bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 1
Luke 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 2 →
1
Amegã Teofilo lɔlɔ̃a, Ame geɖewo dze agbagba ŋlɔ nu le nya siwo va dzɔ le mía dome la ŋu.
2
Woŋlɔ nu siawo ɖi abe ale si ame siwo kpɔ nyadzɔdzɔ siawo teƒe kple ŋku tso gɔmedzedzea me, eye wonye Nya la ƒe dɔlawo la, gblɔe na mí tututu la ene.
3
Nye hã medzro nyadzɔdzɔ siawo katã me tsitotsito ɣeyiɣi aɖee nye esi. Ale mebui be anyo be maŋlɔ wo na wò ɖe ɖoɖo nu,
4
bene nànya nyateƒe si le nu siwo wofia wò la me.
5
Le Yudea-fia Herodes ŋɔli la, nunɔla aɖe nɔ anyi si ŋkɔe nye Zaxarya. Etso nunɔlawo ƒe hatsotso si woyɔna be Abiya la me. Srɔ̃a hã tso Aron ƒome la me. Eŋkɔe nye Elizabet.
6
Wo ame eve la katã nye mawuvɔ̃lawo, eye wowɔa Aƒetɔ la ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ, mokaka manɔŋui.
7
Ke vi menɔ wo si o, elabe Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la tsi xɔ ƒè geɖee.
8
Esi wòɖo Abiya-hatsotso la dzi be woawɔ subɔsubɔdɔ le mawuxɔa me la,
9
wotia Zaxarya le nunɔlawo ƒe kɔa nu be wòayi Aƒetɔ la ƒe xɔa me aɖawɔ lifivɔsa.
10
Ameha la katã nɔ gbe dom ɖa le gota le lifivɔsawɔɣi la.
11
Aƒetɔ ƒe dɔla do ɖe vɔsamlekpuia ƒe ɖusime heɖe eɖokui fia Zaxarya.
12
Esi Zaxarya kpɔe la, eɖi vo, eye wòvɔ̃ ŋutɔ.
13
Ke dɔla la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, Zaxarya, elabe Mawu se wò kukuɖeɖe la. Srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.
14
Dzi adzɔ wò, eye àtso aseye. Ɖevi sia dzidzi ado dzidzɔ na ame geɖewo,
15
elabe anye ame vevi aɖe na Aƒetɔ la. Mele wain alo aha sesẽ no ge o. Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔe taŋ tso keke nɔa ƒe dɔme ke.
16
Agbugbɔ Israelvi geɖewo ava Aƒetɔ, woƒe Mawu la gbɔ.
17
Anɔ ŋgɔ na Aƒetɔ la ava, eye gbɔgbɔ kple ŋusẽ si nɔ Eliya me la, anɔ eme. Ana vi tɔ́wo ƒe dɔme natrɔ ɖe wo viwo ŋu. Ana hã be tosẽlawo nase nu gɔme abe ame dzɔdzɔewo ene, eye wòadzra Aƒetɔ la ƒe dukɔa ɖo ɖi nɛ.”
18
Zaxarya bia be: “Nu ka matsɔ adze sii be esia le eme va ge? Kpɔ ɖa, nye la, meku amegã, eye srɔ̃nye hã ku nyagã.”
19
Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye Gabriel, ame si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋkume. Wodɔm be maɖe gbeƒã nyanyui sia na wò.
20
Ke mèxɔ nye nya sia, si le eme va ge godoo la dzi se o. Eya ta, kpɔ ɖa, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o va se ɖe esime nu siawo nava va eme.”
21
Esi esia nɔ edzi yim la, ameha la nɔ Zaxarya lalam; ewɔ nuku na wo be etsi mawuxɔa me nenema gbegbe.
22
Zaxarya va do go azɔ, ke mete ŋu ƒo nu na wo o. Asi ko wòtsɔ le dzesi wɔmee na wo; ale wodze sii be ekpe nu le mawuxɔa me.
23
Esi Zaxarya ƒe subɔsubɔdɔa wu nu la, edzo yi aƒe.
24
Emegbe la, srɔ̃a Elizabet fɔ fu. Eɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ hegblɔ be:
25
“Mikpɔ nu si gbegbe Aƒetɔ la wɔ nam egbe sia ɖa! Eve nunye, eye wòɖe ŋukpe si le ŋunye la ɖa!”
26
Le ɣleti ade megbe la, Mawu dɔ eƒe dɔla Gabriel ɖe Galilea-du aɖe, si woyɔna be Nazaret la me.
27
Eyi ɖe ɖetugbi aɖe, si ŋugbe wodo na ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Yosef la gbɔ. Yosef nye Fia David ƒe dzidzimevi. Ɖetugbi la ŋkɔe nye Maria.
28
Mawudɔla la va egbɔ va gblɔ nɛ be: “Medo gbe na wò, wò ame sinu wove. Aƒetɔ la li kpli wò!”
29
Esi Maria se nya siawo la, etɔtɔ ŋutɔ, eye wòbia eɖokui be: “Gbedoname ka ƒomevie nye esia?”
30
Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, Maria, elabe Mawu ve nuwò.
31
Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi. Nàna ŋkɔe be Yesu.
32
Anye amegã, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la Vi. Aƒetɔ Mawu la aɖoe fiae abe tɔgbuia David ene,
33
eye wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi tegbee. Nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuɖu akpɔ o.”
34
Maria gblɔ na mawudɔla la be: “Nyemenya ŋutsu o ɖe. Ale ke esia lawɔ ava eme?”
35
Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò; eya ta woayɔ vi si dzi ge nàla la be Kɔkɔetɔ, Mawu Viŋutsu.
36
Kpɔ ɖa, togbɔ be wò ƒometɔ, Elizabet ku nyagã hã la, efɔ fu le ŋutsuvi dzi ge. Ɣleti siae nye adelia na eya, ame si woyɔna be konɔ la.
37
Elabe naneke meli si wu Mawu ƒe wɔwɔ o.”
38
Maria xɔ edzi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, nye la, Aƒetɔ la ƒe nyɔnudɔla ko menye. Wò nya la neva eme nam.” Tete mawudɔla la dzo le egbɔ.
39
Le ŋkeke mawo me la, Maria tso, ɖe abla yi ɖe Yudea-du aɖe, si le tonyigba la dzi la me.
40
Ege ɖe Zaxarya ƒeme, eye wòdo gbe na Elizabet.
41
Eva eme be esi Elizabet se Maria ƒe gbedoname ko la, ɖevia ho le dɔme nɛ. Tete Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet taŋ,
42
eye wòdo ɣli sesĩe be: “Woyra wò le nyɔnuwo dome, eye woyra wò dɔmevi la!
43
Amenuveve ka gbegbee nye esia be wò, nye Aƒetɔ la nɔ, nèva be yeakpɔm ɖa?
44
Kpɔ ɖa, esi mese wò gbedonamea teti ko la, ɖevia ho le dɔme nam dzidzɔtɔe.
45
Woyra wò, wò ame si xɔ se be nya si Aƒetɔ la na wogblɔ na wò la ava va eme.”
46
Maria gblɔ be: “Nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum,
47
eye nye gbɔgbɔ le aseye tsom ɖe Mawu, nye Xɔla ŋuti.
48
Elabe ekpɔ nublanui na eƒe kosi maɖinu la. Tso esia dzi heyina la, dzidzime ɖe sia ɖe abum yayramee.
49
Elabe Ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam. Eŋkɔ ŋuti nakɔ!
50
Ekpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.
51
Eɖe eƒe ŋusẽ fia; ekaka dàdalawo kple woƒe tamesusuwo hlẽ.
52
Etu asi ŋusẽtɔwo ƒu anyi tso woƒe fiazikpuiwo dzi, eye wòdo ame maɖinuwo ɖe dzi.
53
Ena nu nyui dɔwuitɔwo ɖu ɖi ƒo, eye wòna kesinɔtɔwo dzo yi kple dɔmeɣi.
54
Eɖo ŋku edzi ve eƒe dɔla Israel nu, eye wòkpe ɖe eŋu,
55
abe ale si wòdo ŋugbe na mía tɔgbui Abraham kple eƒe dzidzimeviwo, be yeawɔ na wo tegbee la ene.”
56
Maria tsi Elizabet gbɔ abe ɣleti etɔ̃ ene, eye wòtrɔ yi aƒe.
57
Esi Elizabet ƒe ɣeyiɣi de la, edzi ŋutsuvi.
58
Eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo se be Aƒetɔ la ve enu geɖe ŋutɔ, eye wokpɔ dzidzɔ kplii.
59
Le ŋkeke enyia gbe la, wova be woatso aʋa na ɖevia, eye wodi be yewoatsɔ Zaxarya, si nye tɔ́a ƒe ŋkɔ la, nɛ.
60
Ke nɔa gblɔ be: “Ao! Woayɔe be Yohanes boŋ.”
61
Woɖo eŋu nɛ be: “Wò ƒometɔ aɖeke metsɔ ŋkɔ sia kpɔ o ɖe!”
62
Tete wowɔ dzesi bia tɔ́a Zaxarya be ŋkɔ ka wòdi be woatsɔ na ɖevia mahã.
63
Zaxarya bia be woatsɔ nuŋlɔkpe na ye, eye wòŋlɔ ɖe edzi be: “Eŋkɔe nye Yohanes.” Ameawo katã ƒe mo wɔ yaa.
64
Enumake Zaxarya ƒe nu ʋu, eƒe aɖeka ɖɔ ɖo, eye wòƒo nu kafu Mawu.
65
Vɔvɔ̃ ɖo eƒe aƒelikawo katã. Amewo ƒo nu le nya siawo ŋuti hoo le Yudea-tonyigba blibo la dzi.
66
Ame siwo katã see la bu eŋuti hegblɔ be: “Nu ka gɔ̃ ɖevi sia ava zu? Elabe Aƒetɔ la ƒe ŋku le eŋu.”
67
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Yohanes tɔ́, Zaxarya taŋ, eye wòɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi be:
68
“Woakafu Aƒetɔ Israel ƒe Mawu la, elabe eva kpɔ eƒe dukɔa ɖa, eye wòxɔe ɖe agbe.
69
Ena Xɔla ŋusẽtɔ do na mí tso eƒe dɔla David ƒe ƒomea me.
70
Mawu do ŋugbe to eƒe blemagbeƒãɖela kɔkɔeawo dzi,
71
be woaɖe mí tso míaƒe ketɔwo kple ame siwo lé fu mí la si me.
72
Ebe yeave mía nu, abe ale si yedo ŋugbe na mía tɔgbuiwo la ene, eye yeaɖo ŋku yeƒe nubabla kɔkɔe la dzi.
73
Awɔ atam si wòka na mía tɔgbui Abraham la dzi,
74
be yeana woaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, bene míasubɔ ye vɔvɔ̃ manɔmee.
75
Mía ŋuti nakɔ, eye míawɔ nu dzɔdzɔe le eŋkume, le míaƒe agbe me ŋkekewo katã me.
76
Ke vinye, woayɔ wò be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe gbeƒãɖela. Elabe ànɔ Aƒetɔ la ŋgɔ, adzra eƒe toƒe ɖo.
77
Àna eƒe dukɔmeviwo nadze sii be woxɔ yewo ɖe agbe, eye wotsɔ yewoƒe nuvɔ̃wo ke yewo.
78
Aƒetɔ la lɔ̃ mí, ale be ŋu ake na mí tso dziƒo ke.
79
Kekeli aklẽ na ame siwo le viviti tsiɖitsiɖi me kple ame siwo le ku ƒe ŋusẽ te la, eye wòakplɔ mí ayi ŋutifafa mee.”
80
Ɖevi la va tsi, eye wòkpɔ ŋusẽ le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedadaƒo va se ɖe esime woɖee fia Israel-dukɔ la.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24