bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 13
Luke 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 14 →
1
Ɣe ma ɣi tututu la, ame aɖewo le ameawo dome gblɔ ale si Pilato wu Galileatɔ aɖewo, siwo nɔ vɔ sam ale be woƒe ʋu tɔtɔ kple woƒe vɔsalãwo tɔ la na Yesu.
2
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ɖe miebu be Galileatɔ siawo nye nuvɔ̃wɔlawo wu Galileatɔ bubuawo katã, eya tae wokpe fu alea gbegbea?
3
Kpao! Mele egblɔm na mi be, ne mietrɔ dzime o la, mi katã miatsrɔ̃ alea ke.
4
Alo ɖe miebu be ame wui enyi ma, siwo dzi Siloam-mɔ́ mu dze, hewu wo la, woawoe nye vodalawo wu Yerusalemnɔla bubuawo katã mahã?
5
Kpao! Mele egblɔm na mi be, ne mietrɔ dzime o la, mi katã miatsrɔ̃ alea ke.”
6
Yesu do lo sia hã na wo be: “Ame aɖe do gboti ɖe eƒe wainbɔ me. Eva di kutsetse le atia dzi be yeagbe, gake mekpɔ ɖeke o.
7
Tete wògblɔ na wainbɔdzikpɔla la be: ‘Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ nye esi mele vavam va le kutsetse dim le ati sia dzi, gake nyemekpɔ ɖeke kpɔ o. Lãe ƒu anyi. Ɖeko wòle anyigba gblẽm dzodzro.’
8
Ke abɔa dzikpɔla ɖo eŋu nɛ be: ‘Aƒetɔ, na wòanɔ anyi ƒe sia me hã. Maku do aƒo xlãe ahado aɖu ɖe eŋu.
9
Ne ƒe trɔ, eye wòtse ku la, ekema enyo; gake ne meva eme nenema o la, àte ŋu alãe azɔ faa.’ ”
10
Yesu nɔ nu fiam le ƒuƒoƒeawo dometɔ ɖeka me le Dzudzɔgbe.
11
Nyɔnu aɖe, si me dɔléamegbɔgbɔ le ƒe wui enyi sɔŋ, eye wòxa gobaa, mete ŋu dzɔna kura o la nɔ afi ma.
12
Esi Yesu kpɔe la, eyɔe va eɖokui gbɔ, gblɔ nɛ be: “Aƒenɔ, wotu ka wò tso wò dɔléle la me!”
13
Etsɔ eƒe asiwo ɖo nyɔnua dzi. Tete nyɔnua dzɔ ka enumake, eye wòkafu Mawu.
14
Tete ƒuƒoƒemegã la do dziku, elabe Yesu da gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe, eye wògblɔ na ameha la be: “Ŋkeke ade sɔŋ ye li, si me wòdze be ame nawɔ dɔ le. Miva ne woada gbe le mia ŋu le ŋkeke mawo dzi, ke menye Dzudzɔgbe o.”
15
Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be: “Alakpatɔwo! Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖea ka eƒe nyi alo tedzi le nuɖuƒe hekplɔnɛ yia tsinoƒe le Dzudzɔgbe ɖe.
16
Mikpɔ nyɔnu sia, si nye Abraham ƒe dzidzimevi la ɖa. Satana blae ƒe wui enyi sɔŋ ye nye esi. Ɖe medze be woatu kae le Dzudzɔgbe oa?”
17
Yesu ƒe nya siawo na be ŋu kpe ame siwo katã tsi tre ɖe eŋuti la. Ke ameha la kpɔ dzidzɔ le nukunu siwo katã wòwɔ la ta.
18
Yesu gblɔ be: “Nu ka Mawu ƒe fiaɖuɖu la ɖi? Nu ka ŋutie matsɔe asɔ ɖo!
19
Eɖi atiku sue aɖe, si ame aɖe ƒã ɖe eƒe abɔ me. Emie, tsi, va zu ati, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me.”
20
Yesu gagblɔ be: “Nu ka ŋu matsɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu la asɔ ɖo?
21
Ele abe amɔwɔʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ maʋamaʋã si wodzidze teƒe etɔ̃ me, va se ɖe esime amɔwɔ la katã ʋã ene.”
22
Yesu yi ɖato du kple kɔƒewo me henɔ nu fiam, eye wòɖo ta Yerusalem.
23
Tete ame aɖe biae be: “Aƒetɔ, nyateƒee wònye be ame ʋɛ aɖewo koe woaxɔ ɖe agbea?” Yesu ɖo eŋu nɛ be:
24
“Miʋli ne miato mɔnu xaxɛ la age ɖe eme, elabe mele egblɔm na mi be ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, gake womate ŋui o.
25
Elabe ne aƒea tɔ tsi tsitre, eye wòdo ʋɔa la, miatsi xexe ade asi ʋɔa ƒoƒo me anɔ gbɔgblɔm be ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mí.’ Ke aɖo eŋu na mi be: ‘Nyemenya afi si mietso o.’
26
Ekema miade asi gbɔgblɔ me be: ‘Míeɖu nu, heno nu le gbɔwòe! Èfia nu le míaƒe ablɔwo dzie!’
27
Ke aɖo ŋu na mi be, ‘Nyemenya afi si mietso o. Nu madzɔmadzɔ wɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’
28
Ne miekpɔ Abraham, Isak kple Yakob kpakple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo katã le mawufiaɖuƒea me, ke wotsɔ miawo ya ƒu gbe ɖe egodo la, ekema miafa avi, aɖu aɖukli.
29
Amewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyigbeme kple dzigbeme, ava nɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me.
30
Kpɔ ɖa, ame mlɔetɔ aɖewo li, siwo ava zu gbãtɔwo, eye ame gbãtɔ aɖewo li, siwo ava zu mlɔetɔwo.”
31
Ɣeyiɣi ma me tututu la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ na Yesu be: “Do go nàdzo le afi sia, elabe Herodes le didim be yeawu wò.”
32
Yesu gblɔ na wo be: “Miheyi, ne miagblɔ na abei ma be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyàm do goe, hele gbe dam le amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu.
33
Gake la, ele nam be mazɔ mɔ hã egbe kple etsɔ kple nyitsɔ, elabe medze be Mawu ƒe gbeƒãɖela naku le teƒe bubu aɖeke wu Yerusalem o.
34
Yerusalem, ao, Yerusalem! Wòe wua Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, eye nèƒua kpe ame siwo Mawu dɔ ɖo ɖe gbɔwò! Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu ɖe gbɔnye, abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te la ene, gake ègbe.
35
Kpɔ ɖa, wogblẽ wò aƒe ɖi. Magblɔe na mi; miegale kpɔ ye ge o, va se ɖe esime ɣeyiɣia nade miagblɔ be, ‘Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me.’ ”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24