bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 10
Luke 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 11 →
1
Nu siawo megbe la, Aƒetɔ la tɔ asi ame bla adrẽ vɔ eve bubuwo dzi, eye wòdɔ wo eveveve, do ŋgɔ ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ gbɔna toto ge la me.
2
Egblɔ na wo be: “Nu si ŋe ge woala la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo mesɔ gbɔ o, eya ta miɖe kuku na Aƒetɔ la be wòaɖo nuŋelawo ɖe eƒe agblea me.
3
Miheyi. Mele mia dɔm abe alẽviwo ene ɖo ɖe amegãxiwo dome.
4
Migatsɔ gakotoku loo, alo nubiakotoku alo afɔkpa ɖe asi o, eye migado gbe na ame aɖeke le mɔ dzi o.
5
Aƒe sia aƒe si me miege ɖo la, gbã la, mido gbe na wo be: ‘Ŋutifafa nenɔ aƒe sia me.’
6
Ne ŋutifafame aɖe le aƒea me la, miaƒe ŋutifafa anɔ eyama dzi; ke ne ɖeke meli o la, miaƒe ŋutifafa la agbugbɔ va na mi.
7
Minɔ aƒe ma ke ko me. Miɖu nu si wowɔ, eye mino nu si wona mi la, elabe dɔwɔlae woxea fetu na. Migadzo le aƒe ɖeka me yi bubu me o.
8
Du ɖe sia ɖe si me woxɔ mi le la, miɖu nu si woana mi,
9
eye mida gbe le dɔnɔ siwo le dua me la ŋu. Miɖe gbeƒã be, ‘Mawu ƒe fiaɖuɖu la gogo mi!’
10
Ke ne mieyi ɖe du aɖe me, eye dua me tɔwo mexɔ mi o la, mido go ɖe dua ƒe ablɔ dzi ne miagblɔ na wo be,
11
‘Miaƒe dumeké kekeake si lé ɖe afɔ ŋuti na mí hã la, míeʋuʋui kɔ ɖi na mi.’ Gake minya esia be Mawu ƒe fiaɖuɖu la ɖo vɔ.
12
Mele egblɔm na mi be abɔbɔ na Sodom gbe ma gbe, wu ale si wòanɔ na nenem du ma.”
13
“Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida hã! Elabe nenye Tiro kple Sidon duwo mee nukunu siwo va eme le mia dome la dzɔ le la, anye ne woata akpanya, asi afi xoxoxo atsɔ afia be yewotrɔ dzime.
14
Ke woakpɔ nublanui na Tiro kple Sidon duwo le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me wu miawo.
15
Azɔ wò Kapernaum hã, ɖe nèbuna be wodo ye ɖe dzi bubutɔea? Woate wò ɖe to yi ɖe anyigba gɔme le tsiẽƒe ke!”
16
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame si ɖo to mi la, nyee wòɖo toe, eye ame si gbe mi la, nyee wògbe; ke ame si gbem la, ame si dɔm ɖo ɖa lae wògbe.”
17
Ame bla adrẽ vɔ eveawo gbugbɔ va kple dzidzɔ gã, eye wogblɔ be: “Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã naa ta, ne míeyɔ wò ŋkɔ.”
18
Yesu gblɔ na wo be: “Mekpɔ Satana abe dzikedzo ene, wòge tso dziƒo.
19
Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be miaɖo afɔ da kple dziɖegbe kpakple futɔ la ƒe ŋusẽ ɖe sia ɖe dzi, eye nu vevi aɖeke mawɔ mi o.
20
Azɔ la, migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔwo ɖo to mi o; ke boŋ mikpɔ dzidzɔ be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒo.”
21
Le gaƒoƒo ma me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do dzidzɔ na Yesu ŋutɔ, eye wògblɔ be: “Tɔ́, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, meda akpe na wò be nèɖe nu siwo le ɣaɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo la fia ɖevi suewo. Ẽ, Tɔ́, elabe nenemae dze ŋuwò.”
22
“Tɔ́nye tsɔ nuwo katã de asi nam. Ame aɖeke menya ame si nye Vi la o, negbe Tɔ́ la ko, eye ame aɖeke menya ame si nye Tɔ́ la hã o, negbe Vi la kple ame si ke Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia la ko.”
23
Azɔ Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe gbɔ hegblɔ na wo dzaa be: “Woyra mi ŋutɔ be miele nu siawo teƒe kpɔm.
24
Le nyateƒe me la, Mawu ƒe gbeƒãɖela kple fia geɖewo di be yewoakpɔ nu si kpɔm miele, gake womekpɔe o. Wodi be yewoase nu si sem miele la, gake womesee o.”
25
Sefiala aɖe tsi tsitre di be yealé Yesu le nya me. Ebia Yesu be: “Nufiala, nu ka mawɔ be manyi agbe mavɔ dome?”
26
Yesu ɖo eŋu nɛ hebia be: “Nu ka se la gblɔ, eye ale ke nèse egɔmee?”
27
Ŋutsua ɖo eŋu be: “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ katã kpakple wò susu katã, eye nàlɔ̃ hawòvi, abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene.”
28
Yesu gblɔ nɛ be: “Eɖo eŋu nyuie. Wɔ nu siawo, ekema anɔ agbe.”
29
Ke sefiala la di be yeafia be yeƒe biabia la le eteƒe, eya ta ebia Yesu be: “Ame kae nye hanyevi?”
30
Yesu gblɔ nɛ be: “Gbe ɖeka la, ŋutsu aɖe ɖi abu tso Yerusalem yina ɖe Yerixo, eye wòge ɖe adzodalawo si me. Wovuvu awu le eŋu, ƒoe wòku afã kple afã, eye wogblẽe ɖi hedzo.
31
Eva va eme be nunɔla aɖe va to mɔ ma ke dzi yina. Esi wòkpɔ ŋutsua la, edze to akpa bubu dzo.
32
Nenema ke nunɔlawo ƒe kpeɖeŋutɔ aɖe hã va ɖo afi ma. Esi wòkpɔ ŋutsua la, eya hã dze to akpa bubu dzo.
33
Ke Samariatɔ aɖe, si le mɔ zɔm la va ke ɖe amea ŋu le mɔƒoa me. Esi wòkpɔe la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ.
34
Ete ɖe eŋuti, kɔ ami kple wain ɖe eƒe abiawo me hebla wo. Emegbe la, ekɔ amea da ɖe eya ŋutɔ ƒe lã si dom wòle la dzi yi amedzrodzeƒe aɖe, eye wòkpɔ edzi.
35
Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ klosaloga eve na amedzrodzeƒea dzikpɔla la hegblɔ nɛ be: ‘Kpɔ dɔnɔa dzi, eye ne ègagblẽ nane ɖe edzi ɖe eta la, ne metrɔ va la, maxee na wò.’ ”
36
Yesu wu enu hebia sefiala la be: “Le wò susu nu ɖe, ame etɔ̃ siawo dometɔ kae va zu ame si ge ɖe adzodalawo si me la havi?”
37
Sefiala la gblɔ be: “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae.” Yesu gblɔ nɛ be: “Wò hã heyi, ne nàwɔ nenema ke.”
38
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ mɔ zɔm gbe ɖeka, eye wova ge ɖe kɔƒe aɖe me. Nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Marta la, xɔe ɖe eƒeme.
39
Nɔvinyɔnu aɖe nɔ Marta si, si ŋkɔe nye Maria. Nyɔnu sia bɔbɔ nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔnu henɔ eƒe nyawo sem.
40
Marta ya tsi dzi ɖe amedzroawo dzi kpɔkpɔ ŋuti, eya ta wòva gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, ènya be nɔvinye gblẽ subɔsubɔdɔ la ɖe nye ɖeka dzinyea? Gblɔe nɛ ne wòava kpe ɖe ŋunye.”
41
Ke Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “O, Marta, ètsi dzi le hloloe tsom le nu geɖe ŋuti loo!
42
Nu ɖeka koe hiã. Maria tia nu nyuitɔ, si ame aɖeke mele xɔxɔ ge le esi o.”
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24