si wòle agbe la, mana wòanɔ fiazikpuia dzi. Mawɔ esia le nye dɔla David, ame si metia, eye wòwɔ nye sewo dzi, zɔ ɖe nye ɖoɖowo nu la ta.
35
Gake maxɔ fiaɖuƒea le via si, eye matsɔ eme to ewo na wò.
36
Matsɔ to ɖeka ana via be akaɖi nasusɔ ɖi na David le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem, du si metia na ɖokuinye be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.
37
Eya ta, meɖo wò be nàɖu fia ɖe nu sia nu si dze ŋuwò la dzi eye nàɖui ɖe Israel dzi.
38
Ne èɖo tom le nu sia nu me, zɔ ɖe nye sewo nu, eye nèwɔ nye ɖoɖowo katã dzi heto ema me na mekpɔ ŋudzedze le ŋuwò, abe ale si mekpɔ ŋudzedze le nye dɔla David ŋu ene la, manɔ kpli wò ɣeawo katã ɣi. Maɖo fia wò ɖe Israel nu, eye makpɔ gbɔ be wò dzidzimeviwo ɖu fia ɖe yowòme abe ale si mewɔe na David ene.
39
Mahe to na David ƒe dzidzimeviwo le esia ta, ke manye tegbee o.’ ”
40
Le esia ta Salomo di mɔnu le Yerobeam ŋu be yeawu. Ale Yerobeam sí yi fia Sisak gbɔ le Egipte, eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Salomo ku.
41
Salomo ŋutinya susɔea, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe nunya ŋu nya la, woŋlɔ wo ɖe “Salomo Ŋutinyagbalẽ” la me.
42
Salomo ɖu fia le Yerusalem ƒe bla ene ɖe Israel-nyigba blibo la katã dzi.
43
Salomo ku eye woɖii ɖe tɔ́a David ƒe du la me. Via Rexabeam ɖu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22