bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 14
1 Kings 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 15 →
1
Ɣe ma ɣi la, Yerobeam vi, Abiya, dze dɔ.
2
Yerobeam gblɔ na srɔ̃a be: “Tso nàdo nu bubuwo, eye nàtrɔ ɖokuiwò ale be ame aɖeke nagakpɔ wò dze sii be wòe nye Yerobeam srɔ̃ o, eye nàyi Silo. Kpɔ ɖa, gbeƒãɖela Axiya, ame si gblɔ nam be mava ɖu fia ɖe dukɔ sia dzi la le afi ma.
3
Tsɔ abolo ewo kple tatali kpakple anyitsi go ɖeka ɖe asi yi nɛ. Agblɔ nu si adzɔ ɖe ɖevia dzi la na wò.”
4
Yerobeam srɔ̃ wɔ nu si srɔ̃a gblɔ nɛ. Etso yi Silo, eye wòva Axiya ƒeme. Azɔ Axiya ƒe ŋkuwo megate ŋu le nu kpɔm nyuie o, elabe eƒe ŋkuwo tsí, esi wòtsi ta.
5
Aƒetɔ gblɔ na Axiya be: “Kpɔ ɖa, Yerobeam srɔ̃ gbɔna ava bia gbe wò le via ŋutsuvi ŋu, elabe ele dɔ lém. Ale kple ale nàgblɔ nɛ nye esi.” Esi Yerobeam srɔ̃ va la, ewɔ eɖokui nyɔnu bubu aɖee.
6
Gake esi Axiya se eƒe afɔzi le mɔa nu ko la, egblɔ be: “Ge ɖe eme, Yerobeam srɔ̃. Nu ka ta nètrɔ ɖokuiwò ame bubui? Elabe nye la, wode nya vɔ̃ nu nam be magblɔ na wò.
7
Yi ɖagblɔ na Yerobeam be: ‘Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Metia wò tso dukɔa me tɔwo dome hetsɔ wò ɖo fia ɖe nye dukɔ Israel nu.
8
Medu fiaɖuƒe la le David ƒe dzidzimeviwo si tsɔ na wò. Gake wò ya mèto nye dɔla David ƒe ʋe me o. Mèɖi anukware nam tututu, zɔ ɖe nye sewo nu pɛpɛpɛ kple wò dzi blibo, wɔ nu si nyo le ŋkunye me la ɖeɖe ko abe nye dɔla David ene o;
9
ke boŋ èwɔ nu vlowo wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò la sãa. Èɖo mawu bubuwo na ɖokuiwò, kɔ̀ legbawo tsɔ do dziku nam, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbewò.
10
Eya ta kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yerobeam ƒe aƒe dzi. Mawu ŋutsuwo katã le Yerobeam ƒe ƒomea me, kluviwo kple aƒeviwo siaa le Israel. Matsrɔ̃ Yerobeam ƒe aƒe ɖa keŋkeŋ abe ale si wotɔa dzo gbeɖuɖɔ wòfiãna keŋkeŋ ene.
11
Ne Yerobeam ƒe ame aɖe ku le du me la, avuwo aɖui, eye ne ɖe ku le gbe me la, akagawo aɖui elabe Aƒetɔ lae gblɔe.’ ”
12
“Eya ta azɔ la, tso nàyi aƒewò me. Ne wò afɔ nyaka dua me ko la, viwò la aku.
13
Israel blibo la afae, eye woaɖii. Eya ɖeka koe lanye ame tso Yerobeam ƒe ƒome me si woaɖi ɖe yɔdo me, elabe eya ɖeka dzaa ko ŋu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, kpɔ ŋudzedze le.
14
Gawu la, Aƒetɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi, ame si aɖe Yerobeam ƒe aƒe ɖa gbidii egbe.
15
Tso azɔ heyina la, Aƒetɔ le to he ge na Israel abe ale si woʋuʋua aƒla le tsi me ene. Aho wo kple ke le anyigba nyui sia si wòtsɔ na wo tɔgbuiwo la dzi, eye wòaka wo hlẽ ɖe Frat-tɔsisi godo elabe wowɔ legbawo ɖe nyɔnumawu Asera ƒe nɔnɔme me tsɔ do dɔmedzoe na Aƒetɔ.
16
Ade Israel asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃ si wòwɔ, eye wòna Israel-dukɔa hã wɔ nuvɔ̃ ta.”
17
Tete Yerobeam srɔ̃ tso, eye wòdzo, trɔ va Tirza. Esi wòɖo aƒea ƒe agbalinu teti ko la, ɖevia ku.
18
Israel-dukɔ blibo la ɖii, eye wofae abe ale si Aƒetɔ la gblɔe to eƒe dɔla Axiya, gbeƒãɖela la dzi ene.
19
Yerobeam ŋutinya susɔea, aʋa siwo wòwɔ kple ale si wòɖu fiae la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
20
Yerobeam ɖu fia ƒe bla eve vɔ eve hafi ku. Via Nadab zu fia ɖe eteƒe.
21
Rexabeam, Salomo vi ɖu fia le Yuda. Exɔ ƒe bla ene vɔ ɖekɛ hafi zu fia eye wòɖu fia ƒe wui adrẽ le Yerusalem, du si Aƒetɔ tia le Israel-toawo katã dome be yeƒe ŋkɔ nanɔ afi ma. Rexabeam nɔe nye Naama, Amon-nyɔnu.
22
Yuda wɔ nu si nye vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume, eye wotsɔ woƒe nuvɔ̃ tsɔ do dziku na Aƒetɔ wu esi wo tɔgbuiwo wɔ tsɔ do dziku nɛ gɔ̃.
23
Elabe woawo hã tu nuxeƒewo na woƒe mawuwo, wɔ aƒeliwo, eye wowɔ nyɔnumawu Asera ƒe nɔnɔme ɖe towo dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.
24
Ŋutsu nuxeƒe gbolowɔlawo hã ƒe nɔƒe le anyigba la dzi. Wokpɔ dukɔ siwo katã Aƒetɔ nyà ɖa le Israelviwo ŋgɔ la ƒe nuwɔna wɔ.
25
Le Rexabeam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè atɔ̃lia me la, Egipte-fia Sisak va dze Yerusalem dzi.
26
Elɔ kesinɔnu siwo katã nɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me kple fiasã la me kpakple sikakpoxɔnu siwo Salomo wɔ da ɖi la tsɔ dzoe.
27
Fia Rexabeam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe sikakpoxɔnuawo teƒe, eye wòtsɔ wo de asrafo siwo dzɔa fiasãa ƒe agbowo nu la ƒe amegãwo si me.
28
Ɣe sia ɣi si fiaa gbɔna ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, ele be fia ŋu srafowo natsɔ akpoxɔnuawo eye wogbugbɔa wo va dana ɖe wo dzraɖoƒe.
29
Azɔ la, Yerobeam ƒe ŋutinya susɔea kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
30
Aʋa dzi ko Rexabeam kple Yerobeam nɔ kple wo nɔewo.
31
Rexabeam va ku, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me. Nɔa ŋkɔ nye Naama, Amon-nyɔnu. Via Abiyam zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22