bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 3
Luke 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 4 →
1
Le Roma Fiagã Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui atɔ̃lia me la, Pontio Pilato nɔ mɔ́mefia ɖum le Yudea-nyigba dzi. Ɣe ma ɣi la, Herodes nye dziɖula le Galilea; nɔvia Filipo nye dziɖula le Iturea kple Traxoniti nyigbawo dzi, eye Lisania nye dziɖula le Abilene.
2
Hana kple Kayafa nye nunɔlagãwo. Ƒe sia mee Mawu ƒe gbedeasi va na Yohanes, Zaxarya vi, le gbedadaƒo.
3
Etsa to Yordan-tɔsisia ƒe nutowo katã me hele gbeƒã ɖem be amewo natrɔ dzime, ne woale mawutsi na wo, ale be Mawu natsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo.
4
Woŋlɔ ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe agbalẽ me be: “Ame aɖe le ɣli dom le gbedadaƒo. Ebe, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔa ɖo! Midzɔ eƒe afɔmɔwo.
5
Woaku nu axe ʋe sia ʋe, eye woagbã to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi. Woadzɔ afi siwo glɔ̃ la, eye woawɔ teƒe tsakliwo woazrɔ̃.
6
Amegbetɔƒome blibo la lakpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la!’ ”
7
Amehawo ƒo zi va Yohanes gbɔ be wòale mawutsi na yewo. Egblɔ na wo be: “Mi da ƒe dzidzimeviwo, ame kae ɖo aɖaŋu na mi be miasí le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu?
8
Azɔ la, miwɔ nu si fia be mietrɔ dzime tso miaƒe nuvɔ̃wo me. Miganɔ gbɔgblɔm na mia ɖokui be Abraham ye nye yewo tɔ́ o, elabe mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham.
9
Fifi gɔ̃ hã la, wotsɔ fía ɖo atiwo ƒe ke dzi xoxo. Ati sia ati si metsea ku nyui o la, woatsoe, eye woatsɔe ade dzo me.”
10
Amehawo bia Yohanes be: “Ekema nu ka míawɔ?”
11
Eɖo eŋu na wo be: “Ame si si dziwui eve le la, netsɔ ɖeka na ame si si ɖeke mele o la. Ame si si nuɖuɖu le hã, nemae kple ame si si ɖeke mele o.”
12
Nudzɔlawo hã va be woale mawutsi na yewo. Wobia Yohanes be: “Nufiala, nu ka wòle be míawɔ?”
13
Eɖo eŋu na wo be: “Migadzɔ nu le amewo si ne wòagbɔ nu si woɖo na mi la dzi o.”
14
Asrafowo hã biae be: “Míawo hã ɖe, nu ka wòle be míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Migado ŋɔdzi na ame aɖeke axɔ nu le esi sesẽtɔe o. Migatso ame aɖeke nu alakpatɔe o, eye mina miaƒe fetu nadze mia ŋu!”
15
Azɔ esi dukɔa nɔ mɔ kpɔm na Kristo la, eye ame geɖewo bu be ɖewohĩ Yohanes ye nye Kristo la ta la,
16
Yohanes ʋu eme na wo katã gblɔ be: “Nye la, tsie metsɔ le mawutsi lem na mi, ke ame si tri akɔ wum la gbɔna. Nyemedze atu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o. Eya latsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe kple dzo ale mawutsi na mi.
17
Elé lugbɔnu ɖe asi, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, aƒo lua ƒu, alɔ ɖe eƒe ava me. Ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo matsimatsi.”
18
Yohanes tsɔ nuxlɔ̃amenya bubu geɖewo ɖe gbeƒã Nyanyui la na amewo.
19
Eka mo na dziɖula Herodes, elabe exɔ nɔvia srɔ̃, Herodia, ɖe, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi bubu geɖewo hã.
20
Nu vɔ̃ɖi si Herodes gawɔ si ƒo wo katã ta lae nye be, elé Yohanes de gaxɔ me.
21
Azɔ esi Yohanes le mawutsi na amewo katã, eye wòlee na Yesu hã vɔ la, Yesu nɔ gbe dom ɖa. Tete dziƒo nu ʋu,
22
eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le ahɔnɛ ƒe nɔnɔme me ɖi ɖe Yesu dzi. Gbe ɖi tso dziƒo be: “Wòe nye vinye lɔlɔ̃a; mekpɔ ŋudzedze le ŋuwò.”
23
Esi Yesu dze eƒe dɔ gɔme la, exɔ abe ƒe bla etɔ̃ ene, eye wònye Yosef vi le amewo ƒe susu nu. Yosef nye Eli vi.
24
Eli nye Mata vi, Mata nye Levi vi; Levi nye Melxi vi, Melxi nye Yona vi, eye Yona nye Yosef vi.
25
Yosef nye Matatia vi, Matatia nye Amos vi; Amos nye Nahum vi, Nahum nye Esli vi, eye Esli nye Nagae vi.
26
Nagae nye Mahat vi, Mahat nye Matatia vi, Matatia nye Semei vi, Semei nye Yosef vi, eye Yosef nye Yuda vi.
27
Yuda nye Yohanan vi, Yohanan nye Resa vi, Resa nye Zerubabel vi, Zerubabel nye Sealtiel vi, eye Sealtiel nye Neri vi.
28
Neri nye Melxi vi, Melxi nye Adi vi, Adi nye Kosam vi, Kosam nye Elmadam vi, eye Elmadam nye Er vi.
29
Er nye Yosua vi, Yosua nye Eliezer vi, Eliezer nye Yorim vi, Yorim nye Matat vi, eye Matat nye Levi vi.
30
Levi nye Simeon vi, eye Simeon nye Yuda vi. Yuda nye Yosef vi, Yosef nye Yonam vi, eye Yonam nye Eliakim vi.
31
Eliakim nye Melea vi, Melea nye Mena vi, Mena nye Matata vi, Matata nye Natan vi, eye Natan nye David vi.
32
David nye Isai vi, Isai nye Obed vi, Obed nye Boaz vi, Boaz nye Salmon vi, eye Salmon nye Naheson vi.
33
Naheson nye Aminadab vi, Aminadab nye Admin vi, Admin nye Arni vi, Arni nye Ezron vi, eye Ezron nye Perez vi.
34
Perez nye Yuda vi, Yuda nye Yakob vi, Yakob nye Isak vi, Isak nye Abraham vi, eye Abraham nye Tara vi.
35
Tara nye Nahor vi, Nahor nye Serug vi, Serug nye Regu vi, Regu nye Pelek vi, eye Pelek nye Eber vi.
36
Eber nye Sala vi, Sala nye Kainan vi, Kainan nye Arfaksad vi, Arfaksad nye Sem vi, eye Sem nye Noa vi.
37
Noa nye Lamex vi, Lamex nye Metusala vi, Metusala nye Enox vi, Enox nye Yared vi, eye Yared nye Mahalaleel vi.
38
Mahalaleel nye Kainan vi, Kainan nye Enos vi, Enos nye Set vi, Set nye Adam vi, eye Adam nye Mawu vi.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24