bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 8
1 Kings 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 9 →
1
Salomo kpe Israel-me tsitsiwo, Israel-toawo ƒe tatɔwo katã kple Israelviwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo be woava ƒo ƒu ɖe ye gbɔ le Yerusalem ne yewoayi ɖatsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la tso David ƒe du si nye Zion la me, vɛ.
2
Ameawo katã va ɖi anyi ɖe fia Salomo gbɔ le ŋkekenyui dzi le ɣleti adrẽlia, Etanim me.
3
Esi Israel-me tsitsiawo katã va ɖo vɔ la, nunɔlawo yi ɖakɔ nubablaɖaka la.
4
Levi viwo kple nunɔlawoe yi ɖakɔ nubablaɖaka la kple godoƒegbadɔ la kpakple nu kɔkɔe siwo katã le agbadɔa me la vɛ.
5
Fia Salomo kple Israel-dukɔ blibo la va ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la gbɔ, tsɔ alẽwo kple nyiwo vɛ fũu va sa vɔ. Lãawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womete ŋu xlẽ wo o.
6
Tete nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la yi enɔƒe le xɔ etometɔ si nye Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la me le kerubiawo ƒe aʋala te.
7
Kerubiawo ƒe aʋalawo le keke ɖi le aɖakaa nɔƒe tame, ale be aɖakaa kple kpo siwo wotsɔna kɔnɛ la le aʋalaawo te.
8
Kpoawo didi ale be ne èle Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋkume la, àte ŋu akpɔ woƒe nugbɔ gake màte ŋu akpɔ wo tso gota o. Kpoawo gale afi ma va se ɖe egbe.
9
Naneke mele nubablaɖaka la me o, negbe kpe eve siwo Mose tsɔ de eme, le Xoreb-to gbɔ afi si Aƒetɔ bla nu kple Israelviwo le, esime woʋu tso Egipte-nyigba dzi hedzo yina la ko.
10
Esi nunɔlawo do go tso xɔa me ko la, alilikpo va yɔ Aƒetɔ ƒe xɔa me taŋ.
11
Alilikpoa tri ale gbegbe be nunɔlawo mate ŋu anɔ xɔa me awɔ woƒe subɔsubɔdɔwo o, elabe Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe va yɔ Aƒetɔ ƒe xɔ la taŋ.
12
Tete Salomo gblɔ be: “Aƒetɔ wɔ ɣe tsí ɖe ya me, gake gblɔ be viviti tsiɖitsiɖi me nɔ ge yeala.
13
Nye la, metu xɔ ɖoatsyɔ̃ na wò, xɔ si me wò la nànɔ tegbee.”
14
Israelviwo katã le tsitre. Fia la trɔ dze ŋgɔ wo, eye wòyra wo kple nya siawo be:
15
“Mikafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la. Edo ŋugbe na tɔ́nye David, eye wòwɔ ŋugbedodoa dzi hã vavã. Edo ŋugbe na tɔ́nye be:
16
‘Tso ɣe si ɣi mekplɔ nye dukɔ dzoe le Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel-nyigba blibo la katã dzi be woatu xɔ ɖe eme ne woanɔ subɔyem le afi ma o. Ke metia, David, be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.’
17
Tɔ́nye David ɖoe be yeatu xɔ, esi me woanɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, subɔm le.
18
Gake Aƒetɔ gblɔ nɛ be: ‘Enyo ŋutɔ be nèdi be yeatu xɔ nam,
19
gake menye wòe le etu ge o, ke boŋ viwò, viwò ŋutɔe le nye xɔ la tu ge.’
20
Aƒetɔ wɔ ŋugbe si wòdo la dzi vavã. Meva zu Israel-dukɔa ƒe fia ɖe tɔ́nye David yome, eye metu xɔ la be woanɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la subɔm le eme.
21
Mewɔ nɔƒe na nubablaɖaka si me nu, si Aƒetɔ bla kple mía tɔgbuiwo, esime wòkplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi gbɔnae la le.”
22
Tete Salomo ɖatsi tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume, kè eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo,
23
eye wògblɔ be: “O Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke mele abe wò ene le dziƒo le afi mɛ alo le anyigba dzi le afii o. Ne èbla nu kple wò dukɔ la, èwɔa ŋugbe siwo nèdo le nubabla la me la dzi na wò dukɔa, eye nèɖea ale si gbegbe nèlɔ̃ wo la fiana nenye be wozɔ le wò seawo nu kple woƒe dzi blibo.
24
Èwɔ ŋugbe si nèdo na tɔ́nye, wò dɔla David la dzi. Èdo ŋugbe nɛ kple nu, eye nètsɔ asi wɔ wò ŋugbedodo la dzi egbe.
25
Azɔ, Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu ma si nèdo na tɔ́nye, wò dɔla David la hã dzi. Ègblɔ nɛ be: ‘Ne viwò ŋutsuwo nyagbe nyazɔzɔ le ŋkunye me, eye wolé fɔ ɖe woƒe azɔli ŋu le ŋkunye me abe ale si nèzɔe ene ko la, ekema wò dzidzimeviwo nu matso akpɔ le Israel-fiazikpui dzi o.’
26
Eya ta, o Israel ƒe Mawu, na wò nya sia si nègblɔ na tɔ́nye David, wò dɔla la nava eme.
27
“Evɔ ɖe, ko wò Mawu nàtso ko ava nɔ anyigba dzia? Dziƒo gblaŋu gã sia, kaka yi dziƒowo ƒe dziƒo hã melolo na wò o, ʋuu keke wòava zu xɔ sia si metu na wò!
28
Gake, trɔ ɖe wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo ŋu, o Aƒetɔ, nye Mawu, eye nàse wò dɔla ƒe ɣli kple eƒe gbe si wòle dodom ɖa le ŋkuwò me egbe.
29
Na wò ŋkuwo nanɔ te ɖe xɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be: ‘Nye ŋkɔ anɔ afi ma’ la. Ne medze ŋgɔ xɔ sia, eye medo gbe ɖa na wò la, se nye kokoƒoƒo la.
30
Se nye kple wò dukɔ Israel ƒe gbe sia si míetrɔ mo do ɖe xɔ sia gbɔ hele dodom ɖa na wò. Ẽ, se míaƒe kokoƒoƒo la le dziƒo, wò nɔƒe, eye nàtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí.
31
“Ne wotɔ nya ame aɖe be ewɔ nane ɖe ehavi ŋu, wòbe yemewɔe o, eye wohee va wò vɔsamlekpui ŋgɔ be wòaka atam la,
32
ekema wò Aƒetɔ, ƒu to anyi ɖe nyaa ŋu le dziƒo, eye nàdrɔ̃e na wò dɔlawo. Na ame si tɔ medzɔ o la nakpɔ tohehe si dze nɛ. Tso afia na ame si tɔ dzɔ, eye nàwɔ nɛ ɖe eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu.
33
“Ne wò dukɔ Israel ƒe futɔwo si wo, le esi wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò ta, eye wotrɔ ɖe ŋuwò, va xɔ sia me va do gbe ɖa na wò kple ɖokuibɔbɔ hebia tsɔtsɔke la,
34
se woƒe kokoƒoƒo la le dziƒo. Tsɔ wò dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ke wo, eye nàkplɔ wo va anyigba si nètsɔ na wo tɔgbuiwo la dzi.
35
“Ne dziƒo nu tu eye tsi megale dzadzam o, le esi dukɔ la wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò ta, eye ameawo trɔ mo ɖe teƒe sia gbɔ hedo gbe ɖa na wò, kafu wò, bɔbɔ wo ɖokui heɖoe kplikpaa be yewoatsri nuvɔ̃ azɔ la,
36
ekema se woƒe kokoƒoƒo le dziƒo ke, eye nàtsɔ wò dɔlawo, Israel-dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nàfia wo ale si wòdze be woazɔ le ŋkuwò me, eye nàna be tsi nadza ɖe wò anyigba sia, si nètsɔ na wò dukɔ be wòanye woƒe domenyinu la dzi.
37
“Dɔe to le anyigba la dzi o, dɔ vɔ̃e va ɖo ameawo dome o, agblemenukuwoe yrɔ le kuɖiɖi ta alo ku ɖe tsitrenu o, ʋetsuviwo kple ŋɔwoe va ɖu nukuwo o, dukɔa ƒe futɔwoe va ɖe to ɖe wo le woƒe duwo me o, alo dɔxɔleameŋua ka kee va gba ɖe wo dome o,
38
ƒu to anyi ɖe woƒe gbedodoɖawo ŋu. Ne vevesese yɔ wò dukɔ Israelvi aɖe ƒe dzime, eye wòwu eƒe asiwo ɖe dziƒo do ɖe xɔ sia gbɔ hedo gbe ɖa na wò la,
39
se eƒe gbedodoɖa. Na eƒe kokoƒoƒowo nava gbɔwò le wò nɔƒe le dziƒo. Tsɔ dukɔa me viwo ƒe nuvɔ̃wo ke wo, eye nàxɔ na wo. Wò koe nya amegbetɔ ƒe dzimesusuwo. Wɔ na ame sia ame le eƒe hiahiã nu,
40
be wò dukɔa nasro wò ɖa ŋkeke ale si wole agbe le anyigba si nètsɔ na mía tɔgbuiwo la dzi.
41
“Nenema ke ne du bubu me tɔ aɖe, ame si menye wò dukɔ Israel me tɔ o, tso dukɔ didi aɖe me xa ɖe wò ŋkɔ ta va,
42
elabe woase wò ŋkɔ gã la, wò asi sesẽ kple wò abɔ si nèdo ɖe dzi godoo ne wòva eye wòdo gbe ɖa ɖo ɖe xɔ sia gbɔ la,
43
ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nàwɔ nu siwo katã ta du bubu me tɔ la le yɔwòm ɖo; ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene. Ale woadze sii be wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia si metu na wò la ŋu.
44
“Ne wò dukɔ ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu, eye afi ka kee wole o, wotrɔ mo ɖe du sia si nètia na ɖokuiwò la gbɔ kple gbedoxɔ sia si metu na wò la gbɔ hedo gbe ɖa na wò la,
45
ekema nàƒu to anyi ɖe woƒe gbedodoɖawo ŋu. Se woƒe gbedodoɖawo na wo le dziƒo, eye nana be woakpɔ dziɖuɖu le aʋaa me.
46
“Ne wò dukɔ la wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke meli si mewɔa nuvɔ̃ o, eye nèdo dɔmedzoe, hena woƒe futɔwo ɖu wo dzi, ɖe aboyo wo yi futɔawo ƒe anyigba dzi le kpuiƒe alo didiƒe la,
47
se woƒe gbedodoɖawo dzro. Ne woyi wo ɖokui me le anyigba ma dzi, trɔ dzime, eye wodo gbe ɖa na wò, ʋu ale si gbegbe wovɔ̃ɖi hewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò me la, o Aƒetɔ, se woƒe gbedodoɖa.
48
Ne wotrɔ ɖe ŋuwò kple woƒe susu kple dzi blibo le futɔ siwo ɖe aboyo wo yi woƒe anyigba dzi la dzi, eye wodo gbe ɖa na wò ɖo ɖe woƒe anyigba si nètsɔ na wo tɔgbuiwo kple du si nètia kpakple xɔ si metu na wò ŋkɔ dzi la,
49
ekema nàse woƒe gbedodoɖawo. Se woƒe kokoƒoƒowo le nɔwòƒe le dziƒo, eye nàve wo nu.
50
Tsɔ woƒe nuvɔ̃wo katã kple woƒe aglãdzedze ɖe ŋuwò la ke wo. Na woƒe futɔwo nave wo nu.
51
Elabe wò ŋutɔ wò dukɔ wonye, wò domenyinu wonye tso esime nèkplɔ wo tso Egipte si nɔ na wo abe ga yibɔ lóloƒe ene.
52
O Aƒetɔ, na wò dɔme nafa ɖe wò dukɔ Israel kple woƒe fia ŋu ɖaa, eye ɣe sia ɣi si woado ɣli be nàxɔ na yewo ko la, nàse woƒe kokoƒoƒo.
53
Elabe wò ŋutɔe tia wo tso anyigba dzi dukɔwo katã dome be woanye wò domenyinu, abe ale si nègblɔe na wo to wò dɔla Mose dzi esime nèkplɔ mía tɔgbuiwo dzoe le Egipte gbɔnae la ene, o Aƒetɔ Mawu.”
54
Esi Salomo do gbe ɖa na Aƒetɔ vɔ la, etsi tsitre ɖe vɔsamlekpuia ŋgɔ. Ɖe wòdze klo ɖe afi ma tsã heke abɔwo me do ɖe dziƒo hafi nɔ gbea dom ɖa; ke azɔ la, etsi tsitre.
55
Ekɔ gbe dzi sesĩe eye woyra Israel-ha blibo la gblɔ be:
56
“Kafukafu woana Aƒetɔ, ame si na Israel-dukɔa kpɔ ŋutifafa abe ale si wòdo ŋugbee ene. Nya aɖeke meto le ŋugbe siwo katã wòdo to eƒe dɔla Mose dzi la me o.
57
Aƒetɔ, mía Mawu la nanɔ kpli mí abe ale si wònɔ kple mía tɔgbuiwo ene. Negagblẽ mí ɖi ɣeaɖekeɣi o.
58
Nehe míaƒe susuwo ɖe eɖokui ŋu, be míaƒe zɔzɔme nanɔ abe ale si wòdi ene, be míazɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo wòna wofia mía tɔgbuiwo la nu.
59
Aƒetɔ ƒe ŋku nenɔ gbe sia, si míedo ɖa nɛ kple kokoƒoƒo siawo, siwo metsɔ ɖo eŋkume la dzi zã kple keli. Eƒe dɔme netrɔ ɖe Israel-dukɔmetɔwo kple woƒe fia ŋu ɣe sia ɣi, be woƒe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nasu wo si.
60
Ekema xexemedukɔwo katã anya be Aƒetɔ ɖeka dzaa koe nye Mawu; Mawu bubu aɖeke megali o.
61
Eya ta, mina míaƒe dziwo naku ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu blibo. Milé eƒe sewo me ɖe asi, eye mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã nu abe ale si miele ewɔm egbe ene.”
62
Tete fia la kple ame siwo katã va ɖi anyi la sa vɔ le Aƒetɔ ŋkume.
63
Salomo tsɔ nyitsu akpe bla eve vɔ eve kple alẽ akpe alafa ɖeka bla eve sa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ. Aleae fia la kple Israelviwo katã kɔ̀ Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋui.
64
Gbe ma gbe ke la, fia la kɔ̀ xɔxɔnu si le xɔa ŋkume la ƒe titina ŋu eye wòsa numemevɔwo kple nuɖuɖuvɔwo le afi ma. Etsɔ ŋutifafavɔsalãwo ƒe amiwo sa vɔe le afi ma, elabe akɔblivɔsamlekpui si le Aƒetɔ ŋkume la le sue akpa ne woawɔ numemevɔsa la, nuɖuɖuvɔsa la kple ŋutifafavɔsa ƒe amiwo le edzi.
65
Ale Salomo ɖu ŋkekenyui ɣe ma ɣi; Israelviwo katã le eŋu, ameha gã aɖe ŋutɔ; wotso keke Leboxamat-nutowo me ke kple keke Egipte-tɔʋu la gbɔ va. Woɖu ŋkekenyui ŋkeke adrẽ le Aƒetɔ, mía Mawu la ŋkume.
66
Le ŋkeke enyia gbe la, edo mɔ wo. Ameha la yra fia la, eye wotrɔ yi wo dewo kple dzidzɔ gã le nu nyui siwo katã Aƒetɔ wɔ na eƒe dɔla David kple eƒe dukɔ Israel la ta.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22