bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 5
1 Kings 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 6 →
1
Azɔ Tiro-fia Xiram dɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe Salomo, esi wòse be wosi ami nɛ ɖo fiae ɖe tɔ́a teƒe, elabe Xiram lɔ̃ David ɣe sia ɣi.
2
Tete Salomo de gbe asi ɖo ɖe Xiram be:
3
“Ènya be tɔ́nye David mete ŋu tu gbedoxɔ si me woanɔ Aƒetɔ, eƒe Mawu subɔm le la o, le ale si futɔwo ƒo xlãe henɔa aʋa hom ɖe eŋu edziedzi ʋuu hafi Aƒetɔ va na wòɖu wo dzi la ta.
4
Fifia la, Aƒetɔ, nye Mawu na mekpɔ gbɔdzɔe le nye liƒowo dzi godoo va kpe. Futɔ alo dzɔgbevɔ̃e aɖeke hã megali o.
5
Eya ta meɖo be matu xɔ na Aƒetɔ, nye Mawu. Aƒetɔ ŋutɔ gɔ̃ gblɔ na tɔ́nye kpɔ be: ‘Viwò si matsɔ ɖo wò fiazikpui dzi ɖe tewòƒe lae latu gbedoxɔ si me woanɔ subɔyem le.’
6
Eya ta na woatso sedertiwo nam le Lebanon. Wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke mele mía gbɔ le afii si nya nu le atitsotso ŋu abe Sidontɔwo ene o. Madɔ amewo ɖa woava kpe ɖe wò ameawo ŋu le dɔa wɔwɔ me, eye maxe home si nàdi be wonexe na wò ameawo la na wo.”
7
Esi Xiram se Salomo ƒe nyaawo la, dzi dzɔe ŋutɔ, eye wògblɔ be: “Kafukafu woana Aƒetɔ egbe sia be wòna vi nyanu David be wòava nɔ dukɔ gã sia nu.”
8
Xiram ɖo ame ɖe Salomo be: “Du si nèɖo ɖem la va tum. Mana woatso sedertiawo kple sesewutiawo na wò abe ale si nèdi ene.
9
Nye dɔlawo alɔ wo aɖi abu tso Lebanon va ƒu nu. Mabla wo ɖe babla vovovowo me; ekema ne wò ya ènyagbe gblɔ teƒe si nèdi be woalɔ wo va kɔ ɖo na ye ko la, matsɔ bablaawo ato ƒu dzi ava afi ma. Tete mana woatu ka atiawo le afi ma, eye wò amewo alɔ wo vɛ na wò. Nu si ko mabia tso asiwò lae nye be nàɖo nuɖuɖu ɖem na nye aƒemetɔwo.”
10
Ale Xiram na wotso sederti kple sesewuti siwo katã Salomo hiã la ɖo ɖee,
11
eye ƒe sia ƒe la, Salomo hã ɖoa lu ton akpe ade kple ami nyuitɔ lita akpe enyi ɖe Xiram be wòatsɔ kpɔ eƒe aƒe dzii.
12
Aƒetɔ na nunya Salomo abe ale si wòdo ŋugbe nɛ ene. Gbe dze gbe dzi na Xiram kple Salomo, eye wo kple eve la bla nu.
13
Fia Salomo ɖo dzizizidɔwɔwɔ anyi ɖe Israel-dukɔ blibo la me. Ŋutsu siwo wòlɔ ɖe me la ƒe xexlẽme nye akpe bla etɔ̃.
14
Eɖoa wo ɖa akpe ewo, akpe ewo ɣleti sia ɣleti. Wotsɔa ɣleti ɖeka nɔa Lebanon eye wonɔa aƒe ɣleti eve. Adoniram ye le dɔwɔlawo nu.
15
Agbatsɔla akpe bla adrẽ kple kpefúla akpe bla enyi hã le Salomo si le tonyigba dzi.
16
Ame siawo katã nɔ dɔa wɔm le dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃ ƒe dzikpɔkpɔ te.
17
Le fia ƒe gbeɖeɖe nu la, woɖe kpe gã xɔasiwo do goe kpe ɖe esiwo wokpa la ŋu ne woatsɔ ɖo xɔa gɔme anyii.
18
Ale Salomo ƒe xɔtulawo kple Xiram ƒe xɔtulawo kpakple Gibli-du me tɔwo trɔ asi le kpewo kple atiwo ŋu na xɔ la tutu.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22