bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 5
Luke 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
1
Gbe ɖeka Yesu tsi tsitre ɖe Genezarete-ta la to, eye ameha la te ɖe eŋu kplíkplikpli be yewoase mawunya.
2
Ekpɔ tɔdziʋu eve le ta la to. Ɖɔkplɔlawo ɖi go le wo me le woƒe ɖɔwo kpalam.
3
Yesu ge ɖe ʋua ɖeka, si nye Simon tɔ la me, eye wòbia tso esi be wòaku ye ate ɖa tso go ŋui ʋɛ. Yesu bɔbɔ nɔ tɔdziʋua me, eye wòfia nu ameha la.
4
Esi wòƒo nu vɔ la, egblɔ na Simon be: “Miku ʋua yi tɔƒo ne miaɖi ɖɔ aɖe lã.”
5
Simon ɖo eŋu na Yesu be: “Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye míeɖe naneke o; gake maɖi ɖɔ la, le wò nya nu.”
6
Esi woɖi ɖɔa la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔawo de asi dzedze me.
7
Ale womia asi wo tɔ siwo le ʋu kemɛa me la, be woava kpe ɖe yewo ŋu. Wova, eye woɖe lãawo de ʋu eveawo me. Ʋuawo yɔ ale gbegbe be wode asi toyiyi me.
8
Esi Simon Petro kpɔ esia la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye elabe nuvɔ̃wɔla menye!”
9
Egblɔ esia elabe kuvia ɖo eya kple ame siwo katã le afi ma la, le lã gbogbo si woɖe la ta.
10
Nenema ke ewɔ nuku na Yakobo kple Yohanes, Zebedeo vi, siwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo hã. Ke Yesu gblɔ na Simon be: “Mègavɔ̃ o. Tso esia dzi heyina la, amegbetɔwo ɖe ge nàla!”
11
Esi woku woƒe ʋuawo va ɖi go la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.
12
Gbe ɖeka esi Yesu le du aɖe me la, ŋutsu aɖe si le kpodɔ vɔ̃ɖi aɖe lém la kpɔe. Esi wòkpɔ Yesu la, edze klo, tsyɔ mo anyi, eye wòɖe kuku nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”
13
Yesu do asi ɖa, ka asi ŋutsua ŋu, eye wògblɔ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Enumake dɔléle la vɔ nɛ.
14
Yesu de se nɛ gblɔ be: “Mègagblɔe na ame aɖeke o. Heyi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye nàna wò nunana abe ale si Mose bia la ene, atsɔ afia amewo be ŋutiwò kɔ.”
15
Ke Yesu ƒe ŋkɔ ɖi hoo ɖe edzi wu, eye ameha geɖewo va ƒoa ƒu be yewoase eƒe nya, eye be wòada gbe le yewo ŋu.
16
Ke Yesu dzona le ame dome yia gbedzi ɖadoa gbe ɖa.
17
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔ kple agbalẽfiala siwo tso du geɖe me le Galilea kple Yudea kpakple Yerusalem la va afi ma. Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ Yesu me be wòada gbe le amewo ŋu.
18
Tete ŋutsu aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi vɛ, eye wodi be yewoage ɖe teƒe si Yesu le la, atsɔ ame la aɖo eŋkume.
19
Le ameha la ta, womete ŋu ge ɖe xɔa me o. Eya ta wolia xɔa ta, ɖe mɔ to xɔgbakpeawo dome, heɖiɖi amea kple eƒe aba ɖe Yesu gbɔ le ameawo dome.
20
Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ be: “Xɔ̃nye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!”
21
Tete agbalẽfialawo kple Farisitɔwo de asi wo nɔewo biabia me be: “Ame kae nye esi le busunya sia gblɔm? Ame aɖeke mate ŋu atsɔ nuvɔ̃ ake o, negbe Mawu ko!”
22
Esi Yesu kpɔ dze sii be wole nya siawo biam wo nɔewo la, ebia wo be: “Nu ka ta miele ɖi kem le miaƒe susu me?
23
Nya siawo dometɔ ka gbɔgblɔe le bɔbɔe wu: ‘Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò’ loo, alo ‘Tsi tre nàzɔ azɔli?’
24
Be mianya be ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si le anyigba dzi be wòatsɔ nuvɔ̃ ake ta la,” egblɔ na lãmetututɔ la be: “Mebe tsi tsitre, ŋlɔ wò aba, ne nàyi aƒeme!”
25
Enumake ŋutsua tsi tsitre le wo ŋkume, kɔ nu si dzi wòmlɔ la, eye wòdzo yi aƒeme, hele Mawu kafum.
26
Kuvia kple vɔvɔ̃ ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ be: “Nu siwo míekpɔ egbe wɔ nuku loo!”
27
Le nu siawo megbe la, Yesu do go, eye wòkpɔ nudzɔla aɖe si ŋkɔe nye Levi, wòbɔbɔ nɔ asidzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”
28
Tete Levi gblẽ nu sia nu ɖi, eye wòtso dze eyome.
29
Levi ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Yesu le eƒeme. Nudzɔlawo kple ame bubuwo ƒe ha gã aɖe nɔ kplɔ̃ ŋuti kpli wo.
30
Ale Farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo lĩ liʋiliʋĩ hebia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka tae mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo?”
31
Ke Yesu ɖo eŋu na wo be: “Lãmesesẽtɔwo mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe.
32
Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o; nuvɔ̃wɔlawo boŋ yɔ ge meva bene woatrɔ dzime.”
33
Ame aɖewo gblɔ na Yesu be: “Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna edziedzi, hedoa gbe ɖa. Farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo hã wɔna nenema ke. Ke wò nusrɔ̃lawo ya ɖua nu, eye wonoa nu ɖaa.”
34
Yesu bia wo be: “Ɖe miate ŋu ana ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔa?
35
Ɣeyiɣi li gbɔna, si me woaɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ɖa le wo gbɔ. Ɣe ma ɣi la, woatsi nu adɔ.”
36
Yesu do lo aɖe hã na wo be: “Ame aɖeke medzea eƒe awu yeye be yeatsɔ aka awu xoxoe o. Ne ewɔe la, avuvu awu yeye la. Gawu la, awu yeye kakɛ la masɔ kple awu xoxo la o.
37
Nenema ke ame aɖeke metsɔa wain yeye dea lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne ewɔe la, wain yeye la awó lãgbalẽgoloa, aha la ŋutɔ aƒu gbe, eye lãgbalẽgoloa hã agblẽ.
38
Eya ta ele be woatsɔ wain yeye ade lãgbalẽgolo yeye me.
39
Gawu la, ame aɖeke menoa wain xoxo vɔ, gadia yeyea o; elabe egblɔna be, ‘Xoxoa nyo wu.’ ”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24