bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Luke 6
Luke 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 7 →
1
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va to lugble aɖewo me yina le Dzudzɔgbe aɖe. Nusrɔ̃laawo ŋe lua ƒe ɖe, eye wotugui le asiƒome heɖu.
2
Tete Farisitɔwo dometɔ aɖewo bia wo be: “Nu ka ta miele nu si sea meɖe mɔ be woawɔ le Dzudzɔgbe o la wɔm?”
3
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miexlẽ nu si David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo kpɔ oa?
4
Ege ɖe mawuxɔa me hetsɔ vɔsabolo la. Togbɔ be se meɖe mɔ be ame bubu aɖeke naɖui o, negbe nunɔlawo ko hã la, eya ɖui, eye wòtsɔ ɖe na eŋutimewo hã woɖu.”
5
Yesu wu enu kple nya sia be: “Amegbetɔ Vi la kpɔ ŋusẽ ɖe Dzudzɔgbe la dzi.”
6
Eva eme le Dzudzɔgbe bubu be Yesu yi ɖe ƒuƒoƒe ɖafia nu. Ŋutsu aɖe si siti lé ɖusi na la le afi ma.
7
Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo nɔ ŋku lém ɖe Yesu ŋu be ada gbe le Dzudzɔgbe la mahã, ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
8
Yesu dze si woƒe susu, eye wògblɔ na ame si siti lé asi na la be: “Va tsi tsitre ɖe afii.” Etso, eye wòyi ɖatsi tsitre ɖi.
9
Yesu gblɔ na ameawo be: “Mabia mi se. Ele sea nu be le Dzudzɔgbe la, woawɔ nu nyui loo, alo woawɔ nuvɔ̃ɖia? Woɖe mɔ be woaxɔ ame ɖe agbe loo, alo woana wòatsrɔ̃a?”
10
Yesu tsa ŋku le ameawo katã dzi godoo hegblɔ na amea be: “Mlo asi.” Ŋutsua mlo eƒe asi, tete asia ɖɔ ɖo.
11
Ke ameawo dze agbo ŋutɔ, eye wode adaŋu le wo nɔewo dome le nu si woawɔ Yesu ŋuti.
12
Le ŋkeke siawo me la, Yesu yi tonyigba la dzi be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo la.
13
Esi ŋu ke la, eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo vɛ, eye wòtia ame wui eve tso wo dome. Ena ŋkɔwo be amedɔdɔwo.
14
Ameawoe nye: Simon, si wòtsɔ ŋkɔ na be Petro kple nɔvia Andrea, Yakobo kple Yohanes, Filipo kple Bartolomeo,
15
Mateo kple Toma, Yakobo, si nye Alfeo vi kple Simon, si nye Ɖokuisinɔnɔdilawo ƒe habɔbɔmenɔla,
16
Yuda, Yakobo vi kple Yuda Iskariot, ame si va zu yomemɔfiala.
17
Yesu ɖi tso toawo dzi kple eƒe amedɔdɔwo va gbadzaƒe, afi si eƒe nusrɔ̃la bubu geɖewo kple ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖo.
18
Amewo tso Yudea kple Yerusalem, Tiro kple Sidon ƒuta nutowo katã me va be yewoase Yesu ƒe nya, eye be wòada gbe le yewo ŋu. Ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na la hã nɔ wo dome va, eye Yesu da gbe le wo ŋu.
19
Ame sia ame di be yeaka asi Yesu ŋu.
20
Yesu fɔ mo dzi, kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo be: “Woyra mi ame siwo da ahe la, elabe mawufiaɖuƒea nye mia tɔ!
21
Woyra mi ame siwo dɔ le wuwum fifia la, elabe miaɖi ƒo! Woyra mi ame siwo le avi fam fifia la, elabe miako nu!
22
Woyra mi ne amewo lé fu mi, ne woɖe mi le woƒe ha me, ne wodzu mi, eye woƒo nuvɔ̃ le mia ŋu le Amegbetɔ Vi la ta.
23
Mitso aseye, eye miti kpo kple dzidzɔ gbe ma gbe. Fetu sɔgbɔ le dziƒo na mi, elabe alea kee wo tɔgbuiwo wɔ ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã ŋu va yi.
24
Ke mi kesinɔtɔwo, baba na mi, elabe miekpɔ miaƒe dzidzeme xoxo.
25
Mi ame siwo ɖi ƒo fifia, baba na mi, elabe dɔ le mia wu ge. Mi ame siwo le nu kom fifia, baba na mi, elabe miele konyi fa ge, afa avi.
26
Baba na mi, ne amewo katã ƒo nu nyui le mia ŋu, elabe nenema kee wo tɔ́wo kafu aʋatsogbeƒãɖelawoe va yi.”
27
“Ke mele egblɔm na mi ame siwo le nye nya siawo sem la be: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; midi nyui na ame siwo lé mi ɖe ke me.
28
Mibia yayra na ame siwo ƒoa fi dea mi, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo dzua mi la ta.
29
Ame si ƒo to me na wò la, trɔ evelia hã nɛ. Ame si xɔ wò awu ʋlaya le asiwò la, tsɔ wò dziwui hã nɛ.
30
Na nu ame sia ame si bia nu wò, eye ne ame aɖe tsɔ wò nane la, mègabia eta o.
31
Nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu ma ke na woawo hã.
32
“Ne mielɔ̃ ame siwo lɔ̃ mi ɖeɖe ko la, akpe kae li woada na mi? nuvɔ̃wɔlawo hã lɔ̃a ame siwo lɔ̃a wo ɖe.
33
Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa dɔmenyo na mi ɖeɖe ko la, akpe kae li woada na mi? nuvɔ̃wɔlawo gɔ̃ hã wɔna nenema ke ɖe.
34
Ne miedo nu na ame siwo miele mɔ kpɔm na be woava xee ɖe eteƒe na mi la, akpe aɖe li woada na mia? nuvɔ̃wɔlawo gɔ̃ hã doa nu na wo nɔewo bene woaxee ɖe eteƒe na yewo.
35
Ke milɔ̃ miaƒe futɔwo, miwɔ dɔmenyo, mido nu, eye migakpɔ mɔ be woaɖo eteƒe na yewo o, ekema miaƒe fetu alolo, eye Dziƒoʋĩtɔ la awɔ mi viawoe. Elabe eya nyoa dɔme na ame madaakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa.
36
Mizu nublanuikpɔlawo, abe ale si mia Tɔ́ hã nye nublanuikpɔla ene.”
37
“Migadrɔ̃ ʋɔnu ame o, ekema Mawu madrɔ̃ ʋɔnu miawo hã o. Migabu fɔ ame o, ekema Mawu mabu fɔ miawo hã o. Mitsɔ vodada ke, ekema Mawu atsɔ ake miawo hã.
38
Mina nu ame, ekema Mawu hã ana nu mi. Nudzidzenu nyui, si woʋuʋu, hetee, wòyɔ gbagba lae woatsɔ adoe akɔ ɖe nu me na mi. Elabe nudzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee Mawu atsɔ adzidze nui na mi.”
39
Yesu do lo hã na wo be: “Ɖe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo ame eve la mage adze do me oa?
40
Nusrɔ̃vi menyaa nu wua eƒe nufiala o; ne ɖe sia ɖe srɔ̃ nu vɔ la, ɖeko wòanɔ abe eƒe nufiala ene.
41
Ale ke wɔ nèle ati fefee, si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la kpɔm, ke mèbu atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ŋu o?
42
Ale ke lawɔ nàte ŋu agblɔ na nɔviwò be: ‘Nɔvi, na maɖe ati fefee la le ŋku dzi na wò, esi mèle atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya kpɔm o? Wò alakpatɔ, ɖe atikpoa ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie, ate ŋu aɖe ati fefee la ɖa le ŋku dzi na nɔviwò.”
43
“Ati nyui aɖeke metsea ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo aɖeke hã metsea ku nyui o.
44
Ati sia ati ƒe kutsetsee wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye. Womegbea gbo le srẽ dzi o, eye nenema ke womegbea wainkpowo le aŋɔka dzi o.
45
Ame nyui la, nu nyui siwo wòdzra ɖo ɖe eƒe dzime la mee wòɖea nu nyuiwo ɖe go tsonɛ, ke ame vɔ̃ɖi la, nu baɖa siwo wòdzra ɖo ɖe eƒe dzime la mee wòɖea nuvɔ̃ɖiwo ɖe go tsonɛ. Elabe nu si yɔ ame ƒe dzime taŋ lae eƒe nu gblɔna.”
46
“Nu ka ta miele yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ gake miewɔa nu si megblɔ na mi la o?
47
Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nyawo hewɔa wo dzi la, mafia ame si wòɖi la mi.
48
Eɖi ame aɖe, si di be yeatu xɔ. Eɖe do wògoglo, eye wòɖo xɔa gɔme anyi ɖe kpe dzi. Tɔ ɖɔ, eye ahom tu va lɔ xɔ la, ke memu o, elabe wotui nyuie.
49
Ke ame si se nye nyawo, eye mewɔ wo dzi o la, le abe ame aɖe, si tu eƒe xɔ ɖe ke me, eye gɔmeɖoɖo meli nɛ o la ene. Esi tɔ ɖɔ va lɔ xɔa la, emu enumake dze anyi hekaka keŋkeŋ.”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24