bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 2
Luke 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 3 →
1
Le ŋkeke mawo me la, Roma Fiagã Augusto ɖe gbe be woaxlẽ ame siwo katã le xexea me, aŋlɔ woƒe agbɔsɔsɔ ɖi.
2
Wowɔ amexexlẽ gbãtɔ sia, esime Kirenio nye mɔ́mefia le Siria.
3
Ame sia ame yi wo de be woaxlẽ ye aŋlɔ ɖi.
4
Ale Yosef hã tso le Nazarete-dua me le Galilea, yi Yudea, ɖe David ƒe du si woyɔna be Betlehem la me. Yosef yi afi ma, elabe David ƒe dzidzimevi wònye.
5
Eya kple Maria, eƒe ŋugbetɔ si nye funɔ lae yi be woaxlẽ yewo.
6
Esi wole afi ma la, Maria ƒe vidziɣi ɖo.
7
Edzi ŋutsuvi si nye eƒe ŋgɔgbevi. Exatsa avɔ ɖe eŋu hetsɔe mlɔ afi si wodaa lãwo ƒe nuɖuɖu ɖo la, elabe womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe la o.
8
Alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le nuto ma me le zã me nɔ woƒe alẽha ŋuti dzɔm.
9
Aƒetɔ la ƒe dɔla do ɖe wo dzi, eye Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo. Wovɔ̃ ŋutɔ.
10
Ke mawudɔla la gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o! Mikpɔ ɖa, mele gbeƒã ɖem dzidzɔnya gã aɖe na miawo kple amewo katã.
11
Wodzi Xɔla si nye Kristo Aƒetɔ la na mi le David-dua me egbe.
12
Nu si anye dzesi na mie nye be miakpɔ vidzĩ si ŋu woxatsa avɔ ɖo, wòmlɔ afi si wodaa lãwo ƒe nuɖuɖu ɖo la.”
13
Enumake dziƒoʋakɔ gã aɖe va kpe ɖe mawudɔla la ŋuti le Mawu kafum le gbɔgblɔm be:
14
“Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo! Ŋutifafa neva ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le le anyigba dzi la dome.”
15
Esi mawudɔlaawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlaawo gblɔ na wo nɔewo be: “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nu sia, si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.”
16
Ale woɖe abla yi, eye woɖakpɔ Maria, Yosef kple vidzĩ, si mlɔ lãwo ƒe nuɖuɖudaɖoƒe la.
17
Esi wokpɔe la, woƒo nu le nya si wogblɔ na wo tso ɖevia ŋuti la na amewo.
18
Ame siwo katã se alẽkplɔlaawo ƒe nyaa la ƒe mo wɔ yaa.
19
Maria lé nya siawo katã ɖe tame henɔ wo ŋuti bum.
20
Alẽkplɔlawo trɔ dzo, eye wonɔ Mawu ƒe ŋkɔ dom ɖe dzi, nɔ ekafum elabe wokpɔ nu si wose tso mawudɔlawo gbɔ la wòle eme tututu.
21
Esi ŋkeke enyia de be woatso aʋa na ɖevia la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu. Ŋkɔ siae mawudɔla yɔ da ɖi be woatsɔ nɛ, hafi wofɔ eƒe fu.
22
Esi ɣeyiɣi si wòle be woakɔ wo ŋuti le Mose ƒe sea nu la ɖo edzi la, wotsɔ Yesu yi ɖe Yerusalem be yewoatsɔe aɖo Aƒetɔ la ŋkume.
23
Woŋlɔe ɖi le Aƒetɔ la ƒe sea me be: “Atsu sia atsu si ʋu dɔ nu la woaɖoe ɖi wòanye nu kɔkɔe na Aƒetɔ la.”
24
Ale woyi Yerusalem be yewoasa vɔ, abe ale si Aƒetɔ la ƒe sea bia ene. Akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve wotsɔna saa vɔ siae.
25
Ŋutsu aɖe nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me. Eŋkɔe nye Simeon. Enye ame dzɔdzɔe si subɔa Mawu ŋutɔ. Ame sia nɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu afa akɔ na Israel la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le eyama dzi.
26
Eɖee fiae be maku o, va se ɖe esime wòakpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo la.
27
Gbɔgbɔ la na wòva ge ɖe mawuxɔa me. Esi Yesu dzilawo va ɖo kple ɖevia, bene yewoawɔ kɔnua nɛ le sea nu la,
28
Simeon xɔe ɖe eƒe abɔwo dome hekafu Mawu gblɔ be:
29
“Aƒetɔ, do mɔ nye, wò dɔla azɔ, ne madzo le ŋutifafa me, elabe èwɔ wò ŋugbedodo la dzi nam.
30
Nye ŋutɔ mekpɔ wò xɔxɔ,
31
si nèdzra ɖo na dukɔwo katã la kple nye ŋku.
32
Xɔxɔ sia nye kekeli si ɖe wò lɔlɔ̃nu fia ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòhe ŋutikɔkɔe vɛ na wò dukɔ Israel.”
33
Nya siwo Simeon gblɔ le ɖevia ŋuti la wɔ mo yaa na tɔ́a kple nɔa.
34
Simeon yra wo, eye wògblɔ na nɔa, Maria be: “Kpɔ ɖa, woɖoe ɖi be, to ɖevi sia dzi la, ame geɖe adze anyi, eye ame geɖe hã afɔ ɖe tsitre le Israel. Wogaɖoe ɖi hã be anye dzesi, si ŋu amewo aƒo nu atsi tre ɖo,
35
bene ame geɖewo ƒe dzimesusu nadze. Wò hã la, vevesese aƒo ɖe wò dzi, abe adekpui ɖaɖɛ ene.”
36
Nyɔnu aɖe, si nye Mawu ƒe gbeƒãɖela la hã nɔ anyi. Eŋkɔe nye Hana, eye wònye Fanuel vinyɔnu tso Aser ƒomea me. Eya kple srɔ̃a wonɔ agbe ƒe adrẽ le srɔ̃ɖeɖe vɔ megbe.
37
Emegbe la, ezu ahosi va se ɖe esime wòtsi xɔ ƒe bla enyi vɔ ene. Mawuxɔa me ko wònɔna. Esubɔa Mawu, eye wòtsia nu dɔna, hedoa gbe ɖa zã kple keli.
38
Eya hã va ɖo le gaƒoƒo ma ke dzi, eye wòda akpe na Mawu heƒo nu tso ɖevia ŋuti na ame siwo le mɔkpɔkpɔ me be Mawu aɖe Yerusalem la.
39
Esi Yosef kple Maria wɔ nu sia nu ɖe Aƒetɔ la ƒe sea nu vɔ la, wotrɔ yi woawo ŋutɔ ƒe du, Nazaret si le Galilea-nyigba dzi la me.
40
Yesu, ɖevi la tsi ɖe edzi, eye wòkpɔ ŋusẽ. Eyɔ fũu kple nunya, eye Mawu ƒe amenuveve nɔ edzi.
41
Azɔ Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒè sia ƒè ɖaɖua Pasla la.
42
Esi Yesu xɔ ƒè wui eve la, eya hã yi Yerusalem kple edzilawo le ŋkekenyuia ƒe kɔa nu.
43
Esi woɖu ŋkekenyuia vɔ la, Yesu dzilawo trɔ ɖo ta aƒe, ke Yesu ya tsi Yerusalem, woawo menya o.
44
Wobu be ele ameha la dome, eya ta wozɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ, dii le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome.
45
Ke esi womekpɔe o la, wogbugbɔ yi Yerusalem nɔ edim.
46
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova ke ɖe eŋu le mawuxɔa me. Ebɔbɔ nɔ nufialawo dome, nɔ to ɖom, eye wònɔ nya biam wo.
47
Ame siwo katã se eƒe nyawo la ƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple nyaŋuɖoɖo ŋu.
48
Esi Yesu dzilawo kpɔe la, wotsi yaa. Nɔa biae be: “Vinye, nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋuti ale? Kpɔ ɖa, nye kple tɔ́wò míetsi dzi di wò ʋuu kple ŋkubiã.”
49
Yesu gblɔ na wo be: “Ale ke wɔ miedim? Ɖe mienya be ele nam be manɔ Tɔ́nye ƒeme oa?”
50
Ke edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o.
51
Yesu gbɔ va Nazaret kple edzilawo, eye wòɖo to wo. Nɔa lé nya siawo katã ɖe tame.
52
Yesu tsi ɖe edzi. Eƒe nunya hã dzi ɖe edzi, eye Mawu kple amewo siaa kpɔ ŋudzedze le eŋu.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24