bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 15
1 Kings 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 16 →
1
Le Yerobeam, Nebat vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me la, Abiyam zu fia le Yuda.
2
Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Maaxa, Abisalom vi.
3
Enɔ agbe le nuvɔ̃ siwo katã tɔ́a wɔ va yi la me eye eƒe dzi menɔ Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋu le nyateƒe me bliboe abe tɔ́a David ƒe dzi ene o.
4
Gake le David ta la Aƒetɔ, eƒe Mawu na akaɖi aɖee le Yerusalem, be wòɖo via eyome ale be wòalé Yerusalem ɖe te.
5
Elabe David wɔ nu si nyo le Aƒetɔ ŋkume eye meda Aƒetɔ ƒe sewo dometɔ aɖeke dzi le eƒe agbe me ŋkekewo me o, negbe le Uriya, Xititɔ la ƒe nya me ko.
6
Azɔ la, aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
7
Abiyam ŋutinya susɔea kple nu bubu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
8
Abiyam ku, eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via Asa zu fia ɖe eyome.
9
Le Israel-fia Yerobeam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla evelia me la, Asa zu fia ɖe Yuda-dukɔ nu.
10
Eɖu fia ƒe bla eve vɔ ɖekɛ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Maaxa, Abisalom vinyɔnu.
11
Asa wɔ nu si dzè, le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si tɔ́a David wɔ ene.
12
Enyà ŋutsu nuxeƒe gbolowɔlawo ɖa le anyigba la dzi eye wòlɔ legba siwo katã tɔgbuiawo wɔ la ƒu gbe.
13
Eɖe nɔa Maaxa, nyɔnufia la, ɖa le zi dzi, elabe Maaxa wɔ nyɔnumawu Asera ƒe legba si nye ŋunyɔnu wòle esi la. Asa mu legba la ƒu anyi, eye wòkɔe yi ɖatɔ dzoe le Kidron-tɔʋu nu.
14
Ke womeɖe nuxeƒeawo ɖa o. Gake hã, Asa ƒe dzi lé ɖe Aƒetɔ ŋu goŋgoŋ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
15
Elɔ tɔ́a ƒe nunana kɔkɔewo kple eya ŋutɔ tɔ siwo nye klosalo, sika kple ŋudɔwɔnuwo yi Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
16
Aʋa nɔ Yuda-fia Asa kple Israel-fia Baesa dome le woƒe agbe me ŋkekewo katã me.
17
Eva eme be Israel-fia Baesa ho ɖe Yuda ŋu, eye wòtsò Rama-dua ale be meɖe mɔ be ame aɖeke nagado alo ayi Yuda-fia Asa gbɔ o.
18
Tete Asa lɔ klosalo kple sika siwo katã susɔ ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me gadzraɖoƒe kple esiwo susɔ ɖe fia ƒe aƒeme tsɔ de asi na eƒe dɔlawo be woatsɔ wo ayi na fia Ben-Hadad le Damasko. Fia Ben-Hadad sia nye Xesion vi, Tabrimon vi. Fia Asa gblɔ na dɔlaawo be woaɖagblɔ nɛ be:
19
“Na nye kpli wò míabla nu abe ale si tɔ́nye kple tɔ́wò blae va yi ene. Xɔ klosalo kple sika sia; metsɔ wo na wò. Tu nu si nèbla kple Israel-fia Baesa, ne wòaho adzo le nye anyigba me.”
20
Ben-Hadad lɔ̃ ɖe Asa ƒe biabia la dzi, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ƒe kplɔlawo ɖa woyi ɖadze Israel-duwo dzi. Woxɔ Iyon, Dan, Abel-Bet-Maaxa, Kinerot kple Naftali-nyigba la katã.
21
Esi Baesa se esia la, edzudzɔ Rama-du la tsotso eye woɖanɔ Tirza.
22
Tete fia Asa na woyɔ Yuda-nyigba dzi tɔwo katã va Rama, eye wòna wofɔ ati kple kpe siwo Baesa lɔ va le Rama-du la tsomee la dzoe. Baesa ƒe xɔtunu siawoe Asa tsɔ tsò Geba-du, si le Benyamin kple Mizpa.
23
Azɔ Asa ŋutinya susɔeawo katã, eƒe kalẽwɔwɔ le teƒe teƒewo kple du siwo wògbugbɔ tsò la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me. Esi Asa va tsi zu amegãɖeɖi la, afɔdɔléle aɖe va ɖe fu nɛ.
24
Eva ku, eye woɖii ɖe afi si woɖi tɔgbuiawo ɖo le tɔ́a David ƒe du la me. Via Yosafat zu fia ɖe eyome.
25
Le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè evelia me la, fia Yerobeam vi Nadab zu fia le Israel eye wòɖu Israel dzi ƒe eve.
26
Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume, eye wòto tɔ́a ƒe ʋe me, eye wòwɔ nuvɔ̃ tsɔ kplɔ Israel de nuvɔ̃ mee.
27
Baesa, Axiya vi si nye Isaxar-to la me tɔ la wɔ babla ɖe eŋu, eye Baesa wui le Filistitɔwo ƒe du Gibeton me, elabe Nadab kple eƒe aʋakɔ ɖe to ɖe Gibeton-du la.
28
Nya sia dzɔ le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè etɔ̃lia me, eye Baesa zu fia ɖe eteƒe.
29
Esi wònyazu fia teti ko la, ewu Rexabeam ƒe ƒometɔwo katã, eye mena nugbagbe aɖeke susɔ na Yerobeam o, ke boŋ etsrɔ̃ wo keŋ le Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to eƒe dɔla Axiya, Silotɔ dzi la nu.
30
Elabe Yerobeam ŋutɔ wɔ nuvɔ̃ geɖe, hena Israel-dukɔ la hã wɔ nuvɔ̃, eye wòwɔ nu bubuwo hã tsɔ do dziku na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la.
31
Nadab ŋutinya susɔea kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
32
Aʋa nɔ Yuda-fia Asa kple Israel-fia Baesa dome le woƒe agbe me ŋkekewo katã me.
33
Le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè etɔ̃lia me la, Baesa, Axiya vi, zu fia ɖe Israel-dukɔ bliboa nu le Tirza. Enɔ zia dzi ƒe bla eve vɔ ene.
34
Eya hã wɔ nu si nye vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume. Ewɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu eye wòkplɔ Israel hã de nuvɔ̃ me.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
Recommended Reading
Commentary
1 Kings Commentaries
→
Devotional
1 Kings Devotional Guide
→
Get This Bible
Ewe (EƲEGBE BIBLIA) Study Bible
→