bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 9
Luke 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 10 →
1
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wui eveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ wo be woaɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã ɖa, eye woada dɔ ɖe sia ɖe.
2
Eɖo wo ɖa be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe fiaɖuɖu, eye woada gbe le dɔlélawo ŋu.
3
Egblɔ na wo be: “Migatsɔ naneke yi mɔzɔzɔ lae o. Migatsɔ atizɔti loo, kotoku loo, nuɖuɖu alo ga o. Mia dometɔ aɖeke megatsɔ dziwui eve o.
4
Aƒe si me miedze la, minɔ afi ma va se ɖe esime miadzo le dua me.
5
Ne womexɔ mi le du aɖe me o, eye miedo go le eme yina la, miʋuʋu ké le miaƒe afɔ ŋu kɔ ɖi abe ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋu ene.”
6
Nusrɔ̃laawo yi ɖatsa le kɔƒewo me le Nyanyui la gblɔm, hele gbe dam le amewo ŋu le afi sia afi.
7
Esi dziɖula Herodes se nu siwo katã le dzɔdzɔm la, etɔtɔ, elabe ame aɖewo gblɔ be Yohanes ye tsi tsitre tso ame kukuwo dome.
8
Ɖewo hã be Eliyae ɖe eɖokui fia, eye bubuwo hã be blema Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖee gafɔ.
9
Ke Herodes gblɔ be: “Yohanes la, metso ta le enu. Ke ame ka koŋ ye nye ame sia, si ŋuti mele nya siawo sem le?” Ale wònɔ mɔnu dim be yeado go Yesu.
10
Esi amedɔdɔawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nu siwo wowɔ la fia Yesu. Yesu kplɔ woawo ɖeɖe yi ɖe du aɖe, si woyɔna be Betsaida la me.
11
Ke esi amehawo see la, wotii yi afi ma. Yesu xɔ wo, eye wòƒo nu na wo le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti heda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.
12
Esi zã yina dodo ge la, ame wui eveawo te ɖe Yesu ŋu gblɔ nɛ be: “Do mɔ ameha la ne woayi kɔƒe kple agbleta siwo ƒo xlã mí la me, aɖadze afi ma adi nane aɖu, elabe teƒe sia mele ame dome o.”
13
Yesu gblɔ na wo be: “Miawo midi nu na wo ne woaɖu.” Ke woɖo eŋu be: “Abolo atɔ̃ kple kalãmi eve ɖeɖe koe nye nu si le mía si; ekema ɖeko míayi aɖaƒle nuɖuɖu vɛ na ame gbogbo siawo.”
14
Ŋutsu abe akpe atɔ̃ ene nɔ afi ma. Yesu gblɔ na nusrɔ̃laawo be: “Mina ameawo nabɔbɔ nɔ anyi ɖe hatsotso hatsotso me. Hatsotso ɖeka nanye ame bla atɔ̃ lɔƒo.”
15
Nusrɔ̃laawo na ameawo katã bɔbɔ nɔ anyi.
16
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple kalãmi eveawo, eye esi wòwu mo dzi la, eyra ɖe wo dzi, eye wòka wo hetsɔ wo na nusrɔ̃laawo be woama na ameha la.
17
Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye wofɔ kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi wui eve me.
18
Gbe ɖeka Yesu ɖeɖe nɔ gbe dom ɖa, eye eƒe nusrɔ̃lawo le eŋu. Ebia wo be: “Ame ka amehaawo gblɔ be menye?”
19
Woɖo eŋu be: “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes mawutsilenamela, bubuwo be wòe nye Eliya, eye bubuwo hã be blema Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe nènye gafɔ.”
20
Yesu gabia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae menye le mia gbɔ?” Petro ɖo eŋu gblɔ be: “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”
21
Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo vevie be womagagblɔ nya sia na ame aɖeke o.
22
Egblɔ hã be: “Ele na Amegbetɔ Vi la be wòakpe fu geɖe. Amegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo agbee, eye woawui. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔe ɖe tsitre.”
23
Yesu gblɔ na wo katã be: “Ne ame aɖe le didim be yeava nɔ yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, netsɔ eƒe atitsoga gbe sia gbe, eye wòadze yonyeme.
24
Elabe ame si ke di be yeaɖe yeƒe agbe la abui; ke ame si bu eƒe agbe le tanye la, akpɔe.
25
Viɖe kae le eme na ame be xexea me blibo la katã nazu etɔ, ke eya ŋutɔ natsrɔ̃ alo abu?
26
Ne nye kple nye nyawo míekpea ŋu na ame aɖe la, ame ma akpe ŋu na Amegbetɔ Vi la hã, ne eva do le ye ŋutɔ Tɔ́a kple mawudɔlawo ƒe ŋutikɔkɔe me.
27
Ke mele egblɔm na mi be, ame aɖewo le ame siwo tsi tsitre ɖe afii la dome siwo maku hafi akpɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu la o.”
28
Ŋkeke enyi lɔƒo le nya siawo megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yohanes kple Yakobo yi ɖe to aɖe dzi be yeado gbe ɖa.
29
Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ. Eƒe awu fu tititi hele dzo dam mìamiamia.
30
Kasia ame eve le nu ƒom kplii. Woawoe nye Mose kple Eliya.
31
Wodo kple ŋutikɔkɔe, eye wole dze ɖom kplii le ku si ku ge wòala le Yerusalem la ŋu.
32
Togbɔ be alɔ̃ nɔ Petro kple etɔwo tsɔm ŋutɔ hã la, wonɔ ŋu, eye wokpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe la kple ame eve, siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la.
33
Esi ameawo le dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro, ame si menya nya si tututu le dodom le enu o la, gblɔ na Yesu be: “Amegã, enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míeva afii! Na míatu agbadɔ etɔ̃; tɔwò ɖeka, Mose tɔ ɖeka, eye Eliya hã tɔ ɖeka.”
34
Esi Petro le nu ƒom la, alilikpo aɖe ɖiɖi va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye esi woge ɖe eme la, vɔvɔ̃ ɖo wo.
35
Kasia gbe ɖi tso alilikpoa me be: “Vinyee nye ame sia! Nye ame tiatiae! Miɖo toe!”
36
Esi gbea ɖi alea vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖi. Nusrɔ̃laawo meke nu gblɔ naneke le nu si wokpɔ la ŋuti na ame aɖeke le ŋkeke mawo me o.
37
Esi ŋu ke, eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖi tso toa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpee.
38
Tete ŋutsu aɖe do ɣli le ameawo dome gblɔ be: “Nufiala, meɖe kuku na wò, va kpɔ vinye ŋutsuvi nam ɖa! Vi ɖeka wònye nam.
39
Gbɔgbɔ aɖe dzea edzi, eye wòdoa ɣli. Enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, bebli hafi wòdzona le edzi, eye eƒe lã me gbãna gudugudu.
40
Meva ɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyàe ado goe, gake womete ŋui o.”
41
Yesu gblɔ be: “O dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi! Ɖe manɔ mia gbɔ ɖaa? Va se ɖe ɣe ka ɣi mado dzi ahe mi aɖase ɖo? Kplɔ viwò la va afii.”
42
Esi tɔ́a kplɔe gbɔnae la, gbɔgbɔ vɔ̃ la ƒo ŋutsuvia ƒu anyi henyamae. Ke Yesu blu ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta, eye wòda gbe le ŋutsuvia ŋuti hetsɔe de asi na tɔ́a.
43
Ame sia ame ƒe nu ku le Mawu ƒe ŋusẽ triakɔ la ta. Esi Yesu ƒe nu siwo katã wòwɔ la le nuku wɔm na amewo ta la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be:
44
“Miawo milée ɖe tame vevie, be wole Amegbetɔ Vi la de ge asi.”
45
Ke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nya sia gɔme o. Ele ɣaɣla ɖe wo bene womagase egɔme o. Ke wole esim ɖa be yewoabia egɔmee.
46
Nusrɔ̃laawo nɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome be yewo dometɔ kae nye ame vevitɔ wu mahã.
47
Yesu nya woƒe tamesusu. Ekplɔ ɖevi aɖe va eɖokui gbɔ,
48
eye wògblɔ na wo be: “Ame sia ame si xɔ ɖevi sia le tanye la, nyee wòxɔ, eye ame si xɔm la, exɔ ame si dɔm ɖa la. Ame si nye suetɔ wu le mi katã mia dome la, eyae nye ame vevitɔ.”
49
Yohanes gblɔ na Yesu be: “Amegã, míekpɔ ame aɖe, si le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyàm do goe le amewo me le wò ŋkɔ me, eye míegbe nɛ elabe meva le yowòme kpli mí o.”
50
Yesu gblɔ nɛ be: “Migagbe nɛ o, elabe ame si metsi tre ɖe mia ŋu o la, mia dzie wòle.”
51
Esi ɣeyiɣi si woakɔ Yesu ayi dziƒo la le aƒe tum la, eɖo tame kplikpaa hedze mɔ ɖo ta Yerusalem.
52
Yesu ɖo dɔlawo ɖe ŋgɔ, eye woge ɖe Samaria-du aɖe me be woadzra ɖo na eƒe vava.
53
Gake dua me tɔwo melɔ̃ be yewoaxɔe o, elabe eɖo ta Yerusalem.
54
Ke esi eƒe nusrɔ̃la eve, Yakobo kple Yohanes, wokpɔe la, wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, èlɔ̃ ɖe edzi be míana dzo natso dziƒo ava fiã woa?”
55
Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wòka mo na wo.
56
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo tso eme yi du bubu me.
57
Esi wole mɔa dzi yina la, ame aɖe va gblɔ na Yesu be: “Afi sia afi si nàyi la, manɔ yowòme.”
58
Yesu gblɔ nɛ be: “Abeiwo kpɔ do, be ɖe eme. Xeviwo hã kpɔ atɔ, le eme, ke Amegbetɔ Vi la ya la, nɔƒe aɖeke mele esi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o!”
59
Yesu gblɔ na ame bubu be: “Dze yonyeme.” Ke eya gblɔ be: “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam ne mayi aɖaɖi tɔ́nye gbɔ.”
60
Yesu gblɔ nɛ be: “Ɖe asi le ame siwo le abe ame kukuwo ene la ŋuti be woaɖi woawo ŋutɔ ƒe ame kukuwo, ke wò la, yi nàɖe gbeƒã Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋutinya la.”
61
Ame bubu ya gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, mava nɔ yowòme, gake ɖe mɔ nam ne mayi aɖaklã nye aƒemetɔwo gbã.”
62
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ame si lé kodzoe hedze bo, eye wògale megbe kpɔm la, medze na Mawu ƒe fiaɖuɖu la o.”
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24