bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Kings 9
1 Kings 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 10 →
1
Esi Salomo wu Aƒetɔ ƒe aƒe la kple fia ƒe aƒe la kpakple xɔ siwo katã wòdi be yeatu nu vɔ la,
2
Aƒetɔ gaɖe eɖokui fiae zi evelia abe ale si wòɖe eɖokui fiae le Gibeon ene.
3
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Mese wò gbedodoɖa kple koko si nèƒo vevie le ŋkunye me. Mekɔ̀ xɔ sia si nètu be wòanye teƒe si nye ŋkɔ anɔ tegbee la ŋu; madzɔ eŋu, eye maʋli eta ɣeawo katã ɣi. Nye ŋku kple nye dzi anɔ eŋu ɣeawo katã ɣi.
4
Ke wò la, ne wò nɔnɔ ɖe ŋunye anɔ abe tɔ́wò David tɔ ene, nànye nyateƒetɔ kple nu dzɔdzɔe wɔla, azɔ ɖe se siwo katã mede na wò la nu, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,
5
ekema mana wò dzidzimeviwo anɔ fia ɖum ɖe Israel-dukɔ dzi heyi ɖe mavɔ me, le ŋugbe si medo na tɔ́wò la nu be: ‘Ɣeaɖekeɣi mava si manye wò dzidzimevie le fiazikpuia dzi le Israel o.’
6
Gake ne miawo alo mia viwo miede megbe le ŋunye, eye miegbe nye sewo kple ɖoɖo siwo mewɔ na mi me léle ɖe asi, eye mieyi ɖale mawu bubuwo subɔm, le ta dem agu na wo la,
7
maɖe Israelviwo ɖa le anyigba si metsɔ na mi la dzi. Maɖe xɔ sia, si ŋu mekɔ̀ be nye ŋkɔ nanɔ eme la ɖa le nye ŋku ta, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.
8
Xɔ sia azu glikpo gã aɖe ɖi. Ame sia ame si va to egbɔ yina la ƒe nu aku, eye wòafa konyi be: ‘Ao! Ale ke wɔ Aƒetɔ tu nu kple anyigba sia kple xɔ sia ale?’
9
Tete amewo axɔ edzi be: ‘Elabe wogblẽ Aƒetɔ, woƒe Mawu si kplɔ wo tɔgbuiwo dzoe le Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woku ɖe mawu bubuwo ŋu hele subɔsubɔm tae. Eya tae Aƒetɔ he dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.’ ”
10
Ƒe bla eve Salomo tsɔ tu xɔ eveawo; Aƒetɔ ƒe xɔ la kple fia ƒe xɔ la.
11
Tiro-fia Xiram ye di nu siwo ŋudɔ wòwɔ le xɔawo tutu me la katã kloe ɖo ɖee. Eyae ɖo sederti, sesewuti kple sika ɖa. Nu siawo ƒe agbɔsɔsɔ ale sinu Salomo nyagbe di ko la, Xiram ɖo wo ɖee. Eya ta esi dɔa wu nu la, Salomo tsɔ eƒe du bla eve le Galilea-nyigba dzi na Xiram.
12
Ke esi Xiram ɖi tsa va kpɔ duawo ɖa la, womedze eŋu o.
13
Eya ta ebia Salomo be: “Nɔvinye, nu ka duwoe nye esiawo nètsɔ nam?” Ale wotsɔ ŋkɔ na anyigba ma be Kabul. Ŋkɔ sia tsí teƒea ŋu va se ɖe egbe.
14
Sika sinu Xiram ɖo ɖe Salomo la kpe wu kilo akpe ene.
15
Esia nye nya le dzizizidɔ si fia Salomo ɖo amewo dzi tsɔ tu Aƒetɔ ƒe xɔ la, eya ŋutɔ ƒe xɔ kple Milo la eye wòɖo gli ɖe Yerusalem, Xazor, Megido kple Gezer ŋu la nye esi:
16
Tsã la, Gezer nye Kanaantɔwo ƒe du; ke Egipte Fiagã va dze edzi, wu emenɔlawo katã eye wotɔ dzoe. Emegbe, esi Egipte Fiagã vinyɔnu va ɖe fia Salomo la, tɔ́a tsɔ Gezer-du la nae abe eƒe srɔ̃ɖegbe ƒe nunana ene.
17
Ale Salomo gbugbɔ Gezer-dua tso. Egbugbɔ Anyigbe Bet-Xoron
18
Baalat kple Tamar hã tso. Tamar sia le gbedadaƒo le Yuda.
19
Salomo tso nudzraɖoƒedu siwo katã nɔ esi la; etso duwo na eƒe tasiaɖamwo, duwo na eƒe sɔwo kple nu sia nu si wòdi be yeatu le Yerusalem, Lebanon kple anyigba siwo katã le eƒe dziɖuƒe me la.
20
Dukɔ aɖewo nɔ Kanaan-nyigba dzi tsã hafi Israelviwo va ɖo afi ma. Wo dometɔ aɖewoe nye: Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo. Ame siawo menye Israelviwo o.
21
Esi Israelviwo xɔ Kanaan-nyigbaa la, womete ŋu tsrɔ̃ dukɔ siawo me tɔwo vɔ o. Wo dometɔ siwo susɔ la ƒe dzidzimeviwoe Salomo tsɔ wɔ dzizizidɔwɔlawoe. Woganye kluviwo henɔa dɔ ma ƒomevi wɔm va se ɖe egbe.
22
Ke Salomo metsɔ Israelvi aɖeke ya wɔ kluvii o; ke boŋ woawoe nye asrafowo, eƒe amegãwo, eƒe aʋakplɔlawo, eƒe aʋafiawo, tasiaɖam ŋu srafowo kple eƒe sɔdolawo.
23
Dɔdzikpɔlawo ƒe amegã siwo nɔ Salomo ƒe dɔ nu la ƒe xexlẽme de alafa atɔ̃ bla atɔ̃ sɔŋ. Woawoe kpɔa dɔwɔlaawo dzi.
24
Ke Egipte Fiagã vinyɔnu la dzo le David ƒe du la me, eye wòyi eya ŋutɔ ƒe aƒe si Salomo tso nɛ la me. Salomo ye tu Milo la.
25
Ƒe sia ƒe la, Salomo saa numemevɔ kple ŋutifafavɔ na Aƒetɔ zi etɔ̃, le vɔsamlekpui si wòɖi na Aƒetɔ la dzi, eye wòtɔa dzo lifi le Aƒetɔ ŋkume. Ale Salomo wu xɔ la nu.
26
Tɔdziʋuwo hã nɔ Salomo si le Ezeon-Geber le Aƒlaƒu-ƒuta si te ɖe Elon ŋu le Edomtɔwo ƒe anyigba dzi.
27
Xiram na eƒe ƒudzidɔwɔla siwo bi ɖe ƒudzidɔ la me yi ɖakpe ɖe Salomo ƒe amewo ŋu.
28
Woku ʋuawo yi Ofir ɖalɔ sika si wu kilo akpe wui ene la tso afi ma vɛ na Salomo.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22