bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 18
Luke 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
1
Yesu gado lo hefia nu wo be ele be woado gbe ɖa ɣe sia ɣi, ale be dzi magaɖe le wo ƒo o.
2
Ebe: “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du aɖe me. Mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o.
3
Ahosi aɖe hã nɔ dua me. Evaa ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ enuenu gblɔna nɛ be: ‘Ɖem tso nye ketɔ si me.’
4
Ke ʋɔnudrɔ̃la la metsɔ ɖeke le eme nɛ o, eteƒe didi. Mlɔeba la, egblɔ le eɖokui me be: ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame o hã la,
5
ele be makpe ɖe ahosi sia ŋu elabe ele fu ɖem nam akpa. Ne menye nenem o la, eƒe fuɖename la ava na matsi dzimaɖeɖi.’ ”
6
Aƒetɔ la yi edzi gblɔ be: “Miese nu si ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔa?
7
Ɖe Mawu maxɔ na eƒe ame tiatia, siwo le gbe dom ɖa nɛ zã kple keli la oa? Ɖe maʋã awɔ woƒe didi dzi na wo enumake oa?
8
Mele egblɔm na mi be axɔ na wo kaba! Ke ne Amegbetɔ Vi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse le anyigba dzia?”
9
Yesu gado lo si gbɔna la hã na ame siwo buna be yewo ya yewole dzɔdzɔe, eye wodoa vlo ame bubuwo la be:
10
“Ame eve yi ɖe mawuxɔ me be yewoado gbe ɖa. Wo dometɔ ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla.
11
Farisitɔ la nɔ tsitrenu do gbe ɖa le tame be: ‘Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuwo ene o: adzodalawo, nu madzɔmadzɔ wɔlawo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.
12
Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nu sia nu si mekpɔ la ƒe akpa ewolia nana.’ ”
13
“Ke nudzɔla la ya tsi tsitre ɖe adzɔge, eye medi be yeawu mo dzi akpɔ dziƒo hã o. Eƒo akɔta gblɔ be: ‘Mawu, nuvɔ̃wɔla menye, kpɔ nublanui nam!’
14
Mele egblɔm na mi be nudzɔla la trɔ yi aƒeme ame dzɔdzɔe wu ame kemɛ, elabe ame sia ame si do eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”
15
Wotsɔ vidzĩwo gɔ̃ hã va Yesu gbɔ be wòada asi ɖe wo dzi. Esi eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ wo la, wohe nya ɖe ameawo ŋu.
16
Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye. Migaxe mɔ na wo o, elabe ame siawo tɔgbe tɔe nye Mawu ƒe fiaɖuƒe la.
17
Nyateƒe tom mele na mi be ame si mexɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.”
18
Yudatɔwo ƒe amegã aɖe va bia Yesu be: “Nufiala nyui, nu ka mawɔ be makpɔ agbe mavɔ?”
19
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ale ke wɔ nèyɔm be ame nyui?” Ame nyui aɖeke meli o, negbe Mawu ɖeka ko.
20
Ènya seawo be, “Mègawɔ ahasi o; mègawu ame o; mègaɖi aʋatsoɖase o; bu tɔ́wò kple nɔwò, ɖe!”
21
Amegã la be: “Mewɔ se siawo katã dzi tso nye ɖevime ke.”
22
Esi Yesu see la, egblɔ nɛ be: “Nu ɖeka gasusɔ na wò. Heyi nàdzra nu siwo katã le asiwò la, eye nàtsɔ nu si nèkpɔ la na ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo, ne nàva nɔ yonyeme.”
23
Esi amegã la se esia la, exa nu elabe kesinɔnu geɖe le esi.
24
Yesu kpɔ esia, eye wògblɔ be: “Esesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me.
25
Ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu, be kesinɔtɔ nage ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me.”
26
Ame siwo se nya siawo la gblɔ be: “Ekem ɖe, ame ka gɔ̃e woate ŋu axɔ ɖe agbe?”
27
Yesu ɖo eŋu be: “Nu si amegbetɔ mete ŋu wɔna o la, Mawu ya wɔnɛ.”
28
Tete Petro gblɔ be: “Kpɔ ɖa, míawo la, míegblẽ míaƒe aƒewo ɖi hedze yowòme.”
29
Yesu gblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne ame aɖe gblẽ aƒe, srɔ̃nyɔnu, nɔviŋutsuwo, dzilawo alo viwo ɖi le Mawu ƒe fiaɖuɖu ta la,
30
woaɖo eteƒe nɛ fũu le ɣeyiɣi sia me, eye le ɣeyiɣi si gbɔna me la, akpɔ agbe mavɔ.”
31
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wui eveawo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Misee, míeyina Yerusalem, eye nu siwo katã woŋlɔ ɖi to Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dzi tso Amegbetɔ Vi la ŋuti la ava eme.
32
Wole ede ge asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Woaɖu fewu le eŋuti, ado vloe, aɖe ta ɖe eŋu.
33
Woaƒoe kple atam, eye woawui. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, agafɔ ɖe tsitre.”
34
Nusrɔ̃laawo mese nu siawo ƒe ɖeke gɔme o. Nya sia gɔme le ɣaɣla ɖe wo, eye womese nu si Yesu gblɔ la me o.
35
Esi Yesu gogo Yerixo la, ŋkuagbãtɔ aɖe bɔbɔ nɔ mɔ to nɔ nu biam.
36
Ŋkuagbãtɔ la se ameha si va yina la ŋkɔ. Ebia be: “Nu kae le dzɔdzɔm?”
37
Wogblɔ nɛ be: “Yesu Nazaretetɔ lae va yina.”
38
Tete wòdo ɣli be: “Yesu, David Vi, kpɔ nublanui nam!”
39
Ame siwo le ŋgɔ la nyra ɖee be wòazi ɖoɖoe, ke egado ɣli sesĩe wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam!”
40
Yesu tɔ, eye wòbia be woakplɔe vɛ. Esi ŋkuagbãtɔ la te ɖe Yesu ŋu la, Yesu biae be:
41
“Nu ka nèdi be mawɔ na ye?” Ŋkuagbãtɔ la gblɔ be: “Aƒetɔ, na be makpɔ nu!”
42
Yesu gblɔ nɛ be: “Kpɔ nu! Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”
43
Ŋutsua kpɔ nu enumake, eye wòdze Yesu yome hele Mawu kafum. Esi ameha la kpɔe la, wokafu Mawu.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24