bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 11
Luke 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 12 →
1
Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”
2
Yesu gblɔ na wo be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be: ‘Tɔ́, na wò ŋkɔ ŋuti nakɔ; wò fiaɖuɖu nava.
3
Na míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu mí.
4
Tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabe míawo hã míetsɔawo kea ame sia ame si wɔ vɔ̃ ɖe mía ŋu la. Mèga ɖe mɔ be mia dze tetekpɔ me o.’ ”
5
Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne mia dometɔ aɖe ayi ɖe xɔ̃a gbɔ le zã titina agblɔ nɛ be: ‘Xɔ̃nye, do abolo atɔ̃ nam,
6
elabe xɔ̃nye aɖe le mɔ zɔm va lilim, eye naneke mele asinye ne manae wòaɖu o’ la,
7
ɖe xɔlɔ̃a anɔ xɔ me aɖo eŋu nɛ be, ‘Mègaɖe fu nam o. Medo ʋɔ xoxo, eye mía kple vinyewo míemlɔ anyi, eya ta nyemate ŋu agafɔ ana naneke wò o’ mahã?
8
Mele egblɔm na mi be, ne mafɔ ana nanekee le xɔlɔ̃ si wònye nɛ ta o la, le ŋukpe si wòakpɔ ta la, afɔ, eye wòana nu sia nu si xɔ̃a hiã lae.
9
“Eya ta mele egblɔm na mi be: Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.
10
Elabe ame sia ame si bia nu la, wonanɛ; ame sia ame si di nu la, ekpɔnɛ, eye ame sia ame si ƒo ʋɔ la, woaʋui nɛ.
11
Vi tɔ́ kae le mia dome si ne via bia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi?
12
Alo ne ebia koklozii la, wòatsɔ dziɖegbe ade esi?
13
Ne mi, ame siwo nye ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã mienya ale si miana nu nyuiwo mia viwo la, ale ke gbegbe mia Tɔ́ si le dziƒo la mana Gbɔgbɔ Kɔkɔe ame siwo bianɛ la awu o mahã?”
14
Yesu le gbɔgbɔ vɔ̃ maƒonu aɖe nyàm do goe le aɖetututɔ aɖe me gbe ɖeka. Esi gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le aɖetututɔa me la, amea ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.
15
Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Beelzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽe wòtsɔ nyà gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe.”
16
Ame bubuwo hã le etem kpɔ hebiae be wòawɔ nukunu aɖe atsɔ afia be dziƒoe yetso.
17
Yesu dze si woƒe susu, ale wògblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si me memama le la gbãna, eye ƒome siwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la tsrɔ̃na.
18
Ne memama le Satana ƒe fiaɖuƒe me la, ale ke eƒe fiaɖuɖu la ate ŋu ali ke?
19
Azɔ ne wònye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie meto nyà gbɔgbɔ vɔ̃wo la, ekema mia viwo ya ɖe, ame ka dzie wotona nyàa wo doa goe? Woawoe atso nya sia me na mi.
20
Ke nenye Mawu ƒe ŋusẽe metsɔ nyà wo do goe la, ekema Mawu ƒe fiaɖuɖu la dze egɔme le mia dome xoxo.
21
Ne ame sesẽ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo katã hele eya ŋutɔ ƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo nɔna dedie.
22
Ke ne ame bubu si sesẽ wúi la va wɔ avu kplii heɖu edzi la, axɔ eƒe gawu kple aʋawɔnu siwo ŋu wòɖo ŋu ɖo la le esi, eye wòama nu siwo wòxɔ le esi la.
23
Ame si mele dzinye o la, tsi tre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa nu ƒu kplim o la, kakaa nu hlẽna.”
24
“Ne gbɔgbɔ makɔmakɔ do go le ame me la, eyina ɖatsana le ƒuƒuiƒewo nɔa dzudzɔƒe dim. Ke ne mekpɔ ɖeke o la, egblɔna be, ‘Matrɔ ayi nye aƒe si me medo go le la me.’
25
Ne etrɔ va, eye wòkpɔ be wokplɔ aƒea me heɖo nuwo ɖe eme nyuie la,
26
eyina ɖakplɔa gbɔgbɔ vɔ̃ bubu adrẽ, siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ la, kpena ɖe eɖokui ŋu vanɛ. Wogena ɖe ame la me, eye wonɔa afi ma. Ame la ƒe agbe si wòva nɔna emegbe la va gblẽna wu esi wònɔ tsã.”
27
Esi Yesu gblɔ nya siawo la, nyɔnu aɖe kɔ gbe dzi tso ameha la dome gblɔ nɛ be: “Woyra dɔ si me nènɔ kple no si nèno loo!”
28
Ke Yesu gblɔ nɛ be: “O, ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ ye woyra.”
29
Azɔ esi amehawo bɔ ɖe Yesu ŋu la, egblɔ na wo be: “Dzidzime sia vɔ̃ɖi loo! Wole dzesi dim, ke womana ɖeke wo o, negbe Yona ƒe dzesia ko.
30
Abe ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwo ene la, nenema ke Amegbetɔ Vi la hã lanye dzesi na dzidzime siae.
31
Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, anyigbeme fianyɔnua atsi tsitre kple mi dzidzime sia, eye wòabu fɔ mi, elabe etso anyigba seƒe ke va be yease Salomo ƒe nya siwo me nunya le; ke kpɔ ɖa, ame aɖe le afii si lolo wu Salomo.
32
Ninivetɔwo atsi tsitre le ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mi dzidzime sia, eye woabu fɔ mi, elabe wotrɔ dzime esime Yona gblɔ mawunya na wo. Kpɔ ɖa, ame aɖe le afii si lolo wu Yona.”
33
“Ame aɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo tsyɔa nu edzi o, ke edanɛ ɖe akaɖiti dzi boŋ bene wòaklẽ na ame siwo le xɔa me vam la.
34
Wò ŋku le abe akaɖi ene na wò ameti blibo la. Ne wò ŋku nyo la, wò ameti blibo la me kɔ. Ke ne wò ŋkumenyo o la, wò ameti blibo la me ado viviti.
35
Eya ta kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie be kekeli si le mewò la nagatrɔ zu viviti o.
36
Ne wò ameti blibo la me kɔ, eye akpa aɖeke medo viviti le eme o la, wò ameti blibo la me akɔ keŋ, abe ale si akaɖi klẽna ɖe nu dzi wòkɔna la ene.”
37
Esi Yesu le nu ƒom la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu kple ye. Ale wòyi ɖabɔbɔ nɔ anyi be yeaɖu nua.
38
Ewɔ nuku na Farisitɔ la be Yesu meklɔ asi hafi le nua ɖum o.
39
Ke Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Mi Farisitɔwo, mieklɔa miaƒe kplu kple agbawo godo, ke mia me yɔ fũu kple fififi kpakple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.
40
Movitɔwo! Ɖe menye ame si wɔ eme la kee wɔ egodo hã oa?
41
Mitsɔ nu si le eme la na ame dahewo, ekema nu sia nu ŋuti akɔ na mi le miaƒe kɔnyinyia nu.”
42
“Baba na mi, Farisitɔwo, elabe miena ahamɛ, amagbe ʋeʋẽe kple amagbe bubu ɖe sia ɖe ƒe akpa ewolia, ke miegbe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple mawulɔlɔ̃ ya. Nu siawoe wòdze be miawɔ gbã ahatsɔ ekemɛawo wɔwɔ akpe ɖe wo ŋu hafi.
43
Baba na mi, Farisitɔwo, elabe mielɔ̃a bubunɔƒenɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye miedina be woado gbe na mi bubutɔe le ablɔwo dzi.
44
Baba na mi! Miele abe yɔdo ene. Medzena o, eye amewo zɔa edzi le manyamanya me.”
45
Sefialawo dometɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ na Yesu be: “Nufiala, èdzu míawo hã le nya si nègblɔ la me ɖe.”
46
Yesu ɖo eŋu be: “Baba na mi sefialawo hã, elabe miedoa agba kpekpe siwo manyatsɔ o la na amewo, gake miawo ŋutɔ la, miedoa asibidɛ ɖeka pɛ hã ɖa be yewoakpe ɖe wo tsɔlawo ŋu o.
47
Baba na mi! Elabe miedzra Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe yɔdowo ɖo, evɔ wònye mia tɔgbuiwoe wu wo.
48
Ale miezu ɖasefowo, heda asi ɖe mia tɔgbuiwo ƒe nuwɔnawo dzi, elabe woawoe wu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, eye miawo miedzra woƒe yɔdowo ɖo.
49
Esia ta hãe Mawu ƒe Nunyagbalẽ la gblɔ be, ‘Maɖo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kple amedɔdɔwo ɖe wo. Woawu ɖewo, eye woati bubuwo yome.’
50
Ale woabia Mawu ƒe gbeƒãɖelawo katã ƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi, tso keke xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la, tso mi dzidzime sia si me.
51
Tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zaxarya, ame si wowu le vɔsamlekpuia kple kɔkɔeƒea dome ƒe ʋu dzi. Ẽ, mele egblɔm na mi be, woahe to na mi dzidzime sia le wɔna siawo katã ta.
52
Baba na mi sefialawo! Mieɖe nunyasafui la dzoe. Miawo ŋutɔ mieʋui ge ɖe eme o, eye ame siwo di be yewoage ɖe eme la hã, miexe mɔ na wo.”
53
Esi Yesu dzo le afi ma la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo do dziku ɖe eŋu vevie. Wobia nyae le nu geɖewo ŋuti,
54
eye wole xá me nɛ, be wòaƒo nu ade eɖokui nya me.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24