bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 4
1 Kings 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 5 →
1
Israel blibo la katã dzie Salomo ɖu fia ɖo,
2
eye eƒe dziɖuɖudɔwɔla kɔkɔtɔwo nye esiwo gbɔna: Nunɔla nye Azarya, Zadok vi;
3
fiasã me agbalẽŋlɔlawo nye Elixoref kple Axiya siwo tɔ́e nye Sisa; nyaléɖila nye Yehosafat, Axilud vi;
4
aʋakɔ nunɔla nye Benaya, Yehoyada vi; nunɔlawoe nye Zadok kple Abyatar;
5
nutome dziɖulawo ƒe tatɔ nye Azarya, Natan vi; fia xɔlɔ̃e nye nunɔla Zabud, Natan vi;
6
fiasã me dɔlawo nunɔla nye Axisar; dzizizidɔwɔlawo dzikpɔla, Adoniram nye Abda vi.
7
Salomo ɖo nutomedzikpɔla wui eve Israel-dukɔa nu; ame siawo dia nuɖuɖu na fia la kple eƒemetɔwo. Ɖe sia ɖe kpɔa fiasã la dzi alea le nuɖuɖu gome ɣleti ɖeka le ƒe ɖeka me.
8
Woƒe ŋkɔwoe nye: Ben-Xur le Efrayim-tonyigba dzi;
9
Ben-Deker le Makaz, Saalbim, Bet-Semes, Elon kple Bet-Xanan.
10
Ben-Xesed le Arubot Soko kple Xerfer-nyigba blibo la nye etɔ)
11
Ben-Abinadab le Dor-nyigba blibo la nu eyae ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Tafat,
12
Baana, Axilud vi le Taanax, Megido kple Bet-Sean gbɔ nutome katã le Zaretan-du gbɔ, Yezreel-du ƒe anyigbeme gome ʋuu keke yi Abel Mexola-du kple Yokmeam-du gbɔ nu.
13
Bengeber le Ramot-du le Gilead nu, eyae xɔ Manase vi Yair ƒe kɔƒe siwo le Gilead kple Argob-nutowo me le Basan. Argob-nutome duawo de bla ade, eye wo katã nye du gãwo siwo woɖo gli ƒo xlã, eye akɔbligameti le woƒe agbowo ŋu.
14
Axinadab, Ido vi le Maxanaim-nutome nu.
15
Aximaaz le Naftali-nutome. Eyae ɖe Salomo vinyɔnu Basmat,
16
Baana, Husai vi le Aser-nutome kple Bealot-du nu;
17
Yehosafat, Paruah vi le Isaxar-nyigba nu.
18
Simei, Ela vi le Benyamin-nyigba nu.
19
Geber, Uri vi le Gilead-nyigba si nye Amoritɔwo ƒe fia Sixon kple Basan-fia Og ƒe anyigba tsã la nu. Nutomedzikpɔla ɖeka nɔ Yuda-nyigba nu.
20
Yuda kple Israel-fiaɖuƒe me tɔwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Woɖua nu, noa nu, eye wonɔ anyi le dzidzɔ me.
21
Salomo ƒe dziɖuƒe keke tso Frat-tɔsisi ŋu yi Filistitɔwo ƒe liƒo kple Egipte-nyigba ƒe liƒo dzi ke. Elɔ fiaɖuƒe sue siwo katã nɔ afi mawo la ɖe me. Le Salomo ƒe agbenɔɣi la, fiaɖuƒe mawo katã nɔ ete; wodzɔa nu nɛ, eye wonɔ ete le eƒe agbenɔɣi katã.
22
Nuɖuɖu vovovo siwo Salomo hiãna le eƒe fiasã me le ŋkeke ɖeka dzi la woe nye: wɔ memee ton wui enyi, wɔ ƒlatsa ton asieke,
23
nyitsu ewo, gbeɖuƒenyi bla eve, alẽ alafa ɖeka, hekpe ɖe klatsa, zi, sãde kple xe damiwo ŋu.
24
Anyigba si le Frat-tɔsisi ƒe ɣetoɖoƒe gome tso Tifsa yi keke Gaza ke la hã nye eƒe fiaɖuƒe ƒe akpa aɖe ale be fia siwo katã nɔ afi mawo la nɔ eƒe ŋusẽ te. Nuwo ƒe nɔnɔ alea wɔ be eya kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la nɔ anyi le ŋutifafa me.
25
Ale Yuda-nyigba dzi tɔwo kple Israel-nyigba dzi tɔwo nɔ agbe le dziɖeɖi me bɔkɔɔ, tso Dan va se ɖe Beer-Seba gɔ̃ hã. Ame sia ame le eƒe wainkawo kple gbotiwo te le ŋutifafa me le Salomo ƒe agbenɔɣi katã.
26
Salomo tu kpó akpe bla ene na eƒe tasiaɖam ŋu sɔwo. Eƒe sɔdzisrafowo de akpe wui eve.
27
Ne nutomedzikpɔlaawo dometɔ aɖe ƒe ɣleti si woɖo nɛ ɖo ko la, edia nuɖuɖu si ahiã na fia Salomo kple ame siwo va ɖua nu le eƒe kplɔ̃ ŋu la katã vanɛ; womenana be nuɖuɖu vɔna ɣeaɖekeɣi o.
28
Nenema ke ɖe sia ɖe dia ƒo kple gbe ale sinu woɖo nɛ la yia teƒe si wotia nɛ hena tasiaɖam ŋu sɔawo kple lã bubuawo dzi kpɔkpɔ.
29
Mawu na nunya kple nugɔmesese Salomo wòwu gbɔgblɔ, eye nu siwo me eƒe sidzedze yi ŋgɔ le ʋĩi ŋutɔ la sɔ gbɔ abe ƒutake ene.
30
Eƒe nunya ƒo nunyala gã siwo le ɣedzeƒe kple esiwo le Egipte la tɔ ta.
31
Enya nu wu amegbetɔ ɖe sia ɖe. Enya nu wu Etan, Ezraxitɔ la, nya nu wu Maxol viwo Yeman, Xalkol kple Darda. Eŋkɔ ɖi hoo le dukɔ siwo le xexeme ƒe akpa mawo la me godoo va kpe.
32
Ekpa lododo akpe etɔ̃, kpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃.
33
Egblɔ nya detowo le atiwo kple gbewo ŋu, tso sederti si wɔna le Lebanon va ɖo hisɔp si miena ɖe gli ŋu la dzi; nenema ke wòhe nyateƒe vovovowo ɖe go le lãfɔnewo, xewo, nutatawo kple tɔmelãwo ŋu.
34
Amewo tsoa dukɔ geɖewo me vana koŋ ko be yewoava se Salomo ƒe nunya. Fia siwo katã se eƒe nunya ŋkɔ la va be yewoase eƒe nunya.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22