bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 18
1 Kings 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 19 →
1
Le ŋkeke geɖewo megbe, le kuɖiɖia ƒe ƒè etɔ̃lia me la, Aƒetɔ ƒe gbe va na Eliya be, “Yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia Axab. Mana tsi adza ɖe anyigba dzi.”
2
Ale Eliya yi be yeaɖatsɔ ye ɖokui afia Axab. Dɔwuamea nu sẽ ŋutɔ le Samaria.
3
Axab yɔ Obadya, ame si nye fiasãa dzikpɔla la vɛ. Obadya vɔ̃a Aƒetɔ ŋutɔ.
4
Esime Izebel nɔ Aƒetɔ ƒe gbeƒãɖelawo wum la, Obadya kplɔ wo ame alafa ɖeka yi ɖaɣla ɖe agado eve me blatɔ̃bla atɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi woe.
5
Tete Axab gblɔ na Obadya be: “Yi ɖatsa to anyigba blibo la katã me ne nalé ŋku ɖe tsidzɔƒewo kple balimewo katã ŋu kpɔ; ɖewohĩ míakpɔ gbe le afi mawo atsɔ axɔ sɔawo kple tedziawo ɖe agbe, be ɖeke nagaku o.”
6
Ale woma anyigba la ɖe akpa eve me be woatsa le edzi: Axab to akpa ɖeka eye Obadya hã to akpa ɖeka. Wowɔe alea be ame sia ame natsa le akpa si nye etɔ la me.
7
Esi Obadya nɔ yiyim la kpɔ ɖa, Eliya va do goe. Obadya kpɔe dze sii, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be: “Wòea, nye aƒetɔ Eliya?”
8
Eɖo eŋu be: “Nyee. Yi ɖagblɔ na wò aƒetɔ be: ‘Kpɔ ɖa, Eliya le afii.’ ”
9
Obadya xɔ edzi nɛ be: “Nu vɔ̃ ka mewɔ hafi nèbe yeatsɔ wò dɔla ade asi na Axab ne wòawu?
10
Metà Aƒetɔ, wò Mawu ƒe agbe be dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke meli, si me nye aƒetɔ medɔ ame ɖo, be wòayi ɖadi wò le o, eye ne dukɔ aɖe me tɔwo be: ‘Mele mía gbɔ o’ la, ebiana tso wo si be woaka atam na ye be yewomekpɔ wò o.
11
Ke azɔ nèbe: ‘Yi ɖagblɔ na wò aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, Eliya le afii?’
12
Ko ne medzo le gbɔwò vɔ tetee ko Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ nakɔ wò ayi afi aɖe, le nye manyamanya me ale be ne meva gblɔ na Axab be èle afi ma, eye wòdɔ ame ɖa kasia womeva ke ɖe ŋuwò o ɖe, mawum oa? Evɔ wònye nye, wò dɔla, mevɔ̃a Aƒetɔ tso nye ɖevime ke hafi.
13
Ɖe womegblɔ nu si mewɔ, esime Izebel nɔ Aƒetɔ ƒe gbeƒãɖelawo wum la na wò oa? Womegblɔ ale si meɣla wò ame alafa ɖeka mawo ɖe agado eve me bla atɔ̃bla atɔ̃ hetsɔ abolo kple tsi nyi woe la nèse oa?
14
Ke azɔ la nèbe: ‘Yi ɖagblɔ na wò aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, Eliya le afii!’ awum godoo.”
15
Eliya xɔ edzi nɛ be: “Metà Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla la, ame si ŋkume mele tsitre ɖo la ƒe agbe be mayi aɖatsɔ ɖokuinye fiae egbe godoo.”
16
Tete Obadya yi ɖagblɔe na Axab, eye Axab yi ɖado go Eliya.
17
Esi Axab kpɔ Eliya la, Axab biae be: “Wò ŋkumee nye esia? Wò Israel ƒe fuɖenametɔ la!”
18
Eliya ɖo eŋu nɛ be: “Nyemegblẽ Israel-dukɔ dome o. Wò boŋue nye ame si gblẽ edome. Wò kple tɔgbuiwò ƒe ƒomee ɖe fu nɛ elabe miawoe ɖe asi le Aƒetɔ ƒe sededewo ŋu hedze Baalwo yome.
19
Eya ta, azɔ la, dɔ ne woayi ɖaƒo Israel-dukɔ bliboa nu ƒu nam ɖe Karmel-to gbɔ. Na Baal ƒe gbeƒãɖela alafa ene bla atɔ̃awo kple nyɔnumawu Asera ƒe gbeƒãɖela alafa eneawo, ame siwo ɖua nu le Izebel ƒe kplɔ̃ ŋu la, nava.”
20
Ale Axab dɔ ame ɖe Israelviwo katã, eye wòƒo gbeƒãɖelaawo nu ƒu ɖe Karmel-to gbɔ.
21
Eliya te ɖe ameawo katã ŋu, eye wògblɔ be: “Ɣe ka ɣi koŋ miaƒe susu anɔ evedomesi ase ɖo? Nenye Aƒetɔ e nye Mawu la, midze eyome; ke nenye Baal ye la, ekema midze eyome.” Ame aɖeke meke nu o.
22
Tete Eliya gblɔ na dukɔa be: “Nye, nye ɖeka kolia gɔ̃ koe nye Aƒetɔ ƒe gbeƒãɖela si susɔ; gake Baal ƒe gbeƒãɖelawo ya de alafa ene bla atɔ̃.
23
Mina woatsɔ nyitsu eve vɛ na mí; mina Baal ƒe gbeƒãɖelawo natia ɖeka afli atsɔ ɖo nake dzi, gake womegade dzo nakea me o. Nye hã mafli ɖeka atsɔ aɖo nake dzi, gake nyemade dzo nakea me o.
24
Eyome, woado gbe ɖa na woƒe mawu, eye nye hã mado gbe ɖa na Aƒetɔ. Mawu si ase gbedodoɖaa la ade dzo nakea me lae nye Mawu.” Ƒuƒoƒea katã lɔ̃ ɖe edzi be: “Nya lae nye ema.”
25
Tete Eliya gblɔ na Baal ƒe gbeƒãɖelawo be: “Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka. Miesɔ gbɔ, eya ta miawo miwɔ mia tɔ gbã. Mido gbe ɖa na miaƒe mawu, ke migade dzo nakea me o!”
26
Ale wolé nyitsu si wotsɔ na wo la, trɔ asi le eŋu, eye wode asi gbedodoɖa me na Baal tso ŋdi va ɖo ŋdɔ me le gbɔgblɔm be: “O, Baal, tɔ na mí!” Ke gbe aɖeke meɖi o; ame aɖeke metɔ o. Woti kpo ƒo xlã vɔsamlekpui si woɖi.
27
Le ŋdɔ me la, Eliya de asi wo koko me. Ebe: “Mido ɣli sesĩe elabe mawu wònye! Ɖewohĩ anyale modzaka ɖem, alo eyi nugodo, alo eyi nugbe, alo edɔ alɔ̃ eye wòle be woanyɔe!”
28
Woƒe ɣlia gade dzi wu bobobo; wosi wo ɖokui kple yi kple akplɔ le woƒe kɔnu la nu, va se ɖe esime ʋu le ɖuɖum le wo ŋu.
29
Ɣe trɔ, gake kpao! Wole edzi, le edzi, de asi nugbenugbeewo wɔwɔ me va se ɖe esime nuɖuɖuvɔsaɣi ɖo; ke gbe aɖeke meɖi o, ame aɖeke metɔ o, eye ŋuɖoɖo aɖeke meva o.
30
Tete Eliya gblɔ na ameawo katã be: “Mite ɖe ŋunye;” eye ameawo katã te ɖe eŋu. Egbugbɔ Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui si wogbã la wɔ nyuie.
31
Etsɔ kpe wui eve ɖe Yakob, ame si Aƒetɔ gblɔ na kpɔ be: “Ŋkɔwò anye Israel” la viŋutsuwo ƒe to wui eveawo ƒe xexlẽme nu.
32
Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui ɖe Aƒetɔ ŋkɔ me. Eɖe ʋe ƒo xlã vɔsamlekpuia kpe ɖo, ale be tsi lita wui ene ayɔe.
33
Eɖo nake ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye wòfli nyitsua ɖo nakea dzi. Egblɔ na ameawo azɔ be: “Miku tsi tɔmedeze ene kɔ ɖe numemevɔsalã la kple nakea dzi.”
34
Egblɔ na wo be: “Migakui zi evelia” eye wogakui zi evelia. Egblɔ be: “Migakui zi etɔ̃lia”, eye wogakui zi etɔ̃lia.
35
Tsia gbagba ƒo xlã vɔsamlekpuia, tsa yi ʋea me va se ɖe esime ʋea hã yɔ banaa.
36
Esime nuɖuɖuvɔsaɣi ɖo la, gbeƒãɖela Eliya te va, eye wògblɔ be: “O Aƒetɔ, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, na eme nakɔ na amewo be wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye mewɔ nu siawo katã le wò nya nu.
37
Tɔ nam, Aƒetɔ, tɔ nam ne dukɔ sia nanya be wò Aƒetɔ ye nye Mawu, eye ègagbugbɔ woƒe dziwo vɛ.”
38
Tete Aƒetɔ ƒe dzo ge va fiã numemevɔsa la, nakeawo, kpeawo kple ke si le afi ma eye wòno tsi si le ʋea me la hã vɔ ƒiaƒiaƒia.
39
Esi ameawo katã kpɔ nu sia la, wotsyɔ mo anyi eye wògblɔ be: “Aƒetɔ ye nye Mawu, Aƒetɔ ye nye Mawu.”
40
Eliya gblɔ na wo be: “Milé Baal ƒe gbeƒãɖelaawo; migana ɖeka pɛ hã nasí o.” Tete wolé wo. Eliya kplɔ wo va Kison-tɔʋu nu, eye wòwu wo le afi ma.
41
Eyome Eliya gblɔ na Axab be: “Yi ɖaɖu nu, nàno nu, elabe tsidzadza le ɖiɖim hoo mele sesem.”
42
Tete Axab dzo be yeayi ɖaɖu nu, ano nu hã. Eliya yi Karmel-to la tame, eye wòbɔbɔ ɖe anyigba eye wòtsɔ mo de ata me.
43
Egblɔ na eƒe dɔla be: “Lia toa azɔ nàkpɔ ƒu gome ɖa.” Elia toa hekpɔ ɖa, eye wògblɔ be: “Naneke meli o.” Eliya gblɔ nɛ be: “Ga yi zigbɔzi adrẽ.”
44
Esi wòyi zi adrẽlia la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, alilikpo sue aɖe si le abe ame ƒe asi ene la le dodom tso ƒu gome gbɔna.” Tete Eliya gblɔ nɛ be: “Yi ɖagblɔ na Axab be: ‘Tsi lãawo ɖe tasiaɖam ŋu ne nàɖi toa adzo kaba ne tsi magasika wò o.’ ”
45
Mede ɣeyiɣi aɖeke o, alilikpowo xe dziƒo ŋkume tsiɖitsiɖi. Ya de asi ƒoƒo me, eye tsi gã aɖe dza. Axab ya ɖo eƒe tasiaɖam yi Yezreel.
46
Aƒetɔ ƒe asi va Eliya dzi, eye wòbla ali dzi, de afɔ du me nɔ Axab eŋgɔ va se ɖe esime woɖo Yezreel mɔnu.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22