bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 7
Luke 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 8 →
1
Esi Yesu gblɔ nya siawo katã na ameawo vɔ la, eyi ɖe Kapernaum.
2
Aʋakplɔla aɖe nɔ dua me. Eƒe dɔla si nye ame vevi nɛ la nɔ dɔ lém, ɖo kudo nu.
3
Esi wòse Yesu ŋkɔ la, edɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo ɖe egbɔ hele ebiam be wòava da gbe le yeƒe dɔla la ŋu.
4
Esi amedɔdɔawo va Yesu gbɔ la, woɖe kuku nɛ vevie gblɔ be: “Edze be nàwɔ esia na aʋakplɔla la,
5
elabe elɔ̃ míaƒe dukɔ la. Eyae tu míaƒe ƒuƒoƒea na mí.”
6
Yesu yi kpli wo. Esi wògogo aƒea la, aʋakplɔla la dɔ xɔlɔ̃awo ɖo ɖe Yesu gbɔ gblɔ be: “Aƒetɔ, mègaxaɖe fu na ɖokuiwò o, elabe medzem be nàge ɖe nye aƒeme o,
7
eya ta nyemebu ɖokuinye hã be medze, be mava gbɔwò o. Ke gblɔ nya ɖeka, ne nàna nye dɔla la ƒe lã me nasẽ.
8
Elabe nye hã mele amegãwo te, eye asrafowo le nye hã tenye. Ne megblɔ na ame sia be, ‘Yi!’ la, eyina, eye ne megblɔ na kemɛa be, ‘Va!’ la, evana, eye ne megblɔ na nye dɔla la be, ‘Wɔ esia!’ la, ewɔnɛ.”
9
Esi Yesu se esia la, ewɔ nuku nɛ, eye wòtrɔ ɖe ameha siwo le eyome la ŋu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi be nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe le Israel-vidzidzi aɖeke me gɔ̃ hã kpɔ o.”
10
Kaka amedɔdɔawo nade aƒea me la, wokpɔ be dɔla la ƒe lã me sẽ.
11
Eteƒe medidi o, Yesu yi ɖe du aɖe, si woyɔna be Nain la me, eye eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe nɔ eyome.
12
Esi wògogo dua ƒe agbo nu la, wotsɔ ame kuku aɖe do go yina ɖiɖi ge. Enye vi ɖeka hɔ̃ na nɔa, si nye ahosi. Ameha gã aɖe tso dua me nɔ ahosia yome.
13
Yesu kpɔ ahosi la, eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ. Tete wògblɔ nɛ be: “Mègafa avi o.”
14
Yesu te va amekukutsɔnu la gbɔ, eye woka asi eŋu. Amekukutsɔlawo tɔ, eye Yesu gblɔ na ame kukua be: “Ɖekakpui, mele egblɔm na wò be fɔ!”
15
Tete ame kukua fɔ bɔbɔ nɔ anyi, hede asi nuƒoƒo me, eye Yesu tsɔe de asi na nɔa.
16
Vɔvɔ̃ lé ameawo katã, eye wokafu Mawu gblɔ be: “Mawu ƒe gbeƒãɖela triakɔ aɖe va do ɖe mía dome! Mawu ve eƒe dukɔa nu!”
17
Yesu ŋu nya sia ɖi hoo le Yudea kple nuto mawo katã me.
18
Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va ka nya siawo katã ta na Yohanes. Tete wòyɔ wo dome ame eve,
19
eye wòdɔ wo ɖo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be: “Wòe nye ame si wobe ele vava ge loo, alo ame bubue míakpɔ mɔ naa?”
20
Esi wova Yesu gbɔ la, wogblɔ nɛ be: “Yohanes mawutsilenamelae dɔ mí ɖe gbɔwò be míabia wò be, ‘Wòe nye ame si wobe ele vava ge loo, alo ame bubue míakpɔ mɔ naa?’ ”
21
Ɣe ma ɣi la, Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu. Eda dɔ vɔ̃wo, nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo.
22
Yesu ɖo eŋu na Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la na Yohanes: ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, kpodɔlelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole Nyanyui la gblɔm na ame dahewo.
23
Woyra ame si mekpɔ nuɖiaɖia le ŋunye o.”
24
Esi Yohanes ƒe amedɔdɔawo dzo la, Yesu ƒo nu le Yohanes ŋuti na ameha la hebia be: “Nu kae miedo go yi gbedadaƒo be yewoaɖakpɔ? Aƒla si le ya ƒom lae loo?
25
Nu ka miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Sedawu biɖibiɖi dolae loo? Ao. Kpɔ ɖa, ame siwo do sedawu biɖibiɖi xɔasiwo, eye wole agbe ɖum la, le fiasãwo me.
26
Nu ka gɔ̃ miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe yea? Ẽ, magblɔe na mi, ame si miekpɔ la wú Mawu ƒe gbeƒãɖela gɔ̃ hã.
27
Eya ŋue woŋlɔ nya ɖi le be: ‘Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖa do ŋgɔ, ame si adzra wò mɔa ɖo le ŋgɔwò.’ ”
28
Yesu yi edzi gblɔ be: “Mele egblɔm na mi be amegbetɔ vidzidzi aɖeke mewú Yohanes o. Gake ame si nye suetɔ le mawufiaɖuƒea me la, lolo wu eyama.”
29
Do ŋgɔ la, ame hahoawo, vevietɔ nudzɔlawo wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye wona Yohanes le mawutsi na wo.
30
Ke Farisitɔwo kple agbalẽfialawo ya gbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo, eye Yohanes mele mawutsi na wo o.
31
Yesu yi edzi gblɔ be: “Nu ka gɔ̃ matsɔ asɔ kple dzidzime sia? Nu ka woɖi?
32
Woɖi ɖevi siwo bɔbɔ nɔ asi me ko hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be: ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke miegbe ɣeɖuɖu. Míedo aviha ɖa, ke miegbe avifafa.’
33
“Yohanes mawutsilenamela va, meɖua nu o, menoa aha o, eye miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme!’
34
Amegbetɔ Vi la va, ɖua nu, noa nu, eye miawo ke miebe: ‘Mikpɔ nu tsu ɖula, aha tsu nola sia ɖa! Enye nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo xɔlɔ̃.’
35
Evɔ wònye ame siwo katã do tso Mawu ƒe nunya me la ƒe nuwɔna tsoa afia na Mawu hafi.”
36
Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi Yesu ge ɖe aƒea me la, ebɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti be yeaɖu nu.
37
Nyɔnu maɖɔʋu aɖe le dua me. Esi wòse be Yesu le nu ɖum le Farisitɔ la ƒeme la, etsɔ ami ʋeʋẽe si le goe si wotsɔ kpe ɣi tɔxɛ wɔe la me la ɖe asi vɛ.
38
Etsi tsitre ɖe Yesu megbe le eƒe afɔ gbɔ hele avi fam. Efa aɖatsi ɖe Yesu ƒe afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu afɔawo ŋui. Egbugbɔ afɔawo ŋu, eye wòtsɔ ami ʋeʋẽe la si na wo.
39
Esi Farisitɔ si kpe Yesu va nuɖuƒea kpɔ esia la, egblɔ le eɖokui me be: “Ɖe wònye Mawu ƒe gbeƒãɖelae nye ame sia la, anye ne adze sii be nyɔnu sia, si le asi kam ye ŋu la, nuvɔ̃wɔla wònye.”
40
Tete Yesu ƒo nu nɛ gblɔ be: “Simon, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simon bia Yesu be: “Nufiala, nya kae?”
41
Yesu gblɔ nɛ be: “Ame eve nyi fe le ame aɖe ŋu. Ame ɖeka nyi klosaloga alafa atɔ̃ ƒe fe, eye ame evelia nyi bla atɔ̃ ƒe fe.
42
Esi naneke menɔ wo si be woatsɔ axe fe lae o ta la, fetɔ la tsɔ wo ame eve la katã ƒe feawo ke wo. Ame eve siawo dometɔ kae nèbu be alɔ̃ fetɔ la wu?”
43
Simon ɖo eŋu na Yesu be: “Mebu be anye ame si wòtsɔ ga geɖe kee lae.” Yesu gblɔ na Simon be: “Ebui wòsɔ ɖe edzi pɛ.”
44
Yesu trɔ ɖe nyɔnua gbɔ azɔ gblɔ na Simon be: “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi mege ɖe aƒewò me la, mèku tsi nam be maklɔ afɔe o, ke nyɔnu sia fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu wo ŋui.
45
Mègbugbɔ nu nam tsɔ do dzaa nam o, ke tso esime mege ɖe eme ko la, afɔ ŋu ko gbugbɔm eya le nam.
46
Mèsi ami ɖe ta nam o, ke nyɔnu sia si ami ɖe nye afɔwo ŋuti.
47
Eya ta mele egblɔm na wò be eƒe lɔlɔ̃ gã, si wòɖe fia la nye dzesi be wotsɔ eƒe nuvɔ̃ siwo sɔ gbɔ la kee. Ke ame sia ame si wotsɔ nuvɔ̃ ʋɛ aɖe ko kee la, eƒe lɔlɔ̃ hã nɔna ʋɛ ko.”
48
Tete Yesu gblɔ na nyɔnua be: “Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.”
49
Ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋuti kple Yesu la gblɔ le wo nɔewo dome be: “Ame kae nye ame sia, si tsɔa nuvɔ̃ gɔ̃ hã kena?”
50
Ke Yesu gblɔ na nyɔnua be: “Wò xɔse ɖe wò. Heyi le ŋutifafa me.”
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24