bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 8
Luke 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 9 →
1
Esiawo megbe ʋɛ la, Yesu yi ɖato duwo kple kɔƒewo me hele Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti Nyanyui la gblɔm na amewo. Eƒe nusrɔ̃la wui eveawo
2
kple nyɔnu aɖewo, siwo me wònyà gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le kpakple esiwo ŋuti wòda gbe le la hã kpe ɖe wo ŋuti. Nyɔnuawoe nye: Maria Magdalatɔ, ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ adrẽ do go le,
3
Yohana si nye Kuza, Herodes ƒe nuwo dzikpɔla srɔ̃ kple Susana kpakple nyɔnu bubu geɖewo. Ame siawo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe nuwo kpɔ wo dzii.
4
Amewo tso du geɖewo me le Yesu gbɔ vam, eye esi ameha gã aɖe va ƒo ƒu ɖe egbɔ la, Yesu do lo na wo be:
5
“Nukuwula aɖe do go yi nuku wu ge. Esi wòle wo wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, amewo ɖo afɔ wo dzi, eye dziƒoxeviwo va fɔ wo mi.
6
Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, eye esi wotsi yina ʋɛ la, woku, elabe tsi mesɔ gbɔ na wo o.
7
Bubuwo ge ɖe ŋuwo dome, eye ŋuawo mie hevu tsyɔ wo dzi.
8
Bubuwo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye wotse ku teƒe alafa.” Esi Yesu gblɔ nya siawo la, ewu enu be: “Ame si to senu li na la, nesee!”
9
Esi eƒe nusrɔ̃lawo bia lododo la gɔmee la,
10
egblɔ na wo be: “Miawo ya la, woɖe nu si gɔme mekɔ ƒãa le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti o la fia mi, ke ame siwo le egodo ya la, nu sia nu le lododo me na wo ale be: ‘Woakpɔ nu, agakpɔe ake, gake womadze sii o; woase nu, agasee ake, gake womase egɔme o.’ ”
11
“Lododo la gɔmee nye esi: Nu si wowu lae nye Mawu ƒe nya la,
12
eye esiwo ge ɖe mɔ to la nye ame siwo, ne wose nyaa la, Abosam vana, eye wòɖenɛ ɖa le woƒe dzime bene womagaxɔe ase, ne woaxɔ wo ɖe agbe o.
13
Nu siwo ge ɖe kpe dzi la, nye ame siwo ne wose nyaa la, woxɔnɛ kple dzidzɔ. Ke kè mele wo te o. Woxɔnɛ sena ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko, eye ne tetekpɔ va la, wodea megbe.
14
Nu siwo ge ɖe ŋuwo me la nye ame siwo see, eye wotrɔ dzo. Xexe sia me ƒe nudidiwo, eƒe kesinɔnuwo kple eƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔa wo dzi, ale be wometsina tsena o.
15
Ke nuku siwo ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi lae nye ame siwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ ɖe dzi nyui si ɖoa to la me, eye wokua kutri va se ɖe esime wotse ku.”
16
“Ame aɖeke mesia akaɖi tsyɔa nu edzi, alo danɛ ɖe abati te o; ke edanɛ ɖe akaɖiti dzi boŋ bene wòaklẽ na ame siwo ava aƒea me.
17
“Naneke mele ɣaɣla si womaɖe afia o, eye naneke mele viviti me si mado ɖe gaglãgbe o.
18
“Milé to ɖe nya siwo sem miele la ŋu nyuie, elabe ame si si nu le la, woana nui, eye ame si si naneke mele o la, woaxɔ nu suetɔ si wòsusu be ele ye si la hã le esi.”
19
Yesu nɔ kple nɔviawo va egbɔ, gake womete ŋu te ɖe eŋu o, le ameha la ta.
20
Amewo na nyanya Yesu be: “Nɔwò kple nɔviwòwo le xexe di be yewoakpɔ wò.”
21
Ke eya gblɔ na ameawo be: “Nɔnye kple nɔvinyewo nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm.”
22
Gbe ɖeka la, Yesu ge ɖe tɔdziʋu me kple eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be: “Mina míayi tá la ƒe go kemɛ dzi.” Ale wodze mɔ.
23
Esi wole tɔa dzi la, Yesu dɔ alɔ̃. Ahom tu le tá la dzi, eye tsi nɔ ŋeŋém ɖe ʋua me, wòde yɔyɔ ge, ale be woƒe agbe ɖo xaxa me.
24
Nusrɔ̃laawo te ɖe Yesu ŋu, nyɔe gblɔ be: “Amegã, Amegã, míeku vɔ!” Yesu nyɔ heblu ɖe ya kple ƒu dzeagbo la ta, wodze kɔ anyi, eye ɖoɖoe zi.
25
Tete Yesu bia nusrɔ̃lawo be: “Miaƒe xɔse ɖe?” Ke wovɔ̃ hetsi yaa, eye wobia wo nɔewo be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Eɖea gbe na yaƒoƒo kple tsi kekeake hã, eye woɖoa toe!”
26
Yesu kple nusrɔ̃laawo va ɖo Galilea ƒe go kemɛ, si nye Gadara-nyigba la dzi.
27
Esi wodo go le ʋua me la, ŋutsu aɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, do go tso dua me va kpee. Eteƒe didi, ame sia megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒeme hã o. Yɔdowo dome ko wònɔna.
28
Esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo ɖe eŋkume, gblɔ sesĩe be: “Nya kae le nye kple wò dome, Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la Vi? Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o.”
29
Egblɔ nya siawo elabe Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ makɔmakɔ la be wòado go le amea me. (Enuenu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la dzea edzi, eye ne woblae kple kɔsɔkɔsɔ hede kunyowu afɔ nɛ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa, ŋea kunyowuawo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanɛ ɖona ɖe gbedadaƒo).
30
Yesu biae be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ŋkɔnyee nye Akpeakpewo” elabe gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewoe ge ɖe eme.
31
Woɖe kuku na Yesu be wòaganyà yewo aɖo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gaxɔ si nye do globo si le anyigba te la me o.
32
Azɔ hawo ƒe hatsotso gã aɖe nɔ nu ɖum le toa kɔgo. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be wòaɖe mɔ na yewo ne yewoage ɖe haawo me. Ale Yesu ɖe mɔ na wo.
33
Tete gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me hege ɖe haawo me. Haawo ƒe hatsotso la ƒu du kplìkplikpli ɖi abu tso toa kɔgo dze ta la me heno tsi ku.
34
Esi haawo nyilawo kpɔ esia la, wosí yi ɖagblɔ nu si dzɔ la le dua me kple agbletawo.
35
Amewo do go yi be yewoakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le la, wòbɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu. Ele awu me, eye eƒe mo kɔ. Tete wovɔ̃.
36
Ame siwo kpɔ nyadzɔdzɔa teƒe la gblɔ ale si Yesu da gbe le ame si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ ŋuti la na wo.
37
Ale Gadara-nutomenɔlawo katã va ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo dome, elabe vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Tete Yesu ge ɖe tɔdziʋua me hetrɔ dzo.
38
Ame si me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la ɖe kuku be yeanɔ egbɔ. Ke Yesu do mɔe gblɔ be:
39
“Trɔ yi aƒe, eye nàgblɔ nu siwo Mawu wɔ na wò la afia.” Ŋutsua trɔ yi ɖale gbeƒã ɖem nu siwo katã Yesu wɔ nɛ la, le du blibo la me.
40
Yesu trɔ gbɔ, eye ameha la xɔe kple dzidzɔ elabe wo katã wonɔ mɔ kpɔm nɛ.
41
Ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Yairo, eye wònye ƒuƒoƒemegã la, va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu. Eɖe kuku nɛ be wòava ye ƒeme,
42
elabe ye vinyɔnuvi ɖeka pɛ, si xɔ abe ƒe wui eve ene la le kudɔ ƒom. Esi Yesu dze mɔ yina la, amehawo mimii ɖo.
43
Nyɔnu aɖe, si le ʋusísidɔ lém ƒe wui eve sɔŋ, eye mekpɔ gbedala o la nɔ ameawo dome.
44
Eto Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu to. Enumake ʋusísi la nu tso.
45
Yesu bia be: “Ame kae ka asi ŋunye?” Ke esi ame aɖeke meɖo nya la ŋu o la, Petro gblɔ nɛ be: “Amegã, amehawoe mimi wò ɖo hele tutuwòm.”
46
Yesu gblɔ be: “Ame aɖe ka asi ŋunye la! Menya, elabe ŋusẽ do go tso menye.”
47
Esi nyɔnua nya be Yesu nya nu le nu si yewɔ ŋu la, ele dzodzom nyànyanya va. Etsyɔ mo anyi ɖe Yesu ŋgɔ, eye wògblɔ nu si ta wòka asi Yesu ŋu kple ale si eƒe lã me sẽ enumake la nɛ le amewo katã ŋkume.
48
Yesu gblɔ nɛ be: “Vinye, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”
49
Yesu mekpɔ ɖe nu le nya la me o, kasia ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã la ƒeme va gblɔ na Yairo be: “Viwò nyɔnu la ku, megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”
50
Esi Yesu se nya sia la, egblɔ na Yairo be: “Mègavɔ̃ o, xɔ se ko; eƒe lã me asẽ.”
51
Esi Yesu va ɖo aƒea me la, meɖe mɔ na ame aɖeke be wòage ɖe xɔa me kple ye o, negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia tɔ́ kpakple nɔa ɖeɖe ko.
52
Ame siwo katã le afi ma la, nɔ avi dzi henɔ konyi fam. Yesu gblɔ na wo be: “Migafa avi o; nyɔnuvia meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”
53
Ke ameawo koe, elabe wonya be nyɔnuvia ku.
54
Yesu lé eƒe alɔnu, yɔe gblɔ be: “Ɖetugbi, fɔ!”
55
Tete ɖetugbia gbɔ agbe, eye wòfɔ ɖe tsitre zi ɖeka. Yesu bia be woana nanee wòaɖu.
56
Edzilawo ƒe nu ku. Ke Yesu de se na wo be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24