bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 12
Luke 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 13 →
1
Ɣeyiɣi sia me la, ame akpeakpewo ƒo ƒu, ale gbegbe be wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi. Tete Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo gbã gblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu, si nye alakpanuwɔwɔ la ŋuti.
2
Nu sia nu si dzi wotsyɔ nui la, woaklo nu le edzi, eye nya ɣaɣla ɖe sia ɖe aɖi amewo ase.
3
Eya ta nya sia nya si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nya si miedo dalĩ gblɔ le xɔgãme la, woaɖe gbeƒãe le dutoƒo.”
4
“Xɔ̃nyewo, mele egblɔm na mi be migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, eye le esia megbe la, naneke megale wo si woate ŋu awɔ wu ema o.
5
Ke mafia ame si miavɔ̃ la mi. Mivɔ̃ ame si, ne ewu ame vɔ la, ŋusẽ gale esi be wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me. Ẽ, magblɔe na mi; mivɔ̃ eya boŋ!
6
Ho si wodzraa atsutsrɔe atɔ̃ la meɖi naneke o. Ke Mawu meŋlɔ wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be o.
7
Eya ta miawo la, migavɔ̃ o, elabe woxlẽ miaƒe taɖa gɔ̃ hã. Miexɔ asi sãa wu atsutsrɔewo.”
8
“Mele egblɔm na mi be ame sia ame si aʋu eme le amewo ŋkume be tɔnyee yenye la, Amegbetɔ Vi la hã awɔ nenema ke nɛ le Mawu ƒe dɔlawo ŋkume.
9
Ame si agbem le amewo ŋkume la, woagbe eya hã le Mawu ƒe dɔlawo ŋkume.
10
Ame si agblɔ nya vlo aɖe ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vlo aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womele etsɔ ge akee akpɔ o.
11
Ne wokplɔ mi yi ƒuƒoƒewo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpakple dziɖulawo gbɔ la, migatsi dzimaɖi le ale si miaʋli mia ɖokui ta, alo le nya si miagblɔ la ŋuti o.
12
Elabe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la afia nu si miagblɔ le ɣeyiɣi ma me la mi.”
13
Ame aɖe tso amehawo dome gblɔ na Yesu be: “Nufiala, ƒo nu na nɔvinye ne nye kplii míama domenyinu si nye mía tɔ la.”
14
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ŋutsu, ame kae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numala na mi?”
15
Eyi edzi gblɔ na wo be: “Miɖɔ ŋu ɖo, eye mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋuti, elabe amegbetɔ ƒe agbe mele nunɔamesi gbogbo siwo le esi la me o.”
16
Yesu yi edzi do lo na wo be: “Agbledela kesinɔtɔ aɖe ƒe anyigba wɔ nu ŋutɔ.
17
Eya ta wògblɔ le eɖokui me be: ‘Nu ka mawɔ? Elabe teƒe megale asinye afi si madzra nu siwo meŋe la ɖo o.’
18
Eɖo eŋu na eɖokui be, ‘Menya nu si mawɔ. Mamu nye avawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe. Afi mae madzra nye nu siwo meŋe kple nu bubuwo katã ɖo.’
19
Azɔ magblɔ na nye luʋɔ be: ‘Luʋɔnye, èƒo nu geɖe nu ƒu ɖe wò avawo me siwo ŋudɔ nàwɔ ƒè geɖee. Eya ta gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, eye nàɖu agbe.’
20
Ke Mawu gblɔ nɛ be: ‘Kpɔ movitɔ ɖa! Ŋu make ɖe wò o. Ke azɔ la, ame ka tɔe nu siwo nèdzra ɖo la ava zu?’ ”
21
Yesu wu enu be: “Nu sia tɔgbee wɔa ame si ƒo nu geɖe nu ƒu na eɖokui le anyigba dzi, eye naneke mele esi le Mawu gbɔ o la.”
22
Esiawo megbe la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia tae mele gbɔgblɔm na mi be migatsi dzimaɖi le nu si miaɖu anɔ agbe, alo le nu si miado alo ata la ŋuti o.
23
Agbe xɔ asi wu nunyiame, eye ameti la hã xɔ asi wu nudodo kple nutata.
24
Mibu akpaviawo ŋu kpɔ. Womeƒãa nu alo ŋea nu o; nudzraɖoƒe alo ava hã mele wo si o; gake Mawu nyia wo. Miawo la, miexɔ asi zi nane wu xeviwo ɖe!
25
Ne mia dome ame aɖe tsi dzi ɖe eƒe agbe ŋu ʋuu hã la, ɖe wòate ŋu atsɔ ŋkeke ɖeka pɛ akpe ƒe si wòle agbe nɔ gea?
26
Nenye be nu sue sia teti gɔ̃ hã wɔwɔ mele mia ŋu o la, nu ka ta mietsi dzi ɖe bubuawo ŋu?
27
Mibu ale si dzogbenya tsinae la ŋuti kpɔ. Metrea ɖeti loo, alo lɔ̃a avɔ o. Ke mele egblɔm na mi be fia Salomo, le eƒe ŋutikɔkɔe gã la me gɔ̃ hã, meɖo atsyɔ̃ de dzogbenya tɔ nu o.
28
Azɔ ne Mawu ɖo atsyɔ̃ ale gbegbe na gbe si le gbe me egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me wòafiã la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo boŋ geɖe wu oa? Xɔseʋɛtɔwo!
29
Eya ta migatsi dzimaɖi le nu si miaɖu kple nu si miano ŋuti o. Gawu la, migatsi dzi le susu me o.
30
Nu siawoe xexemedukɔwo katã kplɔ ɖo; ke mia Tɔ́ la nya be nu siawo hiã mi.
31
Ke midi eƒe fiaɖuɖu boŋ, eye nu siawo katã lazu mia tɔ.”
32
“Alẽha sue, migavɔ̃ o! Elabe edze mia Tɔ́ la ŋu be wòatsɔ fiaɖuƒea ana mi.
33
Midzra nu siwo le mia si la, eye mitsɔ wo na ame dahewo. Mitɔ gakotoku siwo megblẽna o la na mia ɖokui, eye midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo bene woanɔ dedie. Fiafi mele afi ma o, eye agbagblaʋui hã meɖua nu li o.
34
Elabe afi si wò nu xɔasi le la, afi mae wò dzi hã lanɔ.”
35
“Minɔ ŋudzɔ, eye mina miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim.
36
Minɔ abe ame siwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ si yi srɔ̃ɖeƒe ene. Ne egbɔ va ƒo ʋɔ la, woaʋui nɛ enumake.
37
Subɔla siwo woƒe aƒetɔa agbɔ ava tu woanɔ ŋudzɔ la, woazu dzɔgbenyuitɔwo. Nyateƒe tom mele na mi be aƒetɔa asa avɔ ɖe ali, ana woanɔ kplɔ̃ ŋu, eye wòasubɔ wo.
38
Ame siwo aƒetɔa agbɔ ava tu le fɔŋli ga etɔ̃ alo ga ene me woanɔ ŋudzɔ la, akpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
39
Ke mienyae be ne aƒetɔ aɖe anya ɣeyiɣi si me tututu fiafitɔ ava la, anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔ fiafitɔ la be wòaŋɔ gli age ɖe eƒe xɔ me o.
40
Ele be miawo hã mianɔ ŋudzɔ, elabe Amegbetɔ Vi la le vava ge le ɣeyiɣi si miele mɔ kpɔm nɛ o la me.”
41
Petro bia be: “Aƒetɔ, míawo koe nèle lo sia dom na loo, alo amewo katã yea?”
42
Aƒetɔ la gblɔ be: “Ame kae nye aƒedzikpɔla nuteƒewɔla kple nunyala si eƒe aƒetɔ aɖo eƒe subɔlawo nu, be wòana nuɖuɖu wo ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?
43
Woyra dɔla ma, si aƒetɔa ava tu wòanɔ dɔ si woɖo nɛ la wɔm.
44
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be atsɔ dɔla sia aɖo eƒe nunɔamesiwo katã nu.
45
Ke ne dɔla la gblɔ le eɖokui me be: ‘Nye aƒetɔ magbɔ fifia o!’ eye wòde asi ŋutsu kple nyɔnu subɔlawo ƒoƒo me, aɖu nu, ano nu ahamu aha la,
46
eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple ɣeyiɣi si menya o la me. Ahe to nɛ vevie eye wòana gomee le ame mawɔnuteƒewo dome.
47
Dɔla si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, gake mele klalo alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe zi geɖe.
48
Ke dɔla si menya eƒe aƒetɔa ƒe lɔlɔ̃nu o, eye wòwɔ nu si dze tohehe la, woaƒoe ʋɛ ko. Ame sia ame si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe tso esi hã.”
49
“Dzoe meɖe va kɔ ɖe anyigba dzi, eye medi gɔ̃ bene wòalé kaba.
50
Mawutsilele aɖe li, si wòle be woale nam, eye metsi dzodzodzoe be woalee nam kaba.
51
Ɖe miebu be ŋutifafa na ge meva le anyigba dzia? Kpao! Mele egblɔm na mi be memama boŋ ye mehe vɛ.
52
Tso esia dzi heyina la, ne ame atɔ̃ le aƒe ɖeka me la, wo dome lama. Ame etɔ̃ atso ɖe eve ŋuti, eye eve atso ɖe etɔ̃ ŋuti.
53
Vi tɔ atsi tre ɖe via ŋutsu ŋuti, eye viŋutsu atsi tre ɖe tɔ́a ŋuti. Vi nɔ atsi tre ɖe via nyɔnu ŋuti, eye vinyɔnu atsi tre ɖe nɔa ŋuti. Lɔ̃xo atsi tre ɖe vi srɔ̃ ŋuti, eye vi srɔ̃ latsi tre ɖe lɔ̃xoa ŋuti.”
54
Yesu gagblɔ na amehaawo be: “Ne miekpɔ alilikpo wòho tso ɣetoɖoƒe la, miegblɔna enumake be tsi gbɔna, eye wòvaa me hã.
55
Ne ya ƒo tso anyigbeme lɔƒo la, miegblɔna be xexeme le dzo xɔ ge, eye wòvaa me nenema.
56
Alakpatɔwo! Miete ŋu léa ŋku ɖe anyigba kple dziƒo ƒe nɔnɔme ŋu, eye mienyaa nu si gbɔna la gblɔna, ale ke wɔ miete ŋu lé ŋku ɖe fifi ɣeyiɣi sia ŋu, hekpɔ nu si gbɔna la agblɔ o mahã?”
57
“Ale ke wɔ miete ŋu tsoa nya me na mia ɖokui le nu si wòdze be miawɔ la ŋuti o?
58
Ne wò kple wò ketɔ miele mɔ dzi yina ʋɔnu le fia ŋkume la, dze agbagba nàdzra mia dome ɖo le mɔa dzi. Ale be magakplɔ wò ayi ʋɔnudrɔ̃la gbɔ, ne ʋɔnudrɔ̃la la natsɔ wò ade asi na kpovitɔ, ne wòava de wò gaxɔ me o.
59
Mele egblɔm na wò be mèle go do ge le gaxɔa me akpɔ o, va se ɖe esime nàxe fe si wobla na wò la vɔ keŋkeŋ.”
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24