bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 20
Luke 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 21 →
1
Gbe ɖeka Yesu nɔ nu fiam, eye wònɔ gbeƒã ɖem Nyanyui la na amewo le mawuxɔa me. Tete nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo va do.
2
Wobiae be: “Ŋusẽ kae le asiwò be nàwɔ nu siawo, eye ame kae tsɔ nenem ŋusẽ la na wò? Gblɔe na mí.”
3
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi; miɖo eŋu nam azɔ.
4
Yohanes ƒe mawutsilele la ɖe, Mawu gbɔ wòtso loo, alo amegbetɔwo gbɔ wòtsoa?”
5
Wolé nya la kpɔ le wo nɔewo dome gblɔ be: “Ne míegblɔ be, ‘Mawu gbɔ wòtso la,’ abia mí be, ‘Nu ka tae miexɔ edzi se o?’
6
Evɔ ne míegblɔ be, ‘Amegbetɔwo gbɔ wòtso la,’ ɖeko ameawo katã laƒu kpe mí, elabe woka ɖe edzi be Yohanes la, Mawu ƒe gbeƒãɖelae wònye.”
7
Eya ta woɖo eŋu be: “Míenya afi si wòtso o.”
8
Yesu gblɔ na wo be: “Ekema nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ ŋusẽ tsoe hele nu siawo wɔmee la na mi o.”
9
Yesu do lo sia na ameawo be: “Ame aɖe de waingble, eye wòtsɔe de asi na agbledzikpɔlawo hedzo yi dukɔ bubu me ɣeyiɣi didi aɖe.
10
Esi ɣeyiɣia de la, edɔ eƒe subɔla ɖeka ɖo ɖe agbledzikpɔlaawo gbɔ hebia wo be woatsɔ waingblea me kutsetse aɖewo aɖo ɖe ye. Ke agbledzikpɔlaawo ƒo subɔla la, eye wonyàe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
11
Edɔ subɔla bubu ɖa. Woƒo eya hã, do ŋukpee, eye wonyàe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
12
Edɔ subɔla etɔ̃lia hã ɖo ɖa. Wode abi eya ŋu, eye wonyàe do goe le agblea me.
13
Azɔ waingbletɔ la bu tame gblɔ be: ‘Nu ka magawɔ? Maɖo nye ŋutɔ vinye lɔlɔ̃ la ɖa. Ɖewohĩ woabu eya.’
14
Ke esi agbledzikpɔlaawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome be: ‘Ame si gbɔna doa me nyi ge lae nye ekem! Mina míawui, ne domenyinu la nazu mía tɔ.’
15
Ale wotutui do goe le waingble la me, eye wowui.” Yesu yi edzi bia be: “Nu ka waingbletɔa awɔ agbledzikpɔla siawo?
16
Agbɔ va, eye wòatsrɔ̃ agbledzikpɔla mawo, eye wòatsɔ waingble la ade ame bubuwo si.” Esi ameawo see la, wogblɔ be: “Gbeɖe! madzɔ akpɔ o!”
17
Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be: “Ekema nu si woŋlɔ ɖi be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eya kee va zu dzogoedzikpe la’ gɔme ɖe?
18
Ame si ke dze kpe sia dzi la aŋe klíklikli, eye ame si dzi kpe la adze la, agbãe nyányanya.”
19
Agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di be yewoalé Yesu enumake, elabe wonyae be yewo ŋutie wòdo lo sia ɖo, ke wovɔ̃ na ameha la.
20
Eya ta wonɔ mɔnu dim le eŋu. Woda ameflulawo ɖe eŋu le adzame be woase nya aɖe le enu atsɔ alée, akplɔe kple se ahadee asi na mɔ́mefia la ƒe amewo.
21
Ame siawo va Yesu gbɔ, gblɔ nɛ be: “Nufiala, míenya be èƒoa nu hefiaa nu si le eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋkume o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe se la le nyateƒe me.
22
Ele se nu be míadzɔ duga na Roma Fiagã loo, alo mele se nu oa?”
23
Yesu dze si woƒe aye la, eye wògblɔ be:
24
“Mitsɔ klosaloga aɖe vɛ makpɔ.” Esi wotsɔe vɛ la, ebia be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be: “Roma Fiagã la tɔwoe.”
25
Yesu gblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Roma Fiagã la tɔ la na Roma Fiagã la, eye nu siwo nye Mawu tɔ la, mitsɔ wo na Mawu.”
26
Womete ŋu fɔ nya aɖeke le eƒe ŋuɖoɖoa me si woatsɔ alée le ameawo ŋkume o. Ke boŋ eƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo, eye womenya nya si woagagblɔ o.
27
Ame aɖewo tso Zadukitɔ siwo gblɔna be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la, dome
28
va gblɔ be: “Mose ŋlɔ se sia ɖi na mí be, ‘Ne ame aɖe nɔviŋutsu ɖe srɔ̃, eye nyɔnua medzi vi aɖeke nɛ hafi ŋutsua ku o la, eya naɖe nyɔnu la, ale be wòadzi vi ado ƒome ɖi na nɔvia.’
29
Azɔ la, nɔviŋutsu adrẽ nɔ anyi. Gbãtɔ ɖe srɔ̃, ke medzi vi hafi ku o,
30
eye evelia
31
kple etɔ̃lia hã ɖee. Nenema nɔvi adrẽawo katã megblẽ viwo ɖi o, eye woku.
32
Mlɔeba la, nyɔnua hã va ku.
33
Esi wo ame adrẽa katã ɖee kpɔ ɖe, wo dometɔ ka srɔ̃ nyɔnua anye, le ame kukuwo ƒe tsitretsigbe?”
34
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Agbe sia me viwo ɖea srɔ̃, eye wotsɔa nyɔnu hã naa atsu,
35
gake ame siwo dze, atsi tsitre tso ku me, eye woanɔ agbe le ɣeyiɣi si lava va eme la, maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o.
36
Womagate ŋu aku o. Woasɔ kple mawudɔlawo, eye woanye Mawu viwo elabe wotsi tsitre tso ku me.
37
Le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu ya la, Mose ɖo kpe edzi le ŋuve bidzo la ƒe ŋutinya me, esime wòyɔ Aƒetɔ la be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’
38
Esia fia be Mawu menye ame kukuwo ƒe Mawu o, ke boŋ agbagbeawo ƒe Mawue, elabe le Mawu gbɔ la, wo katã wole agbe.”
39
Agbalẽfialawo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Ehɛ̃, nufiala, èƒo nu nyuie ta.”
40
Elabe ame aɖeke megado dzi bia nya aɖekee o.
41
Yesu bia wo be: “Nu ka ta amewo gblɔna be Kristo la nye David vi?
42
Elabe David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be: ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye ɖusime,
43
va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.’
44
Ale ne David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ la, ale ke wɔ Kristo la aganye via?”
45
Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le ameawo katã ŋkume be:
46
“Mikpɔ nyuie le agbalẽfialawo ŋuti. Wolɔ̃a tsaɖiɖi le awu ʋlayawo me, eye wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le asi me. Wolɔ̃a zikpui vevitɔwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple bubunɔƒewo nɔnɔ le nuɖuƒe.
47
Ke woawoe baa ahosiwo hexɔa woƒe aƒewo le wo si. Wowɔa ameŋkumenu henɔa gbe legbewo dom ɖa. Woƒe tohehe asesẽ wu ame sia ame tɔ.”
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24