bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 12
1 Kings 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 13 →
1
Rexabeam yi Sixem elabe Israel-dukɔ la katã va ɖi anyi ɖe Sixem be yewoatsɔe ɖo fiae.
2
Esi Yerobeam, Nebat vi, see la elabe egale Egipte, afi si wòsí le fia Salomo nu yi la), etrɔ gbɔ tso Egipte.
3
Tete wodɔ ame ɖo ɖee woɖayɔe vɛ. Tete Yerobeam kple Israel ƒe ameha la katã va eye wogblɔ na Rexabeam be:
4
“Tɔ́wò na míaƒe kɔkuti la kpe, eya ta ka tɔ́wò ƒe dɔ sesẽawo kple eƒe kɔkuti kpekpe si wòɖo mía dzi la dzi ɖe na mí, ekema míasubɔ wò.”
5
Eɖo eŋu na wo be: “Miyi ne miatrɔ va le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale wodzo.
6
Tete Rexabeam yɔ tɔ́a Salomo ƒe adaŋudelawo ƒo ƒu, eye wòbia wo be: “Aɖaŋu kae miaɖo nam ne matsɔ aɖo nya ŋu na dukɔ sia?”
7
Wogblɔ nɛ be: “Ne ànye subɔla na dukɔ sia egbe, asubɔ wo, eye nèƒo nu na wo nyuie tsɔ ɖo nya ŋu na wo la, ekema woasubɔ wò tegbee.”
8
Gake fiaa gbe ame tsitsiawo ƒe aɖaŋu si woɖo nɛ la, eye wòde adaŋu kple ɖekakpui siwo tsi kplii hele eŋu azɔ la.
9
Ebia wo be: “Ŋuɖoɖo ka miadi be míana dukɔ sia si va tum gblɔ be: ‘Ka kɔkuti si tɔ́wò ɖo mía dzi la dzi ɖe na mí?’ ”
10
Ɖekakpui siwo tsi kplii la gblɔ nɛ be: “Ale nàɖo eŋu na dukɔ si va gblɔ na wò be: ‘Tɔ́wò na míaƒe kɔkuti kpe, eya ta ka edzi ɖe na mí’ la nye esi: ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ tri wu tɔ́nye ƒe ali!
11
Tɔ́nye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi, ke nye la, mana miaƒe kɔkuti nakpe wu. Tɔ́nye la, atam wòtsɔ ƒo mi; ke nye ameƒoti anɔ abe dziɖegbetéame ene.”
12
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yerobeam kple dukɔ blibo la gava Rexabeam gbɔ abe ale si wòbia tso wo si ene.
13
Esi wova la, fia gbe ame tsitsiawo ƒe aɖaŋu la dzi wɔwɔ heƒo nu na wo kple adã
14
abe ale si eƒe ɖekakpuimezɔhɛawo gblɔ nɛ ene. Egblɔ na wo be: “Tɔ́nye na miaƒe kɔkuti kpe; nye la, mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi. Tɔ́nye la, atam wòtsɔ ƒo mi; nye la, nye ameƒoti anɔ abe dziɖegbetéame ene!”
15
Ale fiaa gbe be yemele dukɔa ƒe biabiaa dzi wɔ ge na wo o. Aƒetɔ ŋutɔe na nuawo va yi nenema, be nya si wògblɔ na Yerobeam, Nebat vi la to Axiya, Silotɔ la, dzi nava eme.
16
Esi Israel blibo la kpɔ be fiaa medi be yease yewoƒe nyaa me na yewo o la, woɖo eŋu na fia la be: “Gome ka kpɔ ge míele tso David gbɔ? Domenyinu ka le Yese vi la gbɔ na mí? Israel, yi wò agbadɔ me! David, kpɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israel dzo yi aƒe.
17
Ke Rexabeam nye fia ɖe Israelvi siwo le Yuda-duwo me la dzi ko.
18
Le nu siawo megbe la, edɔ Adoram ɖe Israelviawo gbɔ. Adoram siae nye fiaŋume si kpɔa dɔwɔwɔ na fia dzizizitɔe ƒe nyawo gbɔ. Esi wòyi la, ameawo fɔ kpe ƒui wòku. Fiaa se nya sia, eye wòge ɖe eƒe tasiaɖam me kaba sí yi Yerusalem.
19
Tso ema dzi la, Israel-fiaɖuƒea ƒe dzigbemetɔwo dze aglã heɖe wo ɖokui ɖa le David ƒe ƒome la ƒe ŋusẽ te gbidii va se ɖe egbe.
20
Esi Israelviawo se be Yerobeam trɔ gbɔ la, wogava ƒo ƒu, eye wodɔ ame ɖee. Eva, eye wolée ɖo fia ɖe Israel-dukɔ blibo la nu. Aleae Israelviwo gbe be David ƒe ƒome la megaɖu fia ɖe yewo dzi o; negbe Yuda-to dzaa koe.
21
Esi Rexabeam trɔ va ɖo Yerusalem la, eƒo eƒe aʋawɔla tiatia akpe alafa ɖeka bla enyi nu ƒu tso Yuda-to kple Benyamin-to me, be yeayi ɖawɔ aʋa kple Israel-fiaɖuƒea ƒe dzigbemetɔwo agbugbɔ wo va yeƒe ŋusẽ te.
22
Gake Mawu dɔ gbeƒãɖela Semaya
23
be neyi ɖagblɔ na Rexabeam kple Yuda-to la me tɔwo kpakple Benyamin-to la me tɔwo katã be:
24
“Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔvi Israelviwo o. Nye ŋutɔe na nu siawo le me vam. Ame sia ame negbugbɔ yi eƒeme.” Wo katã wose Aƒetɔ ƒe gbe, eye wotrɔ yi aƒe abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene.
25
Emegbe la, Yerobeam gbugbɔ Sixem-du la tso wòzu du sesẽ. Egbugbɔe tso ɖe enɔƒe xoxoa le Efrayim-to dzi eye wònɔ afi ma. Etso le afi ma, yi ɖatsò Penuel.
26
Yerobeam gblɔ le eƒe dzime be: “Azɔ fiaɖuƒe la agbugbɔ ayi David ƒe aƒe la gbɔ.
27
Ne dukɔ sia le Yerusalem yim ɖale vɔ sam le Aƒetɔ ƒe aƒeme la, ekema dukɔ sia ƒe dzi agatrɔ ɖe woƒe aƒetɔ Rexabeam Yuda-fia ŋu, eye woawum agbugbɔ ayi Rexabeam Yuda-fia gbɔ.”
28
Esi wòbu nya sia ŋu ʋuu la, susu aɖe va nɛ: ewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na eteviawo be: “Miaƒe Yerusalem dede la va glo azɔ. Israelviwo, miaƒe mawu siwo kplɔ mi dzoe le Egipte tsɔ va afi sia la woe nye esiawo!”
29
Etsɔ sikanyiviawo ƒe ɖeka ɖo Betel, tsɔ evelia ɖo Dan.
30
To esia me la, ena ameawo wɔ nuvɔ̃, be ɖewo yina ɖasubɔna le Betel, eye ɖewo hã yina ɖasubɔna le keke Dan ke.
31
Yerobeam tu nuxeƒexɔwo eye wòtia amewo tso ƒome ɖe sia ɖe me, menye tso Levi ƒomewo ɖeɖe ko me o, tsɔ ɖo nunɔlawoe.
32
Yerobeam de se hã be ele be ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia nanye ŋkekenyui woanɔ ɖuɖum le Israel-fiaɖuƒe yeyea me, abe ale si woɖunɛ le Yuda ene. Le ŋkekenyui ma ɖugbe la, esa vɔ le Betel vɔsamlekpui la dzi na sikanyitsu siwo wòwɔ la. Yerobeam tu nɔƒe koŋ hã ɖe afi ma na nunɔla siwo wɔa subɔsubɔdɔ le nuxeƒe siwo wòɖo anyi la dometɔ aɖewo.
33
Ede vɔsamlekpui si wòɖi ɖe Betel le dzinu enyilia ƒe ŋkeke wui atɔ̃a gbe la dzi. Eɖo ŋkeke sia le eya ŋutɔ ɖokui si eye wòɖoe wònye ŋkekenyui na Israel-dukɔ la; ede vɔsamlekpuia dzi be yeatɔ dzo lifi.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22