bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 14
Luke 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 15 →
1
Dzudzɔgbe aɖe la, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegãwo dometɔ ɖeka ƒeme, eye amewo nɔ ŋudzɔ nɛ.
2
Wotsɔ ame tete aɖe da ɖe Yesu ŋgɔ.
3
Yesu bia sefialawo kple Farisitɔwo be: “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe loo, alo mele sea nu oa?”
4
Ke wozi kpi. Tete Yesu lé ame tete la, eye wòda gbe le eŋu hedo mɔe wòdzo.
5
Yesu trɔ ɖe ameawo gbɔ bia be: “Ne mia dometɔ aɖe vi, alo nyi ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe la, ɖe mahee ado goe enumake oa?”
6
Womete ŋu ɖo nya sia ŋu o.
7
Esi Yesu kpɔ ale si ame kpekpewo le bubunɔƒewo tiam la, edo lo na wo be:
8
“Ne ame aɖe kpe wò yi srɔ̃ɖe ŋkekenyui ɖuƒe la, mèganɔ bubunɔƒe le kplɔ̃a ŋu o, elabe ate ŋu anɔ eme be wokpe ame aɖe si nye bubume wu wò la hã vɛ,
9
ekema ame si kpe mi vɛ la ava gblɔ na wò be: ‘Tsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Ekema àyi ɖe nɔƒe mlɔetɔ nɔ ge kple ŋukpe.
10
Eya ta ne wokpe wò va nuɖuƒe la, yi ɖanɔ nɔƒe mlɔetɔ le kplɔ̃a ŋuti boŋ be ne ame si kpe wò vɛ la va la, wòagblɔ na wò be, ‘Xɔ̃nye, yi ɖe kplɔ̃ta.’ Esia ade bubu ŋuwò le ame siwo katã le kplɔ̃a ŋuti kpli wò la ŋkume.
11
Elabe ame sia ame si do eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”
12
Yesu gblɔ na ame si kpee la hã be: “Ne èɖo ŋdɔ alo fiẽ kplɔ̃ la, mègayɔ xɔ̃wòwo, nɔviwòwo, wò ƒometɔwo alo aƒelika kesinɔtɔwo bene woawo hã nagava kpe wò, ahaɖo eteƒe na wò o.
13
Ke ne èle azã ɖum la, yɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo
14
bene nàkpɔ yayra, elabe naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o; ke Mawu aɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsigbe.”
15
Ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋuti kple Yesu la dometɔ ɖeka se nya siawo, eye wògblɔ nɛ be: “Mawu yra ame si aɖu nu le fiaɖuƒea me ŋutɔ!”
16
Yesu gblɔ nɛ be: “Ame aɖe ɖo fiẽkplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo.
17
Esi nuɖuɣia ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖo ɖa be wòayɔ ame kpekpeawo be: ‘Miva, elabe nu sia nu sɔ gbe vɔ.’
18
Gake wo katã wodo taflatsɛ. Ame gbãtɔ gblɔ be: ‘Meƒle agble, eye wòle nam be mayi aɖakpɔe ɖa. Taflatsɛ, nyemate ŋu ava o.’
19
Ame bubu be, ‘Meƒle nyi eveve teƒe atɔ̃, meyina wo do ge kpɔ. Taflatsɛ, nyemate ŋu ava o.’
20
Ame bubu ya be, ‘Meɖe srɔ̃ eya ta nyemate ŋu ava o.’
21
Subɔla la gbɔ va hegblɔ nya siawo na eƒe aƒetɔ la. Tete aƒetɔa do dɔmedzoe gblɔ na subɔla la be: ‘Netsɔ, yi ɖe dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomeewo, eye nàkplɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo vɛ.’
22
Eteƒe medidi o, subɔla la gbɔ va gblɔ be: ‘Mewɔ nu si nèɖo nam la, gake nɔƒe gali.’
23
Aƒetɔa gblɔ na subɔla la be: ‘Yi ɖe mɔ gãwo dzi, eye nàtsa le kpɔwo megbe. Zi amewo dzi be woava bene nye aƒeme nayɔ.
24
Mele egblɔm na mi be ŋutsu siwo mekpe hafi wogbe vava la dometɔ aɖeke maɖɔ nye fiẽnuɖuɖu la akpɔ o.’ ”
25
Ameha gã aɖe kplɔ Yesu ɖo gbe ɖeka. Etrɔ ɖe wo ŋu gblɔ na wo be:
26
“Ne ame aɖe va gbɔnye, eye melé fu tɔ́a kple nɔa, srɔ̃a kple viawo, nɔvia ŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo, ẽ, ne melé fu eya ŋutɔ ƒe agbe kekeake hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
27
Ame si metsɔ eya ŋutɔ ƒe atitsoga hedze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
28
Ne mia dometɔ aɖe ɖoe be yeatu xɔ la, ɖe mebɔbɔ nɔa anyi bua akɔnta le ga si wòagblẽ la ŋu gbã, akpɔe ɖa be yeate ŋu awu xɔa nu o mahã?
29
Ne mewɔ nenema o la, aɖo xɔa gɔme anyi, gake mate ŋu atui awu enu o. Ame siwo katã akpɔ xɔ takpoa la, aɖu fewu le eŋuti agblɔ be:
30
‘Ame sia dze xɔtutu gɔme, gake mete ŋu wu enu o.’ ”
31
“Ne fia aɖe yina aʋa kpe ge kple fia bubu la, ɖe mebɔbɔ nɔa anyi, bua eŋuti kpɔ gbã, be yeate ŋu atsɔ ame akpe ewo akpe aʋa kple fia si tsɔ ame akpe bla eve gbɔna aʋa kpe ge kple ye o mahã?
32
Ne ekpɔ be yemate ŋui o la, ekema esime wògale adzɔge tso egbɔ la, aɖo ame ɖee ahabia tomefafa.
33
Le esia ta, mia dometɔ ɖe sia ɖe si megbe nu le nu siwo katã le esi la gbɔ o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.”
34
“Dze la, nu nyui wònye. Ke ne nu si wɔe wònye dze la do le eme la, nane li woatsɔ adee wòaganye dzea?
35
Menyo na anyigba loo, alo aɖukpo hã o! Ɖeko woatsɔe aƒu gbe. Ame si to senu li na la, nesee!”
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24