bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 4
Luke 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 5 →
1
Esi Yesu trɔ gbɔ tso Yordan-tɔsisia nu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe taŋ. Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe gbedadaƒo,
2
eye Abosam nɔ etem kpɔ ŋkeke bla ene. Meɖu naneke le ŋkeke mawo me o. Esi ŋkekeawo va yi vɔ la, dɔ wui.
3
Tete Abosam gblɔ nɛ be: “Nenye Mawu Vie nènye la, ekema ɖe gbe na kpe sia be wòatrɔ azu abolo.”
4
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Amegbetɔ naganɔ agbe ɖe nuɖuɖu ko ŋu o.’ ”
5
Abosam kplɔe yi ɖe teƒe kɔkɔ aɖe, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le aɖabaƒoƒo ɖeka me.
6
Egblɔ nɛ be: “Matsɔ ŋusẽ sia kple woƒe ŋutikɔkɔe katã ana wò, elabe wotsɔe de asi nam, eye mate ŋu atsɔe ana ame sia ame si nye ŋutɔ melɔ̃ la.
7
Eya ta ne ède ta agu nam la, wo katã lazu tɔwò.”
8
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔe ɖi be, ‘Aƒetɔ, wò Mawu la ko nàde ta agu na, eye eya ɖeka ko nàsubɔ.’ ”
9
Abosam kplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tsuẽƒe hegblɔ nɛ be: “Nenye Mawu Vie nènye la, ekema dzo tso afii nàdze anyigba,
10
elabe woŋlɔe ɖi be, ‘Mawu ade se na eƒe dɔlawo be woakpɔ tawò.
11
Woakɔ wò kple asi ɖe ya me ale be wò afɔ makli kpe o.’ ”
12
Yesu gblɔ nɛ be: “Wogblɔ hã be, ‘Mègate Aƒetɔ, wò Mawu la kpɔ o.’ ”
13
Esi Abosam wu tetekpɔ siawo katã nu vɔ la, ete ɖa le egbɔ gbɔ.
14
Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ le Yesu dzi, wògbugbɔ yi Galilea. Eŋkɔ ɖi hoo le afi ma nutowo katã me.
15
Efia nu le woƒe ƒuƒoƒewo, eye ame sia ame kafui.
16
Azɔ Yesu va Nazaret si nye du si me wòtsi le la. Abe ale si wòwɔnɛ ene la, eyi ɖe ƒuƒoƒea le Dzudzɔgbe. Etsi tsitre be yeaxlẽ mawunya,
17
eye wotsɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe agbalẽ nɛ. Eke agbalẽa, eye wòkpɔ teƒe si woŋlɔ ɖo be:
18
“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabe esi ami nam, be magblɔ Nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be maɖe gbeƒã na aboyomenɔlawo, be woɖe wo le ga me; na ŋkunɔwo, be woʋu ŋku na wo; na ame siwo wote ɖe anyi la, be wokpɔ ablɔɖe,
19
eye maɖe gbeƒã be ɣeyiɣi si Aƒetɔ la lakpɔ nublanui na amewo la ɖo.”
20
Yesu tu agbalẽ la, eye wòtsɔe de dɔla la si hebɔbɔ nɔ anyi. Ame siwo katã le ƒuƒoƒea fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii.
21
Tete wògblɔ na wo be: “Mawunya sia, si miese la le eme vam egbe.”
22
Ameawo katã ƒo nu nyui le Yesu ŋuti, eye amenuvenya siwo do go tso eƒe nu me la wɔ nuku na wo. Wobia be, “Menye Yosef vi lae nye esia oa?”
23
Yesu gblɔ na wo be: “Ɖikeke aɖeke mele eme o be miado lo sia nam be, ‘Dɔyɔla, yɔ dɔ ɖokuiwò’; nu si míese be nèwɔ le Kapernaum-dua me la, wɔe le mia de, afii hã.”
24
Eyi edzi gblɔ be: “Le nyateƒe me la, Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖeke ƒe nuwɔna medzea eya ŋutɔ detɔwo ŋu o.
25
“Medi be mianya nyateƒe sia be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esime ku ɖi ƒe etɔ̃ ɣleti ade, eye dɔ to le anyigba blibo la dzi,
26
gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o. Ahosi si le Sarepta-dua me le Sidon-nyigba dzi la gbɔ boŋ woɖoe ɖo.
27
Nenema ke kpodɔlela geɖewo nɔ Israel le Mawu ƒe gbeƒãɖela Elisa ŋɔli, ke womekɔ wo dometɔ aɖeke ŋuti o. Naeman, Siriatɔ la boŋ ŋutie wokɔ.”
28
Esi ame siwo nɔ ƒuƒoƒea se esia la, wo katã wodo dɔmedzoe ɖe Yesu ŋu.
29
Wotso hetu asi ʋume nɛ do goe le dua me. Wokplɔe yi ɖe to si dzi wotso dua ɖo la ƒe aga nu, be woatutui aƒu aga la me.
30
Ke eya to ameawo dome hedzo.
31
Yesu yi ɖe Kapernaum si nye du aɖe le Galilea-nyigba dzi la me, eye wòfia nu le Dzudzɔgbewo.
32
Eƒe nufiafia wɔ nuku na ameawo, elabe eƒe nyawo fia be ŋusẽ tɔxɛ le esi.
33
Ame aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la nɔ afi ma. Eya do ɣli sesĩe be:
34
“Agoo gbɔ! Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye. Wòe nye Mawu ƒe Ame Kɔkɔe la.”
35
Yesu blu ɖe gbɔgbɔ la ta gblɔ nɛ be: “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme!” Esi gbɔgbɔ la ƒo ŋutsua ƒu anyi le ameawo ŋkume la, edo go le eme, eye mewɔ nu vevi aɖekee o.
36
Ame sia ame ƒe nu ku, eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Nya kae nye esia? Eblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ta kple ŋusẽ, eye wodo go.”
37
Yesu ƒe ŋkɔ ɖi hoo le afi ma nuto blibo la me.
38
Yesu dzo le ƒuƒoƒea hege ɖe Simon ƒeme. Simon lɔ̃xo le anyimlɔƒe, asrã sesẽ aɖe lée, eye woɖe kuku na Yesu be wòakpe ɖe eŋu.
39
Yesu tsi tsitre, bi ɖe edzi, eye wònyra ɖe asrã la. Tete asrã la kɔ́ le edzi enumake, eye Simon lɔ̃xo fɔ hewɔ amedzro na wo.
40
Esi ɣe le to ɖom la, ame siwo si dɔ vovovo lélawo le la, tsɔ wo vɛ na Yesu. Eda asi ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi heda gbe le wo ŋu.
41
Gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã do go le ame geɖewo me kple ɣli be: “Wòe nye Mawu Vi la!” Ke Yesu gbe nya na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye meɖe mɔ na wo be woaƒo nu o, elabe wodze sii be eyae nye Kristo la.
42
Esi ŋu ke la, Yesu dzo yi teƒe ziɖoɖoe aɖe, ke amewo dii va ke ɖe eŋu, eye wodi be wòatsi yewo gbɔ hafi.
43
Ke egblɔ na wo be: “Ele nam be magblɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti Nyanyui la afia le du bubuwo hã me, elabe esia ta wodɔm ɖa ɖo.”
44
Ale Yesu yi ɖale gbeƒã ɖem le ƒuƒoƒewo le Yudea-nyigba la dzi.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24