bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 16
1 Kings 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 17 →
1
Aƒetɔ ƒe gbe va Yehu, Xanani vi, gbɔ na Baesa be:
2
“Wò la, ʋuʋudedi me mekɔ wò tso tsɔ ɖo kplɔla ɖe nye dukɔ Israel nu, gake nèto Yerobeam ƒe ʋe me eye nèkplɔ nye dukɔ Israel de nuvɔ̃ me, ale be woƒe nuvɔ̃wo do dziku nam,
3
eya ta kpɔ ɖa, makplɔ Baesa kple eƒe ƒome la katã aƒu gbe abe ale si mewɔ Yerobeam, Nebat vi la, kple eƒe ƒome lae ene.
4
Eƒe ame ɖe sia ɖe si ku la, avuwo aɖui, eye eƒe ame ɖe sia ɖe si ku le gbedzi la, dziƒoxeviwo aɖui.
5
Baesa ŋutinya susɔea, nu si wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
6
Esi wòku la, woɖii ɖe Tirza. Via Ela zu fia ɖe eyome.
7
Nu vɔ̃ siwo Baesa wɔ ɖe Aƒetɔ ŋu tae Aƒetɔ gblɔ ŋɔdzinya mawo na gbeƒãɖela Yehu be neyi ɖagblɔ nɛ ɖo. Menye agbe baɖa si wònɔ abe Yerobeam ene la ɖeɖe ta koe Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe eŋu o, ke boŋ ale si wòwu Yerobeam ƒe dzidzimeviwo katã la hã tae.
8
Le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè bla eve vɔ adelia me la, Ela, Baesa vi, zu fia le Israel, ƒe eve le Tirza.
9
Ke eƒe dɔla Zimri si nye eƒe tasiaɖamwo ƒe afã ƒe aʋakplɔla la wɔ babla ɖe eŋu, esime wòno aha mu le eƒe fiasãdzikpɔla Arza ƒeme le Tirza.
10
Tete Zimri ƒoe wu le aƒea me, eye wòtsɔ eɖokui ɖo fiae ɖe eteƒe, le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè bla eve vɔ adrẽlia me.
11
Esi Zimri yi zia dzi tetee ko la, ewu Baesa ƒe ƒometɔ, xɔlɔ̃ kple yomedzela siwo katã nye ŋutsuwo la.
12
Ale, abe ale si Aƒetɔ ŋutɔ gblɔe ɖi to gbeƒãɖela Yehu dzi ene la, Zimri tsrɔ̃ Baesa ƒe ƒome blibo la katã.
13
Nu sia va eme le esi Baesa kple via, Ela wɔ nuvɔ̃, ble Israel-dukɔ la de nuvɔ̃ me, eye wo ame eve la to ema me do dziku na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ta.
14
Ela ŋutinya susɔea kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
15
Le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla eve vɔ adrẽlia me la, Zimri zu fia le Israel ŋkeke adrẽ le Tirza. Azɔ la, Israel-ʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Filistitɔwo ƒe du Gibeton ŋu.
16
Esi asrafoawo nɔ asaɖaa me la, wose be: “Zimri wɔ babla eye wòwu fia la.” Asrafoawo tsɔ woƒe aʋakplɔla Omri, si nɔ wo nu le asaɖaa me la ɖo fiae ɖe Israel-dukɔa nu le asaɖa la me gbe ma gbe ke.
17
Tete Omri kple aʋakɔ blibo la ho dzo le afi si wobɔ asaɖaa ɖo le Gibeton gbɔ hafi la, eye woyi ɖaɖe to ɖe Tirza.
18
Esi Zimri kpɔ be Omri kple etɔwo xɔ dua vɔ la, etɔ dzo fiasã la. Eyome eyi ɖale mɔ́ si wotu ɖe fiasãa titina ke la me. Dzoa bi va afi ma hã, eye wòku ɖe mɔ́a me.
19
Nyaawo va yi alea elabe Zimri wɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu: eya ŋutɔ nɔ agbe vlo le Aƒetɔ ŋkume abe fia Yerobeam ene, eye wòkplɔ Israel-dukɔa de nuvɔ̃ me hã.
20
Zimri ŋutinya susɔea kple ale si wòwɔ babla ɖe Ela ŋu hewui la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
21
Israel-dukɔ la ma ɖe akpa eve me: afã be yewoatsɔ Tibni, Ginat vi, aɖo fiae; akpa evelia le Omri yome.
22
Ke Omri dzi nɔlawo ɖu dzi; eye Tibni hã ku le ɣeyiɣi mawo me tututu. Ale Omri zu dukɔa ƒe fia.
23
Ƒe si me Omri zu Israel-fia aleae nye Asa, Yuda-fia ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ ɖekɛlia le Yuda-fiazikpui dzi. Omri ɖu fia ƒe wui eve. Le eƒe fiaɖuƒe ade gbãtɔawo me la, enɔ Tirza.
24
Tete wòƒle Samaria-togbɛ la le Semer si klosaloga akpe ade. Etu nu vovovowo ɖe togbɛa dzi hewɔe wòzu teƒe tɔxɛ aɖe si dzi futɔwo mate ŋu ava dze ko axɔe bɔbɔe o. Eyome etso du ɖe afi ma eye wòkpa ŋkɔ ɖe Semer, ame si dzra toa nɛ la, ƒe ŋkɔ ŋu hetsɔ na dua be Samaria.
25
Omri wɔ nu si nye vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ.
26
Abe Yerobeam, Nebat vi, si hã ɖu fia do ŋgɔ nɛ ene la, etsɔ eƒe nuvɔ̃ wɔwɔ vivivo kple ale si wòna legbawo subɔsubɔ xɔ aƒe le dukɔa me la do dziku na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la.
27
Omri ŋutinya susɔea, nu siwo wòwɔ kple kalẽ si wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
28
Esi wòku la, woɖii ɖe Samaria. Via ŋutsu Axab nye ame si ɖu fia ɖe eteƒe.
29
Le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuƒe bla etɔ̃ vɔ enyilia me la, Axab, Omri viŋutsu zu fia ɖe Israel-dukɔ nu. Eƒe fiadue nye Samaria, eye wòɖu fia le afi ma ƒe bla eve vɔ eve.
30
Eƒe agbenɔnɔ vɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ la tɔ.
31
Ewɔ nuvɔ̃ siwo katã Yerobeam, Nebat vi wɔ va yi la dometɔ ɖe sia ɖe, eye nu tsɛ ko woɖi nɛ. Etso yi ɖaɖe Sidon-fia Etbaal vinyɔnu Izebel, eye wòyi ɖasubɔ Baal, de ta agu nɛ.
32
Etu xɔ ɖe Samaria na Baal eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe eme.
33
Axab wɔ nyɔnumawu Asera hã. Ewɔ nu geɖe tsɔ do dziku na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la wu Israel-fia siwo do ŋgɔ nɛ la dometɔ ɖe sia ɖe.
34
Axab ŋɔlie Betel-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Xiel la gbugbɔ Yerixo-du tso. Abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ɖi xoxo to Yosua, Nun vi, dzi ene la, Xiel viŋutsu tsitsitɔ, Abiram ƒe ku, wotsɔ ɖo Yerixo-dua gɔme anyii, eye esi wòtui vɔ la, via ŋutsu dɔmlɔea, Segub ƒe ku, wotsɔ de agbowo enui.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22