bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 6
1 Kings 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
1
Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒè alafa ene bla enyilia me la, Salomo dze Aƒetɔ ƒe aƒe la tutu gɔme. Ƒe ma mee xɔa ƒe gɔmeɖokpe gbãtɔ yi to me. Emae nye ƒè enelia tso esime woɖo Salomo fiae ɖe Israel-dukɔa nu eye ɣleti Ziv, si nye ƒea ƒe ɣleti enelia la mee dɔa dze egɔme.
2
Xɔ si fia Salomo tu na Aƒetɔ la didi meta bla eve vɔ adrẽ, keke meta asieke, eye wòkɔ meta wui ene kple afã.
3
Hafi nàge ɖe xɔa ŋutɔ me la, àto akpata gã aɖe me. Akpata sia keke meta asieke abe xɔa ŋutɔ ke ene, eye wòyi eme meta ene kple afã.
4
Woɖe fesre aɖewo ƒomevi ɖe xɔawo ŋu. Fesreawo nu mia le gota gome wu le xɔa me, eye wode adzralawo wo nu.
5
Wotu xɔŋuxɔewo ɖe xɔa ƒe gliwo ŋu le eƒe axa diditɔ eveawo dzi kple eƒe megbe. Xɔŋuxɔe siawo nye dziƒoxɔ tuɖedzi zi evewo, eye woɖo gli tsɔ tso wo me.
6
Xɔŋuxɔeawo ƒe anyigbaxɔ me keke meta eve kple afã. Woƒe dziƒoxɔ gbãtɔ me keke meta etɔ̃, eye woƒe dziƒoxɔ evelia me keke meta etɔ̃ kple afã. Xɔa tulawo ɖo glia kple aɖaŋu tɔxɛ aɖe si wɔe be zi ale si glia ƒe kɔkɔme le dzi yim ko la, eƒe titrime dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ. Aɖaŋu sia wɔe be xɔa ƒe gli ŋutɔ koe kɔ xɔŋuxɔea ƒe dzisasrãwo ɖe abɔta ale be megahiã be woaŋɔ glia atsɔ dzisasrãawo ƒe atiwo aƒo ɖe doawo me o.
7
Wotrɔ asi le kpe siwo wotsɔ tu xɔae la ŋu le keke kpeawo kuƒe ke. Eya ta esime wonɔ xɔa tum la, màse zu, alo fía alo gakpodɔwɔnu bubu aɖeke ƒe ɖiɖi le xɔa gbɔ o.
8
Mɔ si nu nàto hafi age ɖe xɔŋuxɔea ƒe anyigbaxɔ me la le xɔa ƒe anyigbeme kpa dzi. Atrakpui tso le anyigbaxɔa me yi dziƒoxɔ gbãtɔ dzi, eye bubu hã tso le afi ma yi dziƒoxɔ evelia dzi.
9
Esi wòtu xɔa wu nu vɔ keŋ la, etsɔ daɖedziwo, siwo wotsɔ sederti kpa la kple sederʋuƒowo wɔ dzisasrã ɖe eme.
10
Etu xɔŋuxɔewo ɖe gbedoxɔ la ŋu katã. Xɔŋuxɔeawo nye tuɖedzi-eve-dziƒoxɔwo. Tuɖedzi ɖe sia ɖe kɔ meta eve kple afã. Ɖe sia ɖe ƒe sederti siwo woda ɖe edzi la ƒe nugbɔ va le xɔa ƒe gli dzi.
11
Aƒetɔ ƒe nya va na Salomo be:
12
“Èwɔ nuteƒe be nèle xɔ sia tum nam. Ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, wɔ nye kɔnuwo dzi, lé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya si megblɔ na tɔ́wò David la dzi na wò.
13
Ekema mava nɔ Israelviwo dome, eye nyemagblẽ nye dukɔ Israel ɖi o.”
14
Ale Salomo tu xɔ la wu nu.
15
Woklã sederʋuƒowo ɖe xɔa me ƒe gliwo ŋu tso anyigba yi ɖatɔ gliawo ƒe daɖedziwo, eye woklã sesewuʋuƒowo ɖe xɔa me ƒe anyigba.
16
Wotsɔ sederʋuƒowo tso xɔa me le eƒe megbe kpa dzi ale be afi ma zu xɔmexɔe aɖe. Sederʋuƒoawo kɔ yi ɖatɔ xɔa ƒe daɖedziwo ke. Xɔmexɔe sia didi meta asieke. Woyɔe be Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe.
17
Xɔa me ƒe akpa si le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ la didi meta wui enyi.
18
Wotsɔ hɛ ɖaɖɛ ta gotsetsewo kple seƒoƒo aɖe ƒomevi si kè nyuie la ɖe sederʋuƒoawo ŋu. Sederʋuƒowo xɔ gliawo ŋu ƒe afi sia afi ale gbegbe be màkpɔ kpe siwo wotsɔ ɖo glia la ƒe afi aɖeke o.
19
Wowɔ Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ƒe titina wòzu xɔmexɔe bubu le eɖokui si, be wòanye Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la nɔƒe koŋ.
20
Megbexɔ la didi meta asieke, keke meta asieke eye wòkɔ meta asieke. Efa sika nyuitɔ ɖe eme, eye wòtsɔ sederʋuƒo wɔ vɔsamlekpui da ɖe enu.
21
Salomo fa sika nyuitɔ ɖe xɔ la me, eye wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ tso ga ɖe megbexɔ si ŋu wofa sika ɖo la nu.
22
Wofa sika nyuitɔ ɖe xɔ la me katã, eye wofae ɖe vɔsamlekpui si le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒea la hã ŋu.
23
Etsɔ amiti wɔ kerubi eve ɖe kɔkɔeƒe si le ememe la me. Wo dome ɖe sia ɖe kɔ meta ene kple afã.
24
Kerubiawo dome ɖe sia ɖe ƒe aʋalawo keke meta eve sentimeta eve. Tso ɖeka ƒe aʋala nu va se ɖe evelia ƒe aʋala nu nye meta ene sentimeta ene.
25
Kerubi eveawo ƒe dzidzeme sɔ eye nɔnɔme ɖeka li na wo. Woƒe kɔkɔme nye meta ene sentimeta ene.
26
Kerubi ɖeka kɔ meta ene sentimeta ene; evelia hã nenema ke.
27
Wotsɔ kerubiawo ɖo xɔa ememetɔ me. Woke aʋala me ale be ɖeka ƒe aʋala ɖeka nu ɖatɔ gli le akpa ɖeka eye evelia hã ƒe aʋala ɖeka nu ɖatɔ gli le akpa kemɛ ale be aʋala eveawo nu va tɔ wo nɔewo le xɔa titina.
28
Wofa sika ɖe kerubi eveawo hã ŋu.
29
Wotsɔ ga ɖaɖɛ ɖè kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo kè nyuie la ƒe tatawo ɖe gli ŋu le xɔa me katã kple Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la hã.
30
Wofa sika ɖe anyigba gɔ̃ hã le xɔa me ƒe afi sia afi.
31
Wotsɔ ʋɔtru agaevee si wokpa kple amiti la de Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ƒe mɔnu. Wowɔ ʋɔtruti la kple etametɔ wonɔ dzogoe atɔ̃ me.
32
Woɖè kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo aɖe si kè nyuie la ƒe tatawo ɖe ʋɔtruawo ŋu be ʋɔtruawo nanyakpɔ, eye wofa sika ɖe ʋɔtruawo ŋutɔ kple atsyɔ̃ɖonu siawo ŋu.
33
Axa sɔsɔe ene kple dzogoe sɔsɔe ene li na ʋɔtruti si le xɔ gãtɔ ƒe mɔnu eye wokpae kple amiti.
34
Wode ʋɔtru eve enu. Ʋɔtru eveawo dometɔ ɖe sia ɖe hã ma ɖe akpa eve me, eye àte ŋu aʋu akpa ɖeka ko ne èlɔ̃. Sesewuʋuƒoe wotsɔ kpa ʋɔtruawoe.
35
Woɖè kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo aɖe si kè nyuie la ƒe tatawo ɖe wo ŋu be woanyakpɔ, eye wofa sika ɖe nutataawo hã me.
36
Etɔ kpɔ emetɔ. Etsɔ kpe fúfu ɖo amli etɔ̃ eye wòtu sederti ɖe wo dzi.
37
Woɖo Aƒetɔ ƒe xɔa gɔme anyi le Salomo ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè enelia me, le ɣleti Ziv me.
38
Wowu etutu nu le Salomo ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè wui ɖekɛlia me, le ƒea ƒe ɣleti enyilia, Bul, me. Wotui wòle abe ale si woɖo be yewoatui ene la tututu. Xɔa tutu xɔ ƒe adrẽ sɔŋ.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22