bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 20
1 Kings 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 21 →
1
Eva eme be Ben-Hadad, Siria-fia ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu, ale be wozu aʋakɔ gã aɖe. Fia bla etɔ̃ vɔ eve kple sɔwo kpakple tasiaɖamwo va kpe ɖe eŋu. Eho aʋa ɖe Samaria ŋu, ɖe to ɖee, hedze edzi.
2
Edɔ amewo ɖo ɖe Israel-fia Axab gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Ben-Hadad be:
3
‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye; srɔ̃wò nyuitɔwo kple viwò nyuitɔwo hã nye tɔnye.’ ”
4
Israel-fia ɖo eŋu be: “Ale si nègblɔ la, nye aƒetɔ fia, tɔwòe menye, nu siwo katã nye tɔnye hã, tɔwòwoe.”
5
Emegbe amedɔdɔawo gatrɔ va be: “Ben-Hadad be: ‘Medɔ ame ɖe wò va yi be: Ɖe asi le wò klosalo kple sika, srɔ̃wòwo kple viwòwo ŋu nam. Enyo.
6
Etsɔ ɣe alewo ɣi la, madɔ nye dɔlawo ɖa woava tsa wò kple wò dɔlawo ƒe aƒewo kple xɔwo me, atsɔ nu sia nu si dze wo ŋu la adzoe.’ ”
7
Tete Israel-fia yɔ anyigbaa dzi ame tsitsiwo katã eye wògblɔ na wo be: “Mide dzesii ne miakpɔ ale si gbegbe ŋutsu sia le ge dim ɖa! Edɔ ame ɖem be ele be yeaxɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple nye sika le asinye eye nyemegbe wo tsɔtsɔ nɛ o!”
8
Tete ame tsitsiawo kple ame bubuawo katã gblɔ nɛ be: “Mègalɔ̃ o; gbe.”
9
Ale wògblɔ na Ben-Hadad ƒe amedɔdɔawo be: “Migblɔ na nye aƒetɔ fia be nu siwo katã wòbia tso asinye zi gbãtɔ be mawɔ la, melɔ̃ be mawɔ wo, ke evelia sia ya la, nyemate ŋu alɔ̃ ɖe edzi o.” Amedɔdɔawo trɔ dzo. Ke wogaxɔ gbe tso Ben-Hadad gbɔ vɛ nɛ.
10
Ben-Hadad dɔ be woneyi ɖagblɔ nɛ be: “Mawuawo nefiam, ne woagafiam ɖe edzi wu, ne Samaria ƒe ke asɔ gbɔ ayɔ ame siwo katã dze yonyeme la ƒe asiʋlo me fĩi!”
11
Israel-fia ɖo eŋu be: “Migblɔ nɛ be: ‘Ame si le agbadza blam la meƒoa adegbe o, ke boŋ ame si gbɔ tso nugbe va tu agbadza lae kpɔ mɔ aƒo adegbe.’ ”
12
Ben-Hadad kple etɔ fiawo nɔ aha nom le agbadɔ me hafi wova gblɔ Israel-fia ƒe ŋuɖoɖoa nɛ. Eɖe gbe na eƒe aʋawɔlawo enumake be: “Midze aʋa!” eye wodze aʋa ɖe dua ŋu.
13
Ke kpɔ ɖa, gbeƒãɖela aɖe va Israel-fia Axab gbɔ va gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be: ‘Èle ameha gbogbo sia kpɔma? Kpɔ ɖa, matsɔe de asi na wò egbe, ne nàdze sii be nyee nye Aƒetɔ.’ ”
14
Axab biae be: “Ame ka dzi wòato?” Eɖo eŋu be: “Aƒetɔ be ato anyigbaa dzikpɔlawo ƒe ɖekakpui siwo nɔa wo ŋu, nɔa wo subɔm la dzi.” Tete wògabia be: “Ame kae le aʋaa gɔme dze ge?” Eɖo eŋu be: “Wòe.”
15
Tete wòƒo ɖekakpui siwo nɔa nutomedzikpɔlawo ŋu nɔa wo subɔm la nu ƒu. Woƒe xexlẽme le alafa eve bla etɔ̃ vɔ eve. Emegbe egatia amewo tso Israel-dukɔ haho la me xlẽ. Woawo ƒe xexlẽme de akpe adrẽ.
16
Israel-ʋakɔ sia ho le ŋdɔ me, esime Ben-Hadad ŋutɔ kple fia bla etɔ̃ vɔ eve siwo kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, be yewoava kpe ɖe eŋu le aʋaa me la le ahamumu dzi le agbadɔwo me.
17
Anyigbadzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo ƒe aʋalɔgoe ho gbã. Do ŋgɔ la, Ben-Hadad dɔ ŋkutsalawo ɖe teƒe mawo. Ŋkutsalaawo kpɔ ɖekakpuiawo ƒe aʋalɔgoa, eye wova gblɔ na Ben-Hadad be: “Ŋutsu aɖewo tso Samaria gbɔna.”
18
Ben-Hadad gblɔ na wo be: “Nenye ŋutifafa bia ge wova hã, milé wo agbagbee. Nenye aʋa wɔ ge wova hã, milé wo agbagbee.”
19
Ke esi nutomedzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo do le dua me la, aʋakɔ la dze wo yome.
20
Wo dometɔ ɖe sia ɖe wu ame si kpe akɔ kplii. Tete Siriatɔwo de afɔ du me, eye Israelviwo kplɔ wo ɖo. Siria-fia Ben-Hadad de sɔ dzi sí kple eƒe sɔdolawo dzo.
21
Azɔ Israel-fia ƒe amewo kaka ɖe gbea dzi, wu sɔwo, gblẽ tasiaɖamwo dome, eye woɖu Siria-ʋakɔawo dzi keŋkeŋ.
22
Tete gbeƒãɖela la va Israel-fia gbɔ va gblɔ nɛ be: “Va dzra ɖokuiwò ɖo, nàbla akpa sesĩe, eye ne èbe yeawɔ nane la, nàbu eŋu kpɔ nyuie hafi awɔe elabe ne ƒe trɔ dzomeŋɔli ɖo la, Siria-fia gale hoho ge ɖe ŋuwò.”
23
Siria-fia ƒe dɔlawo gblɔ nɛ be: “Woƒe mawuwo la, todzimawuwo wonye eya ta Israelviwo sesẽ wu mí ɖo. Ke na míawɔ aʋa kpli wo le gbegbe gbadza eye míasesẽ wu wo godoo.
24
Fifia ɖe, ɖe fia ɖa le wo nɔƒe ne nàtsɔ aʋakplɔlawo aɖo wo teƒe.
25
Gbugbɔ aʋakɔ bubu ɖo ne wòanɔ abe xoxotɔ ene tututu, eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo nesɔ gbɔ abe aʋakɔ xoxotɔwo ene tututu, ne míayi ɖakpe kpli wo le gbegbe gbadza! Womate ŋu anɔ te ɖe mía nu kura o.” Ese eƒe gbe eye wòwɔ nenema.
26
Esi ƒe trɔ la, Ben-Hadad gaƒo Siria-ʋakɔ nu ƒu, eye wòho va Afek be yeava wɔ aʋa kple Israel.
27
Woyɔ Israel ƒe aʋawɔlawo hã ƒo ƒu. Esi woma nuɖuɖu na wo vɔ la, woho ɖo ta futɔawo gbɔ, eye woyi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe adzɔge ʋĩi le wo ŋkume hele wo kpɔm ɖa. Israelviawo mesɔ gbɔ kura o; ɖeko wole abe gbɔ̃wo ƒe ha sue eve ene, ke Siriatɔawo ya sɔ gbɔ fũu, yɔ teƒea katã.
28
Tete Mawu ƒe ame aɖe va afi ma. Ete ɖe Israel-fia ŋu, eye wògblɔ na fiaa be: “Aƒetɔ Mawu be: ‘Esi Siriatɔwo be nye, Aƒetɔ la towo dome Mawu menye, nyemenye gbadzaƒe Mawu o ta la, mahe ameha gbogbo sia ade asiwò me, eye eme akɔ na mi be nyee nye Aƒetɔ.’ ”
29
Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke ade, nya aɖeke medzɔ o. Ke le ŋkeke adrẽa gbe la, aʋaa fe ati. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka gbe ma gbe ɖeɖe.
30
Siriatɔ mamlɛawo sí yi Afek-du me. Ke le afi ma la, dua ƒe gli mu dze wo dometɔ akpe bla eve vɔ adrẽ dzi. Ben-Hadad ŋutɔ hã sí yi dua me, ɖabè ɖe xɔ aɖe me.
31
Eƒe dɔlawo va gblɔ nɛ be: “Míese be Israel-fiawo la, ɖe wokpɔa nublanui na ame. Na míasa akpanya ɖe ali, asa ka ɖe ta, eye míayi Israel-fia gbɔ; ɖewohĩ agblɔ be womegawu wò o.”
32
Ale wosa akpanya ɖe ali, sa ka ɖe ta, eye woyi Israel-fia gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Wò dɔla Ben-Hadad be yeɖe kuku, na ne yeatsi agbe.” Axab gblɔ be: “Egale agbea? Nɔvinye ŋutsue ɖe!”
33
Ameawo menya be yewoase o. Woxee le enu kaba be: “Nyateƒee! Ben-Hadad la, nɔviwòe.” Tete fia la be: “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben-Hadad va ɖo la, Axab na wòva egbɔ le tasiaɖam la me.
34
Ben-Hadad gblɔ na Axab be: “Matrɔ du siwo tɔ́nye xɔ le tɔ́wò si la na wò. Hekpe ɖe ema ŋu la, àte ŋu ava ʋu fiasewo ɖe Damasko faa ne èlɔ̃, abe ale si tɔ́nye ɖo fiasewo ɖe Samaria ene.” Axab ɖo eŋu be: “Maɖe asi le ŋuwò nayi le nya siawo nu.” Ale wobla nu, eye Axab ɖe asi le Ben-Hadad ŋu wòdzo.
35
Ŋutsu ade tso gbeƒãɖelawo viwo dome gblɔ na ehavi le Aƒetɔ ƒe nya nu be: “Meɖe kuku, ƒom.”
36
Amea gbe eƒoƒo. Tete wògblɔ na amea be: “Esi nègbe Aƒetɔ ƒe gbe dzi wɔwɔ ta, ne èdzo le gbɔnye yina tetee ko, dzata awu wò.” Ale esi wòdzo le egbɔ yina la, dzata va do goe hewui.
37
Tete wògado go ame bubu gblɔ be: “Meɖe kuku, ƒom.” Amea ƒoe vevie, de abi eŋu.
38
Tete wòdzo. Eyi ɖadi nu bla mo, ne amewo nagakpɔe dze sii o. Eyome eyi ɖatsi tsitre ɖe mɔ to nɔ fia lalam.
39
Esi fia va yina la, edo ɣli gblɔ na fia be: “Menɔ aʋagbea dzi le akpa si aʋaa nu sẽ ŋutɔ le la. Kasia, aʋawɔla aɖe kplɔ ŋutsu aɖe vɛ nam, gblɔ kpe ɖe eŋu be: ‘Dzɔ ame sia ŋu. Ne wova dii do kpo la, woatsɔ wò agbe aɖo etɔ teƒe, alo woaxɔ klosaloga akpe etɔ̃ le asiwò.’
40
Esi meva nɔ nanewo wɔm, eye wòhiã be matso afii, ayi afii, atso afii, ayi afii la, amea sí.” Israel-fia gblɔ nɛ be: “Èbu fɔ ɖokuiwò xoxo; ele be nàxɔ tohehea.”
41
Amea ɖe nu si wòtsɔ bla mo la ɖa enumake, eye fiaa kpɔe dze sii be gbeƒãɖelawo dometɔ ɖekae.
42
Tete wògblɔ na fiaa be: “Aƒetɔ be: ‘Esi nèɖe asi le ŋutsu ma, si nye ya metso kufia na xoxo ŋu wòdzo ta la, wò agbe anɔ eƒe agbe teƒe, eye wò dukɔ anɔ eƒe dukɔ teƒe.’ ”
43
Tete dzi ku Israel-fia la wòɖo adã, dzo yi aƒe, eye wòva Samaria.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22