bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 3
1 Kings 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 4 →
1
Emegbe la, Salomo va ɖe Egipte Fiagã vinyɔnu, eye wòzu Egipte-fia ƒe dzoɖuxɔlɔ̃. Ekplɔ srɔ̃a yi David ƒe du la me va se ɖe esime wòwu eya ŋutɔ ƒe fiasã kple Aƒetɔ ƒe aƒe tutu nu, eye wòɖo gli ƒo xlã Yerusalem-dua kpe ɖo.
2
Le ɣe ma ɣiwo me la, dukɔa me tɔwo nɔa vɔsawo wɔm le nuxeƒewo ko le dukɔa me, elabe wometu xɔ aɖeke na Aƒetɔ ŋkɔ haɖe o.
3
Salomo lɔ̃ Aƒetɔ, eye wòzɔna ɖe tɔ́a David ƒe ɖoɖowo nu pɛpɛpɛ; negbe nuxeƒeawo ko wòdena ɖasaa vɔ, eye wòtɔa dzo lifi le afi mawo.
4
Fia la yi Gibeon be yeaɖasa vɔ le afi ma elabe eyae nye nuxeƒe si xɔ ŋkɔ wu. Salomo sa numemevɔ akpe ɖeka le vɔsamlekpui ma dzi.
5
Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃e me le zã me le Gibeon. Mawu gblɔ be: “Bia nu si mana wò la wò.”
6
Salomo ɖo eŋu be: “Èɖe lɔlɔ̃ kple amenuveve gã ŋutɔ fia wò dɔla tɔ́nye David elabe eƒe agbenɔnɔ ɖe ŋuwò fia be enye nyateƒetɔ, elɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye wòdza le eƒe dzime hã. Eya ta ève enu kple wò lɔlɔ̃ gã be nèna viŋutsui, si bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi egbe.
7
Aƒetɔ, nye Mawu, wòe ɖo wò dɔla fia ɖe tɔ́nye David teƒe. Ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si madoe, agagbɔ o.
8
Evɔ wò dɔla nye esi va le wò dukɔ si nètia la dome, dukɔ gã sia si me viwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o.
9
Eya ta na susu si sea nu gɔme la wò dɔla be wòatsɔ kplɔ wò dukɔ lae, ne mate ŋu ade vovototo nyui kpe vɔ̃ dome, elabe ame kae ate ŋu anɔ dukɔ sia nu anye ekplɔla?”
10
Edzɔ dzi na Aƒetɔ be Salomo bia nu sia.
11
Mawu gblɔ nɛ be: “Be nèbia nu sia, eye mèbia agbe didi alo kesinɔnuwo, alo be yeƒe futɔwo neku o, ke boŋ nèbia nugɔmesese be yeate ŋu adze si nu si nyo ta la,
12
kpɔ ɖa, mena nu si nèbia la wò. Kpɔ ɖa, mena nunya kple susu si sea nu gɔme la wò ale gbegbe be ame aɖeke menɔ anyi va yi kpɔ alo agava dzɔ si tɔ ade tɔwò nu o.
13
Mena nu si mèbia o la hã wò, kesinɔnu kple bubu siaa, ale be fia bubu aɖeke masɔ kpli wò le wò ŋkekewo katã me o.
14
Azɔ ne àwɔ nye lɔlɔ̃nu le nu sia nu me, alé nye ɖoɖowo kple nye sededewo me ɖe asi abe tɔ́wò David ene la, ekema mana wò agbenɔŋkekewo adzi ɖe edzi.”
15
Tete Salomo nyɔ, ke kpɔ ɖa, drɔ̃ ye wòku. Etrɔ va Yerusalem, eye wòva tsi tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wòsa numemevɔwo kple ŋutifafavɔwo. Eɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe dɔlawo katã.
16
Azɔ, gbolo eve aɖewo va, eye wotsi tsitre ɖe fia la ŋkume.
17
Nyɔnua ɖeka gblɔ be: “Fia bubutɔ, nye kple nyɔnu sia la aƒe aɖeka me míele, eye medzi vi, esime eya hã nɔ aƒea me.
18
Le ŋkeke etɔ̃a gbe le nye vidzidzi megbe la, nyɔnu sia hã dzi vi. Míawo ɖeɖe koe li; ame aɖeke megale aƒea me kpe ɖe mía ŋu o; mí ame evea koe le aƒea me.
19
Etsɔ zã me la, nyɔnu sia viŋutsuvi ku, elabe emlɔ edzi.
20
Ke efɔ zã gã dome esime meyi alɔ̃ me ʋĩi, va kɔ vinye le akɔnyenu yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ, tsɔ via kukua va mlɔ nye akɔnu.
21
Esi menyɔ fɔŋli be mana no vinye la, kpɔ ɖa, eku; ke esi ŋu ke, eye meɖe ŋku ɖee nyuie la, mekpɔ be menye vi si medzi lae nye ema o.”
22
Ke nyɔnu evelia gblɔ be: “Kpao! Vinyee nye vi gbagbea; tɔwòe nye kukua.” Nyɔnu gbãtɔ gblɔ be: “Ao! Viwòe nye kukua, tɔnyee nye agbagbea.” Aleae nyaa va zu le fia la ŋkume.
23
Fia la be: “Ame ɖeka be: ‘Vinyee le agbe, tɔwòe ku.’ Evelia be: ‘Ao; viwòe ku, tɔnyee nye agbagbea’ ”
24
Tete fia la gblɔ be: “Mitsɔ yi vɛ nam.” Wotsɔ yi vɛ na fia la.
25
Tete fia la gblɔ be: “Mife ɖevi gbagbe la me ɖe eve ne miatsɔ ɖeka na nyɔnu ɖeka, eye miatsɔ evelia na nyɔnu evelia.”
26
Tete nyɔnu si tɔ nye ɖevi gbagbea la gblɔ na fia la, le lɔlɔ̃ si le eme ɖe via ŋu ta, be: “O nye aƒetɔ! Mitsɔ ɖevi gbagbe la nɛ ko, migawui kura o.” Ke nyɔnu evelia ya be: “Manye tɔnye o, manye wò hã tɔwò o; mife eme.”
27
Tete fia la ɖo eŋu gblɔ be: “Mitsɔ vi gbagbe la na nyɔnu gbãtɔ; eye migawui kura o, eya nye nɔa.”
28
Esi Israelviwo katã se fia ƒe nyametsotso la, dukɔ blibo la ƒe nu ku. Vɔvɔ̃ ɖo wo le fia la ŋu, elabe wokpɔe be Mawu ƒe nunya le eyama me, be wòatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22