bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 24
Luke 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
1
Le Kwasiɖagbe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ atike ʋeʋẽe siwo wodzra ɖo la ɖe asi, eye woyi ɖe yɔdoa gbɔ.
2
Ke wokpɔ be womli kpe la ɖa le yɔdoa nu.
3
Ale woge ɖe eme, gake womekpɔ ame kukua o.
4
Wotɔtɔ, hetsi yaa le esia ŋuti. Tete wokpɔ ŋutsu eve le awu dadzowo me le tsitre ɖe wo gbɔ.
5
Nyɔnuawo vɔ̃, eye wode mo to. Ke ŋutsuawo gblɔ na wo be: “Nu ka ta miele ame gbagbe dim le ame kukuwo dome? [
6
Mele afi sia o; etsi tsitre.] Miɖo ŋku nya si wògblɔ na mi esime wònɔ Galilea la dzi.
7
Egblɔ be: ‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nuvɔ̃wɔlawo bene woaklã ɖe atitsoga ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ ”
8
Nyɔnuawo ɖo ŋku Yesu ƒe nya sia dzi,
9
eye esi wotrɔ tso yɔdoa gbɔ va la, wogblɔ nu siawo katã na nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple ame mamlɛawo katã.
10
Nyɔnu siawoe nye: Maria Magdalatɔ, Yohana, Maria, Yakobo nɔ kple nyɔnu bubu, siwo kpe ɖe wo ŋuti la. Ame siawoe gblɔ nu siawo na amedɔdɔawo.
11
Ke nya siawo ɖi gli le wo gbɔ, eye womexɔ nyɔnuawo dzi se o. [
12
Gake Petro tsi tsitre, eye wòƒu du yi yɔdoa gbɔ. Edo kɔ ɖe eme, ke ameɖivɔa ɖeɖe ko wòkpɔ. Ale wòtrɔ va aƒeme hetsi yaa le nu si dzɔ ŋuti.]
13
Gbe ma gbe tututu la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve zɔ mɔ yina ɖe Emaus, kɔƒe aɖe si didi agbadroƒe adrẽ tso Yerusalem gbɔ la me.
14
Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo le nu siwo katã dzɔ va yi la ŋuti.
15
Esi wole dze ɖom hele nyawo me yim la, Yesu ŋutɔ te ɖe wo ŋu, eye wòzɔ kpli wo.
16
Wokpɔe, gake womedze sii o.
17
Yesu bia wo be: “Nya kawo ŋuti miele nu ƒom le le mɔ dzi?” Wotɔ ɖe tsitrenu heɖo nublanuimo.
18
Wo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Kleopa la xɔ edzi gblɔ nɛ be: “Wò ɖeka koe nye amedzro le Yerusalem, eye mèse nya siwo dzɔ le afi ma le ŋkeke siawo me la oa?”
19
Yesu bia be: “Nya kae dzɔ?” Wogblɔ nɛ be: “Yesu Nazaretetɔ la ŋu nya ye. Ame sia nye Mawu ƒe gbeƒãɖela. Ewɔ nukunu gãwo, eye wògblɔ nya ŋusẽtɔe le Mawu kple amegbetɔwo ŋkume.
20
Ke míaƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo dee asi be woatso kufia nɛ, eye woklãe ɖe atitsoga ŋuti.
21
Evɔ la, míawo míekpɔ mɔ be eyae nye ame si le Israel ɖe ge hafi. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nye esi esiawo dzɔ. Ẽ, gawu esiawo katã la,
22
mía dome nyɔnu aɖewo va gblɔ nukunya aɖe na mí. Wode yɔdo la gbɔ ŋdi kanya,
23
gake womekpɔ eƒe kukua o. Wogbɔ va gblɔ be yewokpɔ mawudɔla aɖewo, siwo gblɔ na yewo be ele agbe.
24
Ale mía dometɔ aɖewo hã yi ɖe yɔdoa gbɔ, eye wokpɔ nuwo pɛpɛpɛ, abe ale si nyɔnuawo gblɔe la ene, gake eya ŋutɔ ya la, womekpɔe o.”
25
Yesu gblɔ na wo be: “O, movitɔ susu gblɔdɔ tɔwo! Ale ke wɔ mimexɔ nu siwo katã Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔ ɖi dzi se o mahã?
26
Ɖe miedze sii be ehiã be Kristo la nakpe fu siawo, eye wòage ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me oa?”
27
Tete Yesu ɖe nu siwo ku ɖe eyama ŋu le mawunyawo katã me la me na wo tso keke Mose dzi va ɖo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo katã dzi.
28
Esi wogogo kɔƒe si me yim wole la, Yesu wɔ abe ɖe wòbe yeatso eme ayi ene.
29
Ke woƒoe ɖe enu gblɔ be: “Tsi mía gbɔ dzro elabe fiẽ ɖo vɔ, eye anyigba le tsyɔtsyɔm.” Ale wòyi wo ƒeme be yeatsi wo gbɔ.
30
Esi wole nuɖuƒe la, etsɔ abolo la; eda akpe ɖe eta, eye wòŋe eme tsɔ na wo.
31
Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔ Yesu dze sii, ke ebu vì le wo gbɔ.
32
Wogblɔ na wo nɔewo be: “Dzi medzɔ mí ŋutɔ, esime wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi, henɔ mawunyawo me ɖem na mí oa?”
33
Wotso dze mɔ enumake, eye wogbugbɔ va Yerusalem. Wokpɔ ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo ƒo ƒu ɖi,
34
le gbɔgblɔm be: “Nyateƒee, Aƒetɔ la tsi tsitre, eye wòɖe eɖokui fia Simon!”
35
Ame eveawo hã gblɔ nu siwo dzɔ le mɔa dzi kple ale si wokpɔ Yesu dze sii to abolo la kaka me la na wo.
36
Esime wonɔ nya siawo gblɔm la, Yesu ŋutɔ do ɖe wo dome [hegblɔ be: “Ŋutifafa na mi.” ]
37
Woɖi vo, eye wovɔ̃; wobu be ŋɔli kpɔm yewole.
38
Ke Yesu bia wo be: “Nu ka tae mietɔtɔ ale? Nu ka tae miele ɖi kem?
39
Mikpɔ nye asi kple nye afɔwo ɖa, ne miadze sii be nye ŋutɔŋutɔe! Miƒo asim kpɔ ne mianya, elabe lã kple ƒu meli na ŋɔli, abe ale si miekpɔ le ŋunye la ene o.” [
40
Esi wògblɔ nya sia la, etsɔ eƒe asi kple afɔ fia wo.]
41
Ke esi dzi le wo dzɔm, eye nya la wɔ nuku na wo ta la, womexɔe se o. Tete Yesu bia wo be: “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?”
42
Wotsɔ kalãmi kakɛ nɛ,
43
eye wòxɔe ɖu le wo ŋkume.
44
Yesu gblɔ na wo azɔ be: “Nya siawo tututue megblɔ na mi esime menɔ mia dome la be, ele be nu siwo katã woŋlɔ ɖi le ŋutinye ɖe Mose ƒe segbalẽawo, gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo kple Psalmowo me la, nava eme.”
45
Tete wòʋu woƒe susu me bene woase mawunyawo gɔme.
46
Egblɔ be: “Woŋlɔe ɖi be Kristo la akpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe,
47
eye woaɖe gbeƒã le eŋkɔ me na dukɔwo katã be woatrɔ dzime, ale be Mawu natsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. Gbeƒãɖeɖe sia adze egɔme tso Yerusalem.
48
Miawoe nye ɖaseɖilawo le nu siawo ŋuti.
49
Ke nye la, maɖo nu si ŋugbe Tɔ́nye do la ɖe mia dzi. Ke minɔ dua me, va se ɖe esime woana ŋusẽ mi tso dziƒo.”
50
Esia megbe la, Yesu kplɔ nusrɔ̃laawo do goe yi ɖaɖo Betania. Ekɔ asi dzi yra wo.
51
Esi wòle wo yram la, ema ɖa tso wo gbɔ, [eye wokɔe yi dziƒoe.]
52
Wodze klo subɔe, eye wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ gã.
53
Wodea mawuxɔa me enuenu ɖakafua Mawu.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24