bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 15
Luke 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 16 →
1
Nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo katã nɔa Yesu gbɔ vam be yewoaɖo toe.
2
Farisitɔwo kple agbalẽfialawo lĩ liʋiliʋĩ le eŋuti vevie gblɔ be: “Ame sia xɔa nuvɔ̃wɔlawo, eye wòɖua nu kpli wo.”
3
Ale Yesu do lo sia na wo be:
4
“Le kpɔɖeŋu me, ne alẽ alafa ɖeka le mia dometɔ aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe megblẽa bla asieke vɔ asiekea ɖe gbea dzi, yina ɖadia esi bu la va se ɖe esime wòkpɔe oa?
5
Azɔ ne ekpɔe la, ekɔnɛ ɖe kɔ dzi kple dzidzɔ.
6
Ne eva ɖo aƒeme la, eyɔa xɔlɔ̃awo kple eƒe aƒelikawo ƒoa ƒu hegblɔna na wo be: ‘Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabe mekpɔ nye alẽ si bu la.’
7
Mele egblɔm na mi be, nenema ke woakpɔ dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka si trɔ dzime la ta sãa, wu le ame dzɔdzɔe bla asieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la tae.”
8
“Alo ne klosaloga ewo le nyɔnu aɖe si, eye wòbu ɖeka ɖe, nu ka wòwɔna? Esia akaɖi, kplɔa eƒe xɔ me, eye wòdinɛ vevie va se ɖe esime wòkpɔe.
9
Ne ekpɔe la, eyɔa xɔlɔ̃wo kple eƒe aƒelikawo ƒoa ƒu gblɔna na wo be: ‘Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabe mekpɔ nye klosaloga si bu la.’
10
Mele egblɔm na mi be, nenema ke Mawu ƒe dɔlawo tsoa aseye le nuvɔ̃wɔla ɖeka si trɔ dzime la ta.”
11
Yesu yi edzi gblɔ be: “Viŋutsuvi eve nɔ ŋutsu aɖe si.
12
Ɖevitɔ gblɔ na tɔ́a be: ‘Tɔ́nye, tsɔ wò nunɔamesiwo ƒe akpa si anye tɔnye gome la nam.’ Ale wo tɔ́ la ma eƒe nunɔamesiawo na wo.
13
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã ƒu, eye wòʋu yi anyigba didi aɖe dzi. Egblẽ eƒe nuawo le afi ma to agbe baɖa nɔnɔ me.
14
Esi nu sia nu vɔ le esi la, dɔ gã aɖe to le anyigba ma dzi, ale be hiã tui.
15
Eyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe dua me tɔ aɖe ŋu. Ame sia ɖoe ɖe eƒe agble me be wòanyi ha.
16
Edzronɛ vevie be yeaɖu nutsro si hawo ɖuna la ƒe ɖe, gake ame aɖeke menae o.
17
Ke ŋutsuvia va ɖo eɖokui me hegblɔ be: ‘Nuɖuɖu bɔ ɖe tɔ́nye ƒe agbatedɔwɔlawo gbɔ, hafi nye ya mele afii, dɔ wu ʋuu mebe maku!
18
Matso ayi tɔ́nye gbɔ aɖagblɔ nɛ be, tɔ́nye, mewɔ nuvɔ̃ ɖe wò kple Mawu ŋu.
19
Nyemedze woagayɔm be viwò o. Xɔm wɔ wò subɔlawo dometɔ ɖeka.’
20
Tete wòdze mɔ ɖo ta aƒe yina tɔ́a gbɔ. Esi wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la, tɔ́a kpɔe. Eƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wòƒu du yi ɖakpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe heɖuɖɔ nu nɛ.
21
Ŋutsuvia gblɔ na tɔ́a be: ‘Tɔ́nye, mewɔ nuvɔ̃ ɖe wò kple Mawu ŋu. Nyemedze woagayɔm be viwò o.’
22
Gake tɔ́a gblɔ na eƒe subɔlawo be: ‘Netsɔ! Mitsɔ awu nyuitɔ va do nɛ. Asigɛ neyi asi nɛ; afɔkpa neyi afɔ nɛ.
23
Milé nyivi dami la vɛ. Miwui ne míaɖa nu aɖu, ahakpɔ dzidzɔ.
24
Elabe vinye sia ku eye wogagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.’ Ale wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.”
25
“Ke via ŋutsuvi tsitsitɔ yi agble me. Esi wòtrɔ gbɔna, eye wògogo aƒea la, ese wole saŋku ƒom le ɣe ɖum.
26
Eyɔ dɔlawo dometɔ ɖeka hebia nu si le edzi yim lae.
27
Eɖo eŋu nɛ be: ‘Nɔviwòe gbɔ, eye tɔ́wò wu nyivi dami, elabe etrɔ va ɖo egbɔ dedie.’
28
Ke viŋutsuvi tsitsitɔ la do dɔmedzoe, eye wògbe be yemage ɖe aƒea me o. Tete tɔ́a do go va ɖe kuku nɛ.
29
Ke eɖo eŋu na tɔ́a be: ‘Kpɔ ɖa, mesubɔ wò ƒè geɖee. Nyemeda wò se aɖeke dzi kpɔ o; gake mèna gbɔ̃tsui teti hãm be matsɔ akpɔ dzidzɔ kple xɔ̃nyewo kpɔ o.
30
Ke esi viwò ŋutsuvi sia, si gblẽ wò kesinɔnuwo nyamanyama kple nyɔnu ahasitɔwo la gbɔ va ko la, èwu nyivi dami nɛ!’
31
Gake tɔ́a gblɔ nɛ be, ‘Vinye, wò la, èle gbɔnye ɣe sia ɣi. Nu siwo katã le asinye la, tɔwòwoe.
32
Edze be míakpɔ dzidzɔ, eye míatso aseye egbe, elabe nɔviwò sia ku eye wogagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.’ ”
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24