bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 19
Luke 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 20 →
1
Yesu ge ɖe Yerixo-dua me hetso eme yina.
2
Ŋutsu aɖe nɔ dua me si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã si si alɔme le.
3
Edi be yeakpɔ Yesu, anya ame si wònye, gake mete ŋu kpɔe o, le ameha la ta, elabe ame kpui wònye.
4
Ale wòƒu du dze ŋgɔ yi ɖalia sikamorti aɖe be yeakpɔe, elabe Yesu gbɔna afi ma to ge.
5
Esi Yesu ɖo teƒea la, efɔ mo dzi kpɔ Zaxeo. Egblɔ nɛ be: “Zaxeo, ɖi kaba, elabe ele be manɔ aƒewò me egbe.”
6
Zaxeo ɖi enumake, eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ.
7
Ke ame siwo kpɔe la lĩ liʋiliʋĩ gblɔ be: “Ŋutsu sia yina nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge!”
8
Zaxeo tsi tsitre gblɔ na Aƒetɔ la be: “Aƒetɔ, matsɔ nye nuwo ƒe afã ana ame dahewo, eye ne meba ame aɖe le go aɖe me la, maɖo eteƒe zi ene.”
9
Yesu gblɔ nɛ be: “Agbexɔxɔ va aƒe sia me egbe, elabe ame sia hã nye Abraham ƒe dzidzimevi.
10
Elabe Amegbetɔ Vi la ɖe wòva be yeadi, eye yeaxɔ ame siwo bu la ɖe agbe.”
11
Esi ameawo le nya siawo sem la, Yesu gogo Yerusalem, eye ameawo bu be Mawu ƒe fiaɖuɖu la le dodo ge enumake. Ale Yesu do lo na wo.
12
Egblɔ be: “Bubume aɖe yi anyigba didi aɖe dzi bene woaɖo fia ye le afi ma, ne yeatrɔ agbɔ.
13
Eyɔ eƒe subɔla ewo, tsɔ sikaga ɖeka de wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye wògblɔ na wo be: ‘Mitsɔe wɔ dɔe va se ɖe esime magbɔ.’
14
Ke eƒe dumeviwo lé fui, eya ta wodɔ amewo ɖo ɖe eyome be: ‘Míedi be ame sia naɖu fia ɖe mía dzi o.’
15
Ke esi woɖo fia ŋutsua wòtrɔ gbɔ la, eɖe gbe be woayɔ yeƒe subɔla siwo yetsɔ ga la na la vɛ, ale be woawɔ akɔnta le viɖe si wokpɔ la ŋu na ye.
16
Dɔla gbãtɔ va do gblɔ be: ‘Aƒetɔ, wò sikaga la ɖe vi sikaga ewo ɖe edzi.’
17
Egblɔ nɛ be: ‘Ehɛ̃! subɔla nyui, èwɔ nuteƒe le nu suetɔ me, eya ta mana nàɖu du ewo dzi.’
18
Evelia va gblɔ be: ‘Aƒetɔ, wò sikaga si nènam la ɖe vi sikaga atɔ̃ ɖe edzi.’
19
Fia la gblɔ na eya hã be: ‘Wò la, àɖu du atɔ̃ dzi.’
20
Dɔla bubu va gblɔ be: ‘Aƒetɔ, wò sikaga lae nye esi. Mesae ɖe taku nu dzra ɖo.
21
Mevɔ̃ wò, elabe ame sesẽ nènye. Ètsɔa nu le teƒe si mèda nu ɖo o, eye nèŋea nu le teƒe si mèƒã nu ɖo o!’
22
Fia la gblɔ nɛ be: ‘Subɔla vɔ̃ɖi, wò ŋutɔ wò numenya matsɔ abu fɔ wòe. Ènya be ame sesẽ menye. Metsɔa nu le teƒe si nyemeda nu ɖo o, eye meŋea nu le teƒe si nyemeƒã nu ɖo la oa?
23
Nu ka ta mètsɔ nye ga la de gadzraɖoƒe, ale be ne metrɔ gbɔ la, maxɔe kple demea o?’
24
Tete fia la gblɔ na ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la be: ‘Mixɔ sikaga la le esi miatsɔ na ame si si ewo le la.’
25
Ke woawo gblɔ na fia la be: ‘Aƒetɔ, sikaga ewo le eya si xoxo ɖe!’
26
Ke fia la ɖo eŋu be: ‘Mele egblɔm na mi be ame sia ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ, ke ame si si nu mele o la, nu sue si le esi la hã woaxɔe le esi.
27
Azɔ la, mikplɔ nye ketɔ siwo medi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la vɛ, ne miawu wo le ŋkunye me afii.’ ”
28
Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, edze ŋgɔ ɖo ta Yerusalem.
29
Esi wògogo Betfage kple Betania, kɔƒe siwo te ɖe to si woyɔna be Amito ŋu la, edɔ nusrɔ̃lawo dometɔ eve ɖo ɖe ŋgɔ kple nya siawo
30
be: “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme la, miakpɔ tedzivi aɖe le ka me, si ame aɖeke medo kpɔ o. Miɖe kae, ne miakplɔe vɛ.
31
Ne ame aɖe bia mi be: ‘Nu ka ta miele ka ɖemee?’ hã la, miɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ lae le ehiãm!’ ”
32
Amedɔdɔawo yi, eye wokpɔ nuawo abe ale si Yesu gblɔe na wo la ene.
33
Ke esi wole ka ɖem tedzivia la, nutɔwo bia wo be: “Nu ka ta miele ka ɖem tedzivia?”
34
Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ lae le ehiãm.”
35
Ale wokplɔ tedzivia vɛ na Yesu. Wotsɔ woƒe awu ʋlayawo ɖo ɖe edzi hekɔ Yesu ɖo tedzivia dzi.
36
Esi wòdoe yina la, wotsɔ woƒe avɔwo ɖo ɖe mɔa dzi.
37
Esime Yesu le Amito la ƒe abu ɖim la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la tso aseye hekafu Mawu sesĩe le nukunu siwo katã wokpɔ la ta gblɔ be:
38
“Woyra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me! Ŋutifafa le dziƒo! Mawu tɔe nye ŋutikɔkɔe la!”
39
Farisitɔ aɖewo nɔ ameha la dome gblɔ na Yesu be: “Nufiala, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo.”
40
Yesu ɖo eŋu be: “Mele egblɔm na mi be, ne ame siawo zi ɖoɖoe la, kpewo kekeake hã lado ɣli.”
41
Esi Yesu gbɔna, eye wòkpɔ dua ta la, efa avi ɖe eŋuti
42
gblɔ be: “Ɖe wòle be nànya nu siwo hiã na ŋutifafa egbe sia hafi. Ke fifia la, wole ɣaɣla ɖe wò.
43
Ŋkeke li gbɔna, si me wò futɔwo aƒo kpo kɔkɔ ɖe ŋuwò. Woaɖe to ɖe wò, axaxa wò ɖe eme tso akpa sia akpa.
44
Woatsɔ wò kple viwòwo siaa axlã ɖe anyi. Womele kpe ɖeka teti hã gblẽ ge ɖe bubu dzi le mewò o, elabe mèdze si ɣeyiɣi si me wova xɔ wò ge o.”
45
Azɔ Yesu ge ɖe mawuxɔ la me, eye wòde asi nudzralawo nyanya me do goe.
46
Egblɔ na wo be: “Woŋlɔ ɖe mawunya me be, ‘Woayɔ nye aƒe la be gbedoɖaƒe,’ ke miawo ya mietrɔe zu adzodalawo ƒe beɖoƒe.”
47
Yesu fiaa nu le mawuxɔa me gbe sia gbe. Nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo di mɔnu le eŋu be yewoawui.
48
Ke womekpɔ mɔ si dzi woato awui o, elabe dukɔ blibo la ku ɖe eŋu hele eƒe nyawo sem.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24