bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 21
Luke 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 22 →
1
Yesu fɔ mo dzi, eye wòkpɔ kesinɔtɔwo wotsɔ woƒe nunanawo le nudzɔɖaka la me dem.
2
Ekpɔ ahosi dahe aɖe hã si tsɔ ga si woɖuna la ƒe suetɔ kekeake ƒe eve pɛ va de eme.
3
Yesu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ahosi dahe sia na nu wu ame sia ame,
4
elabe ame bubuawo katã la, nu gbogbo si le wo si la ƒe ɖe koe wova dzɔ. Ke eya tsɔ nu si katã dzi wòanɔ agbe ɖo la va na.”
5
Ame aɖewo nɔ dze ɖom tso ale si woɖo atsyɔ̃ na mawuxɔ la kple kpe xɔasiwo kpakple nunana nyuiwo la ŋuti.
6
Tete Yesu gblɔ be: “Miele nu siawo kpɔma? Ŋkeke li gbɔna, si me woakaka wo keŋkeŋ; kpeɖoɖo aɖeke matsi bubu dzi le afii o.”
7
Wobiae be: “Nufiala, ɣe ka ɣie nu sia adzɔ? Nu ka anye dzesi be egogo?”
8
Yesu ɖo eŋu be: “Mikpɔ nyuie be womagakplɔ mi atrae o. Ame geɖewo atsɔ nye ŋkɔ ɖe nu ava gblɔ be: ‘Nyee.’ Alo woagblɔ be: ‘Ɣeyiɣi la de vɔ.’ Migadze wo yome o.
9
Ne miese aʋawɔwɔwo kple zitɔtɔwo ŋkɔ la, migavɔ̃ o, elabe edze be nu siawo nadzɔ gbã; gake esiawo mefia be nuwuwu la ava enumake o.”
10
Azɔ eyi edzi gblɔ be: “Dukɔwo lawɔ aʋa kple wo nɔewo, eye fiaɖuƒewo latsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti.
11
Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒewo; dɔ ato, eye dɔ vɔ̃ ava teƒeteƒewo. Ŋɔdzinuwo kple dzesi gãwo lado tso dziƒo.
12
Gake do ŋgɔ na esiawo katã la, asi asu mia dzi, eye woati mia yome. Woakplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo bene woadrɔ̃ ʋɔnu mi, ade mi gaxɔ me. Woahe mi ayi dufiawo kple mɔ́mefiawo gbɔ le tanye.
13
Ke esia ana mɔnukpɔkpɔ mi be miaɖi ɖase.
14
Milée ɖe tame be mehiã be miabu tame le nu si gblɔ ge miala la ŋuti do ŋgɔ o,
15
elabe nye ŋutɔ mana nunya kple aɖe mi, ale be ne mieƒo nu la, nya siwo ado tso mia nu la, ana be ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu, alo atsi tre ɖe mia ŋu o.
16
Mia dzilawo kple mia nɔviŋutsuwo, miaƒe ƒometɔwo kple mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã lade mi asi, eye woawu mia dometɔ aɖewo.
17
Amewo katã alé fu mi le tanye;
18
gake miaƒe taɖa ɖeka hã mabu o.
19
Ne miedo dzi sesĩe la, miatsi agbe.
20
“Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la, ekema minyae be egbãɣi gogo.
21
Mina ame siwo le Yudea la nasí ayi toawo dzi, ame siwo le dua titina la nado adzo, eye migana ame siwo le eƒe agbletawo la, nage ɖe eme o.
22
Elabe hlɔ̃biaɣi ɖo bene woawu nu siwo katã woŋlɔ ɖi la nu.
23
Baba na funɔwo kple ame siwo le no nam wo viwo le ɣe ma ɣi me! Fukpekpe sesẽ ava anyigba dzi, eye tohehe dziŋɔ lava dukɔ sia dzi.
24
Ame aɖewo latsi yi nu, woakplɔ ɖewo ayi aboyo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la atu afɔ Yerusalem dzi, va se ɖe esime woƒe ɣeyiɣi nade.”
25
“Dzesiwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi la, dukɔwo avɔ̃, atɔtɔ, eye woatsi dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze ta.
26
Dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. Amewo avɔ̃, eye woatsi dzimaɖeɖi ʋuu aku ƒenyi le nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe xexea me dzi la ta.
27
Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ alilikpo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.
28
Ne nu siawo le dzɔdzɔm la, ekema mitsi tsitre ne miadzɔ ka; mifɔ ta dzi, elabe miaƒe agbexɔxɔ gogo.”
29
Yesu do lo sia na wo be: “Mikpɔ gboti kple ati bubuwo katã ɖa.
30
Ne wole aŋgba tom ko la, miawo ŋutɔ miekpɔnɛ be dzomeŋɔli gogo.
31
Nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nu siawo wole eme vam la, minyae be Mawu ƒe fiaɖuɖu la gogo.
32
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be dzidzime sia nu mele yiyi ge, hafi nu siawo nava eme o.
33
Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o.”
34
“Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu tsu ɖuɖu, ahamumu kple dzitsitsi ɖe agbe sia me nuwo didi ŋuti nagaxɔ miaƒe susu me o. Ale be ʋɔnudrɔ̃gbe la magalíli mi,
35
abe ale si mɔ́ ɖea nui ene la o; elabe alíli xexemenɔlawo katã.
36
Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa bene miakpɔ ŋusẽ ato nu siwo katã gbɔna dzɔdzɔ ge la me, eye miava do ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume.”
37
Le ŋkeke me la, Yesu fiaa nu le mawuxɔ la me, ke le fiẽ me la, edzona yina ɖatsia Amito la dzi dɔna.
38
Ŋdi kanya la, dukɔ la katã fɔna vaa egbɔ le mawuxɔ la me be yewoase eƒe nyawo.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24