bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 22
Luke 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 23 →
1
Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui, si woyɔna be Paska la gogo.
2
Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ dukɔ la vɔ̃m eya ta wonɔ ayemɔnu si dzi woato awu Yesu la dim.
3
Abosam ge ɖe Yuda, si woyɔna be Iskariot, nusrɔ̃la wui eveawo dometɔ ɖeka me.
4
Ale wòyi ɖaƒo nu kple nunɔlagãwo kple mawuxɔdzikpɔlawo le ale si wòadee asi na wo la ŋuti.
5
Dzi dzɔ wo, eye wodo ŋugbe nɛ be yewoana gae.
6
Yuda lɔ̃ ɖe edzi, eye wònɔ mɔnu dim be yeade Yesu asi na wo le ameha la ƒe manyamanya me.
7
Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ɖuɣi ƒe ŋkeke si dzi wòle be woawu Paskalẽvi la le la va ɖo.
8
Ale Yesu dɔ Petro kple Yohanes ɖa be: “Miyi ɖawɔ Ŋutitotonuɖuɖu la ne míaɖu.”
9
Wobia be: “Afi ka nèdi be míadzrae ɖo le?”
10
Eɖo eŋu na wo be: “Ne miege ɖe dua me la, ame aɖe, si tsɔ tɔmedeze la ava do go mi. Mikplɔe ɖo yi ɖe aƒe si me wòage ɖo la me.
11
Migblɔ na aƒea tɔ be: ‘Nufiala be míabia wò be: Afi ka amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu ŋutitotonu la le?’
12
Afia xɔ gã aɖe mi le dziƒoxɔ dzi, si me xɔmenuwo le. Midzra afi ma ɖo.”
13
Esi woyi la, wokpɔ nuawo, abe ale si Yesu gblɔe na wo ene la tututu, eye wodzra ɖo na Ŋutitotonuɖuɖu la.
14
Esi ɣeyiɣia de la, Yesu bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti kple amedɔdɔawo.
15
Egblɔ na wo be: “Medi vevie ŋutɔ be maɖu Ŋutitotonuɖuɖu sia kpli mi hafi makpe fu,
16
elabe mele egblɔm na mi be nyemegale eɖu ge akpɔ o, va se ɖe esime Mawu ƒe fiaɖuɖu la nava.”
17
Azɔ Yesu tsɔ wainkplu, eye esi wòda akpe la, egblɔ be: “Mixɔ esia ne miamae ɖe mia nɔewo dome.
18
Mele egblɔm na mi be tso azɔ heyina la, nyemegale waintsetse me tsi no ge akpɔ o, va se ɖe esime Mawu ƒe fiaɖuɖu la nava.”
19
Azɔ etsɔ abolo, eye esi wòda akpe la, eŋe eme tsɔ na wo hegblɔ be: “ Esia nye nye ŋutilã. Wotsɔe na ɖe mia ta. Miwɔ esia miatsɔ aɖo ŋku dzinye.”
20
Nenema ke wòtsɔ kplu la na wo le nuɖuɖua megbe gblɔ be: “Kplu sia nye nubabla yeye si dzi wotsɔ nye ʋu si wokɔ ɖi le mia ta la ɖo kpee.
21
“Ke mikpɔ ɖa, ame si le deyem asi la ƒe asi le agba me dem kplim.
22
Amegbetɔ Vi la le yiyim abe ale si woɖo ɖi nɛ la ene, gake baba na ame si dzi woato adee asi la!”
23
Ke nusrɔ̃laawo de asi wo nɔewo biabia se me be yewo dometɔ ka gɔ̃e le nu sia wɔ ge mahã.
24
Ʋiʋli hã ɖo nusrɔ̃laawo dome be yewo dometɔ kae nye ame vevitɔ mahã.
25
Ke Yesu gblɔ na wo be: “Ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woyɔa ame siwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la be amenuvelawo.
26
Gake miawo la, neganɔ nenema le mia dome o. Ame si nye ame vevitɔ le mia dome la, nezu abe suetɔ boŋ ene, eye ame si nye kplɔla la, nezu abe subɔla ene.
27
Evɔ la, ame kae nye ame vevitɔ wu? Kplɔ̃ŋunɔla lae loo, alo kplɔ̃subɔla la yea? Ɖe menye ame si bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti lae oa? Ke nye la, mele mia dome abe subɔla ene.
28
“Mienɔ gbɔnye le nye tetekpɔwo katã me,
29
eye abe ale si Tɔ́nye ɖoe ɖi be mava ɖu fiae ene la, nye hã meɖoe ɖi na mi
30
be miaɖu nu, ano nu le nye kplɔ̃ ŋuti le nye fiaɖuƒe la me. Miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel-to wui eveawo.”
31
“Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana di be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa lu ene.
32
Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse nu nagatsi o; ke wò la, ne ètrɔ gbɔ va la, do ŋusẽ nɔviwòwo.”
33
Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mele klalo ayi ɖe gaxɔ me, alo aku gɔ̃ hã kpli wò.”
34
Yesu xɔ edzi be: “Petro, mele egblɔm na wò be koklo mele atɔ ku ge egbea hafi nàsẽ nu zi etɔ̃ be yemenyam o.”
35
Azɔ Yesu bia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esi medɔ mi, eye gakotoku, mɔzɔkotoku kple afɔkpa menɔ mia si o la, ɖe nane hiã mia? Woɖo eŋu be: “Naneke mehiã mí o.”
36
Egblɔ na wo be: “Ke azɔ la, ame si si gakotoku le la, netsɔe. Nenema ke mitsɔ mɔzɔkotoku hã, eye ne yi mele ame aɖe si o la, nedzra eƒe awu ne wòaƒlee.
37
Elabe mele egblɔm na mi be ele be mawunya si woŋlɔ ɖi le ŋutinye be, ‘Wobui ɖe vɔ̃wɔlawo dome’ la nava eme to dzinye. Elabe nu si woŋlɔ ɖi le ŋutinye lae le eme vam.”
38
Nusrɔ̃laawo gblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa, yi eve le afii!” Yesu gblɔ na wo be: “Enyo.”
39
Yesu do go azɔ yi ɖe Amito la dzi, abe ale si wòwɔnɛ ene, eye nusrɔ̃laawo hã le eŋuti.
40
Esi wòɖo teƒea la, egblɔ na wo be: “Mido gbe ɖa, bene miagage ɖe tetekpɔ me o.”
41
Emegbe la, edzo le wo gbɔ yi ŋgɔ vie, eye wòdze klo do gbe ɖa gblɔ be:
42
“Tɔ́nye, ne èlɔ̃ la, ɖe fukpekpekplu sia ɖa le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu neva eme.” [
43
Mawudɔla aɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hedo ŋusẽe.
44
Exa nu, eye wòʋli vevie ŋutɔ. Egado gbe ɖa kple moveviɖoɖo wu, eye eƒe fifia zu abe ʋukɔwo ene le gegem ɖe anyigba.]
45
Esi wòdo gbe ɖa vɔ hetsi tsitre la, eva nusrɔ̃laawo gbɔ, eye wòkpɔ wo le alɔ̃ me, elabe nuxaxa na wogbɔdzɔ.
46
Egblɔ na wo be: “Nu ka ta miele alɔ̃ dɔm? Mifɔ miado gbe ɖa bene miagadze tetekpɔ me o.”
47
Esi Yesu gale nu ƒom la, ameha aɖe va do. Ame wui eveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda la le ŋgɔ na wo. Yuda te ɖe Yesu ŋu be yeagbugbɔ nu nɛ.
48
Ke Yesu biae be: “Yuda, nugbugbɔ nètsɔ le Amegbetɔ Vi la dem asia?”
49
Esi nusrɔ̃la siwo le Yesu ŋu la kpɔ nu si le dzɔdzɔ ge la, wobiae be: “Aƒetɔ, mída yia?”
50
Tete wo dometɔ ɖeka da yi nunɔlagã la ƒe dɔla hekpa eƒe ɖusime to.
51
Yesu gblɔ be: “Dzudzɔ nu ma! Mina mɔ wo!” Yesu ka asi dɔla la ƒe to ŋu, eye wòda gbe le eŋu.
52
Azɔ Yesu gblɔ na nunɔlagãwo, mawuxɔdzikpɔlawo kple amegã siwo va be yewoalée la be: “Kpo kple yie mietsɔ do ɖe dzinye abe adzodala menye enea?
53
Gbe sia gbe menɔ mawuxɔ la me kpli mi, gake miebe yewoalém o. Ke miaƒe ɣeyiɣi kple vivitimeŋusẽe nye esia.”
54
Wolé Yesu, eye wokplɔe yi ɖe nunɔlagã la ƒeme. Petro kplɔ wo ɖo, le megbe ʋĩi.
55
Wodo dzo ɖe xɔxɔnu, eye wobɔbɔ nɔ egbɔ. Petro nɔ anyi ɖe wo dome.
56
Nyɔnudɔla aɖe kpɔe le anyinɔƒe le dzoa ƒe keklẽ me. Ekpɔe dũu gblɔ be: “Ame sia hã nɔ egbɔ.”
57
Ke Petro sẽ nu gblɔ be: “Nyɔnu, nyemenyae o!”
58
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame bubu aɖe kpɔ Petro, eye wògblɔ be: “Wò hã, wo dometɔ ɖeka nènye!” Ke Petro be: “Ŋutsu, menye nyee o!”
59
Anɔ abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu aɖe va te gbe ɖe edzi gblɔ be: “Nyateƒee, ame sia hã nɔ egbɔ elabe Galileatɔ wònye!”
60
Ke Petro ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, ŋutsu, nyemenya naneke le nya ma ŋu o!” Petro mekpɔ ɖe nu le nya la me hafi koklo ku atɔ o.
61
Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Tete Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya si wògblɔ nɛ la dzi be: “Hafi koklo naku atɔ egbe la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃.”
62
Petro do yi xexe, eye wòfa avi vevie.
63
Ame siwo si me Yesu le la, ɖu fewu le eŋuti, eye woƒoe.
64
Wobla mo nɛ hebiae be: “Ame kae ƒo wò, yɔe na mí!”
65
Wodzui, gblɔ nya baɖa geɖewo ɖe eŋu.
66
Esi ŋu ke la, dumegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe takpekpe la me hegblɔ nɛ be:
67
“Nenye wòe nye Kristo la la, gblɔe na mí.” Yesu gblɔ na wo be: “Ne megblɔe na mi hã la, miele exɔ ge ase o,
68
eye ne mebia nya mi hã la, miele eŋu ɖo ge nam o.
69
Gake tso esia dzi heyina la, Amegbetɔ Vi la anɔ anyi ɖe Mawu Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime!”
70
Wo katã wogblɔ be: “Ekema wòe nye Mawu Vi laa?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miawoe le egblɔm be nyee!”
71
Wogblɔ azɔ be: “Ɖasefo aɖe gahiã mí fifiaa? Míawo ŋutɔ míesee tso eƒe nu me!”
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24